< Yoel 2 >

1 Miku kpẽ le Zion! Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be woasee le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ.
Zadmijcie w trąbę na Syjonie, krzyczcie na mojej świętej górze! Niech zadrżą wszyscy mieszkańcy ziemi, bo nadchodzi dzień PANA, bo już [jest] bliski;
2 Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!
Dzień ciemności i mroku, dzień obłoku i chmury, jak zorza ranna rozciągnięta po górach. Lud wielki i potężny, któremu równego nie było od wieków i po nim nigdy nie będzie aż do lat najdalszych pokoleń.
3 Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o.
Przed jego obliczem ogień pożerający, a za nim płomień palący. Ta ziemia [jest] przed nim jak ogród Eden, ale po nim będzie opustoszałe pustkowie – przed nim nie ujdzie nikt.
4 Wodzena abe sɔwo ene eye woƒua du abe sɔdolawo ene.
Ich wygląd jest podobny do wyglądu koni i pobiegną jak jeźdźcy.
5 Wole kpo tim le towo tame, woƒe afɔziwo le ɖiɖim abe tasiaɖamwo tɔ ene eye abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene. Wole du ƒum abe asrafo kalẽtɔwoe le du dzi yina ɖe aʋa ene.
Po wierzchołkach gór będą skakać jak grzmot rydwanów, jak szum płomienia ognia, co pożera ściernisko, jak lud potężny uszykowany do bitwy.
6 Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta.
Na ich widok narody się zlękną, wszystkie [ich] twarze poczernieją jak garnek.
7 Wozɔ yi ŋgɔ kple kalẽ abe aʋawɔlawo ene eye woflɔ gliawo abe asrafowo ene. Wo katã yi ŋgɔgbe eye ɖeke meto miame alo ɖusime o.
Pobiegną jak wojownicy, wedrą się na mury jak waleczni wojownicy; każdy z nich pójdzie swoją drogą, a nie zboczą ze swoich ścieżek.
8 Ɖeke mebe ɖe nɔvia xa o. Ame sia ame le enɔƒe pɛpɛpɛ Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo ŋu o.
Jeden drugiego nie ściśnie, każdy pójdzie swoją drogą. A choć i na miecz upadną, nie będą zranieni.
9 Wo katã lũ ɖe du la dzi; woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene.
Po mieście będą chodzić, po murze [będą] biegać, wdrapią się na domy i wejdą oknami jak złodziej.
10 Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o.
Przed nimi zadrży ziemia, niebiosa się poruszą, słońce i księżyc będą zaćmione, a gwiazdy stracą swój blask.
11 Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
A PAN wyda swój głos przed swoim wojskiem, gdyż jego obóz jest ogromny, gdyż mocny [jest] ten, który wykonuje jego słowo. Wielki jest bowiem dzień PANA i bardzo straszliwy! Któż go zniesie?
12 “Eya ta Yehowa be, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ, kple miaƒe dzi blibo. Miva kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa.’”
Dlatego jeszcze [i] teraz, mówi PAN, wróćcie do mnie całym swym sercem, w poście, płaczu i w lamencie.
13 Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o. Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu, elabena amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi. Medoa dziku kabakaba o, eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o.
Rozdzierajcie swoje serca, a nie swoje szaty, i nawróćcie się do PANA, waszego Boga, bo on jest łaskawy i miłosierny, nieskory do gniewu i hojny w miłosierdzie i żałuje nieszczęścia.
14 Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu eye wòagblẽ yayra ɖi na mí? Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la.
Któż wie, czy nie zawróci i nie będzie mu żal, i nie zostawi po sobie błogosławieństwa [na] ofiarę z pokarmów i z płynów dla PANA, swego Boga?
15 Miku kpẽ le Zion! Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ.
Zadmijcie w trąbę na Syjonie, ogłoście święty post, zwołajcie zgromadzenie.
16 Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me.
