< Ʋɔnudrɔ̃lawo 16 >

1 Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ.
Then went Samson to Gaza, and saw there an harlot, and went in unto her.
2 Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedzem ko la, míakpɔe alée, awui.”
And it was told the Gazites, saying, Samson has come here. And they compassed him in, and laid wait for him all night in the gate of the city, and were quiet all the night, saying, In the morning, when it is day, we shall kill him.
3 Samson mlɔ anyi kple gbolo la va se ɖe zãtitina. Efɔ heyi dua ƒe agbo la gbɔ. Eho agbo la kple eƒe atiwo le tome kpe ɖe gametiawo ŋu, tsɔ wo ɖe abɔta heyi ɖada ɖe to aɖe tame le Hebron ƒe akpa kɛme.
And Samson lay till midnight, and arose at midnight, and took the doors of the gate of the city, and the two posts, and went away with them, bar and all, and put them upon his shoulders, and carried them up to the top of an hill that is before Hebron.
4 Azɔ la, Samson dze ahiã ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Delila ame si nɔ Sorek ƒe balime.
And it came to pass afterward, that he loved a woman in the valley of Sorek, whose name was Delilah.
5 Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo katã va yi Ɖelila gbɔ, eye wobia tso esi be wòable Samson nu ne wòagblɔ eƒe ŋusẽ ƒe dzɔtsoƒe nɛ ne wòava gblɔ na yewo ale be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi alée, ablae awɔ fui. Ne ete ŋu wɔ nenema la, ekema yewo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa ɖeka anae.
And the lords of the Philistines came up unto her, and said unto her, Entice him, and see wherein his great strength lies, and by what means we may prevail against him, that we may bind him to afflict him; and we will give you every one of us eleven hundred pieces of silver.
6 Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!”
And Delilah said to Samson, Tell me, I pray you, wherein your great strength lies, and wherewith you might be bound to afflict you.
7 Samson gblɔ nɛ be, “Ne woablam kple datimeka yeye adre la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”
And Samson said unto her, If they bind me with seven green withes that were never dried, then shall I be weak, and be as another man.
8 Ale wotsɔ datimeka yeye adre na Ɖelila eye esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila blae kple ka adreawo,
Then the lords of the Philistines brought up to her seven green withes which had not been dried, and she bound him with them.
9 le esime ŋutsu aɖewo be ɖe xɔ evelia me. Esi Ɖelila blae vɔ ko la, edo ɣli sesĩe be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson tso kaawo enumake abe ale si dzo lãa ɖetikawo ene. Ale womenya nu si tututu mee eƒe ŋusẽ triakɔ la le o.
Now there were men lying in wait, abiding with her in the chamber. And she said unto him, The Philistines be upon you, Samson. And he brake the withes, as a thread of tow is broken when it touches the fire. So his strength was not known.
10 Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!”
And Delilah said unto Samson, Behold, you have mocked me, and told me lies: now tell me, I pray you, wherewith you might be bound.
11 Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”
And he said unto her, If they bind me fast with new ropes that never were occupied, then shall I be weak, and be as another man.
12 Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Delila tsɔ ka yeyewo blae. Ŋutsuwo gabe ɖe xɔ evelia me abe tsã ene eye Ɖelila do ɣli be, “Samson, Filistitɔwo va be yewoalé wò!” Samson tso kaawo abe yiyiɖɔ ƒe kawoe wonye ene!
Delilah therefore took new ropes, and bound him therewith, and said unto him, The Philistines be upon you, Samson. And there were hidden attackers in wait abiding in the chamber. And he brake them from off his arms like a thread.
13 Delila gagblɔ nɛ be, “Ɖeko nègatsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene, gblɔ ale si woate ŋu alé wòe la nam azɔ.” Samson gblɔ be, “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adreawo abe ale si wolɔ̃a avɔe ene la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila lɔ̃ ɖakɔ adreawo
And Delilah said unto Samson, Until now you have mocked me, and told me lies: tell me wherewith you might be bound. And he said unto her, If you weave the seven locks of my head with the web.
14 eye wòtsɔ ɖalénu lée. Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ eye wòtu ɖa babla la.
And she fastened it with the pin, and said unto him, The Philistines be upon you, Samson. And he awaked out of his sleep, and went away with the pin of the beam, and with the web.
15 Ɖelila fa konyi be, “Aleke nàte ŋu agblɔ be yelɔ̃m gake màte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣla nam o? Èblem zi etɔ̃ sɔŋ eye mègblɔ afi si wò ŋusẽ le la nam o!”
And she said unto him, How can you say, I love you, when your heart is not with me? you have mocked me these three times, and have not told me wherein your great strength lies.
16 Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu.
And it came to pass, when she pressed him daily with her words, and urged him, so that his soul was vexed unto death;
17 Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”
That he told her all his heart, and said unto her, There has not come a razor upon mine head; for I have been a Nazarite unto God from my mother's womb: if I be shaven, then my strength will go from me, and I shall become weak, and be like any other man.
