< Yoel 2 >

1 Miku kpẽ le Zion! Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be woasee le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ. 2 Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o! 3 Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o. 4 Wodzena abe sɔwo ene eye woƒua du abe sɔdolawo ene. 5 Wole kpo tim le towo tame, woƒe afɔziwo le ɖiɖim abe tasiaɖamwo tɔ ene eye abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene. Wole du ƒum abe asrafo kalẽtɔwoe le du dzi yina ɖe aʋa ene. 6 Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta. 7 Wozɔ yi ŋgɔ kple kalẽ abe aʋawɔlawo ene eye woflɔ gliawo abe asrafowo ene. Wo katã yi ŋgɔgbe eye ɖeke meto miame alo ɖusime o. 8 Ɖeke mebe ɖe nɔvia xa o. Ame sia ame le enɔƒe pɛpɛpɛ Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo ŋu o. 9 Wo katã lũ ɖe du la dzi; woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene. 10 Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o. 11 Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu? 12 “Eya ta Yehowa be, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ, kple miaƒe dzi blibo. Miva kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa.’” 13 Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o. Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu, elabena amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi. Medoa dziku kabakaba o, eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o. 14 Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu eye wòagblẽ yayra ɖi na mí? Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la. 15 Miku kpẽ le Zion! Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. 16 Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me. 17 Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’” 18 Ekema Yehowa aʋã ŋu ɖe dukɔ la nu, eye wòakpɔ nublanui na eƒe amewo. 19 Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o. 20 “Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe. 21 Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò. 22 Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene. Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo agatse kplanyaa abe tsã ene. 23 O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa, miaƒe Mawu la me! Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi. Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ. 24 Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, eye wain kple ami asɔ gbɔ ɖe nudzraɖoƒewo. 25 “Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu. 26 Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o. 27 Mianyae be mele afii le nye dukɔ Israel dome, eye mianyae hã be nye Yehowa, ɖeka hɔ̃ɔ koe nye miaƒe Mawu. Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o. 28 “Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. 29 Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me 30 eye mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi, siwo anye ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ. 31 Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã, dziŋɔ la nava ɖo. 32 Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, akpɔ ɖeɖe eye xɔname anɔ Zion towo dzi kple Yerusalem kple ame siwo Aƒetɔ yɔ la dome abe ale si Aƒetɔ la do ŋugbee la ene.

< Yoel 2 >