Zgromadźcie lud, poświęćcie zgromadzenie, zbierzcie starców, zbierzcie dzieci i [niemowlęta] ssące piersi. Niech oblubieniec wyjdzie ze swojej izby, a oblubienica ze swojej komnaty.
17 Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’”
Niech kapłani, słudzy PANA, płaczą między przedsionkiem a ołtarzem i [niech] mówią: Przepuść, PANIE, swemu ludowi i nie wydawaj swego dziedzictwa na pohańbienie, aby poganie nad nimi nie panowali. Czemu mieliby mówić wśród narodów: Gdzie jest ich Bóg?
18 Ekema Yehowa aʋã ŋu ɖe dukɔ la nu, eye wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.
Wtedy PAN będzie zazdrosny o swoją ziemię i zlituje się nad swoim ludem.
19 Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.
I PAN odezwie się, i powie do swego ludu: Oto ześlę wam zboże, moszcz i oliwę i nasycicie się nimi, a już nie wydam was na pohańbienie pośród pogan.
20 “Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.
Oddalę od was północne [wojsko] i zapędzę je do ziemi suchej i spustoszonej. Przednia jego straż [obróci się] ku morzu wschodniemu, a jego tylna straż – ku morzu zachodniemu; i rozejdzie się jego smród i zgnilizna, bo postępował wyniośle.
21 Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.
Nie bój się, ziemio! Ciesz się i raduj, bo PAN uczyni wielkie rzeczy.
22 Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene. Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo agatse kplanyaa abe tsã ene.
Nie bójcie się, polne zwierzęta, bo zarosło pastwisko na pustyni, a drzewa wydają swoje owoce, drzewo figowe i winorośl wydają swoją moc.
23 O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa, miaƒe Mawu la me! Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi. Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ.
I wy, synowie Syjonu, cieszcie się i radujcie w PANU, waszym Bogu. Da wam bowiem deszcz wczesny i ześle wam deszcz jesienny i wiosenny, jak dawniej.
24 Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, eye wain kple ami asɔ gbɔ ɖe nudzraɖoƒewo.
I spichlerze będą napełnione zbożem, a tłocznie będą opływać moszczem i oliwą.
25 “Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.
W ten sposób wynagrodzę wam lata zjedzone przez szarańczę, larwę, robactwo i gąsienicę, moje wielkie wojsko, które wysyłałem na was.
26 Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o.
Wtedy będziecie jeść obficie i będziecie nasyceni; będziecie chwalić imię PANA, swego Boga, który uczynił wam cudowne rzeczy, a mój lud nigdy nie będzie pohańbiony.
27 Mianyae be mele afii le nye dukɔ Israel dome, eye mianyae hã be nye Yehowa, ɖeka hɔ̃ɔ koe nye miaƒe Mawu. Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.
I dowiecie się, że ja jestem wśród Izraela, że ja jestem PAN, wasz Bóg, i że nie ma żadnego innego; a mój lud nigdy nie będzie pohańbiony.
28 “Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
I stanie się potem, że wyleję swojego Ducha na wszelkie ciało, i będą prorokować wasi synowie i wasze córki, wasi starcy będą mieć sny, a wasi młodzieńcy – widzenia.
29 Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me
Nawet na sługi i służebnice wyleję w tych dniach swojego Ducha.
30 eye mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi, siwo anye ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.
I ukażę cuda na niebie i na ziemi, krew, ogień i kłęby dymu.
31 Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã, dziŋɔ la nava ɖo.
Słońce zamieni się w ciemność, a księżyc w krew, zanim nadejdzie dzień PANA, wielki i straszny.
32 Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, akpɔ ɖeɖe eye xɔname anɔ Zion towo dzi kple Yerusalem kple ame siwo Aƒetɔ yɔ la dome abe ale si Aƒetɔ la do ŋugbee la ene.
I stanie się, że każdy, kto wezwie imienia PANA, zostanie wybawiony, bo na górze Syjon i w Jerozolimie będzie wybawienie, jak powiedział PAN, [to jest] w resztkach, które PAN powoła.

< Yoel 2 >