18 Delila dze sii bena egblɔ nyateƒe la na ye mlɔeba eya ta wòɖo du ɖe Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo. Egblɔ na wo be, “Migava zi ɖeka ko elabena azɔ ya la, egblɔ nya sia nya nam.” Tete Filisitɔwo ƒe amegãwo va eye wotsɔ klosalo ɖe asi.
And when Delilah saw that he had told her all his heart, she sent and called for the lords of the Philistines, saying, Come up this once, for he has showed me all his heart. Then the lords of the Philistines came up unto her, and brought money in their hand.
19 Ɖelila ble Samson nu wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe atata. Eyɔ ame aɖe vɛ, wòko Samson ƒe ɖakɔ adreawo nɛ, ale Samson de asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ dzo. Ɖelila de asi kɔtutui me elabena ekpɔ be eƒe ŋusẽ dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ.
And she made him sleep upon her knees; and she called for a man, and she caused him to shave off the seven locks of his head; and she began to afflict him, and his strength went from him.
20 Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o.
And she said, The Philistines be upon you, Samson. And he awoke out of his sleep, and said, I will go out as at other times before, and shake myself. And he knows not that the LORD was departed from him.
21 Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene.
But the Philistines took him, and put out his eyes, and brought him down to Gaza, and bound him with fetters of brass; and he did grind in the prison house.
22 Ke sẽe ko la, eƒe ɖa gade asi toto me.
Nevertheless the hair of his head began to grow again after he was shaven.
23 Azɔ la, Filistitɔwo ƒe dukplɔlawo ƒo ƒu be yewoasa vɔ na Dagon, woƒe mawu eye yewoaɖu ŋkekenyui elabena wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ Samson, míaƒe futɔ, de asi na mí.”
Then the lords of the Philistines gathered them together in order to offer a great sacrifice unto Dagon their god, and to rejoice: for they said, Our god has delivered Samson our enemy into our hand.
24 Esi ameawo kpɔe la, wokafu woƒe mawu eye wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ míaƒe futɔ la de asi na mí, ame si gblẽ míaƒe anyigba eye wòwu mía dometɔ geɖewo.”
And when the people saw him, they praised their god: for they said, Our god has delivered into our hands our enemy, and the destroyer of our country, which slew many of us.
25 Wain si wono la na wokpɔ dzidzɔ eye wogblɔ be, “Miyɔ Samson ɖa wòava ɖe modzaka na mí.” Ale wokplɔe tso gaxɔ la me eye wòva ɖe modzaka na wo le Dagon subɔƒe. Esime wònɔ sɔti eve siwo tsɔ xɔgbagba la dome la,
And it came to pass, when their hearts were merry, that they said, Call for Samson, that he may make us sport. And they called for Samson out of the prison house; and he made them sport: and they set him between the pillars.
26 Samson gblɔ na ɖekakpui si lé eƒe alɔnu le ekplɔm la be, “Tsɔ nye asiwo ɖo sɔti eveawo ŋu. Medi be maziɔ ɖe wo ŋu ne madzudzɔ sẽe.”
And Samson said unto the lad that held him by the hand, Suffer me that I may feel the pillars whereupon the house stands, that I may lean upon them.
27 Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm.
Now the house was full of men and women; and all the lords of the Philistines were there; and there were upon the roof about three thousand men and women, that beheld while Samson made sport.
28 Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, “Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka pɛ ko ta.”
And Samson called unto the LORD, and said, O Lord God, remember me, I pray you, and strengthen me, I pray you, only this once, O God, that I may be at once avenged of the Philistines for my two eyes.
29 Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe
And Samson took hold of the two middle pillars upon which the house stood, and on which it was borne up, of the one with his right hand, and of the other with his left.
30 le esime wòdo gbe ɖa be, “Na maku kple Filistitɔ siawo.” Tete gbedoxɔ la ƒe dzisasã ge dze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple ameawo katã dzi eye woku. Ale ame siwo Samson wu le eƒe kuɣi la sɔ gbɔ wu ame siwo wòwu le eƒe agbenɔɣi blibo la me.
And Samson said, Let me die with the Philistines. And he bowed himself with all his might; and the house fell upon the lords, and upon all the people that were therein. So the dead which he slew at his death were more than they which he slew in his life.
31 Le esiawo megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va be woaxɔ eƒe kukua, wokɔe yi eƒe anyigba dzi eye woɖii ɖe Zora kple Estaol dome, afi si woɖi fofoa, Manoa ɖo. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe blaeve.
Then his brethren and all the house of his father came down, and took him, and brought him up, and buried him between Zorah and Eshtaol in the buryingplace of Manoah his father. And he judged Israel twenty years.

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 16 >