< Hiob 6 >

1 Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be, 2 “Ne ɖe woada nye vevesese eye woada nye fukpekpewo ɖe nudanu me ɖe! 3 Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o. 4 Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye. 5 Ɖe gbetedzi xlɔ̃na ne ele gbe mumu gbɔ alo nyi xlɔ̃na ne wotsɔ gbe ƒuƒu nɛ be wòaɖua? 6 Ɖe woaɖu nu vɔvɔ dzemademee alo ɖe koklozi ƒe ɣia vivinaa? 7 Megbe be nyemaɖui o, nuɖuɖu mawo tɔgbi ɖe wònana medzea dɔ. 8 “O, ne ɖe woana nu si mebia lam, ne Mawu ɖe wòana nu si mele mɔ kpɔm na lam, 9 ne Mawu ɖe wòalɔ̃ agbãm gudugudu eye wòaɖe ka eƒe asi ɖe dzinye, ahawum ɖe! 10 Ekema esia aganye akɔfafa nam ko kple nye dzidzɔ le vevesese si nu mele tsotsom o la me be, nyemagbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o. 11 “Ŋusẽ kae gale asinye be maganɔ mɔ kpɔm? Mɔnukpɔkpɔ kawoe gali ta magbɔ dzi ɖi? 12 Kpe ƒe ŋusẽe le asinyea? Akɔblie nye nye ŋutilãa? 13 Ɖe ŋusẽ aɖe le asinye be makpe ɖe ɖokuinye ŋu, esi azɔ la wonya dzidzedzekpɔkpɔ ɖa le ŋunyea? 14 “Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã. 15 Ke womate ŋu aɖo dzi ɖe nɔvinye ŋutsuwo ŋu o elabena wole abe tɔʋu si miena le kuɖiɣi ene alo abe tɔʋu si ɖɔna gbagbana, 16 ne tsikpe si le ete doe ɖe dzi, ne sno si dza ɖe edzi la lolo hena wòsɔ gbɔ ɖe edzi 17 gake eƒe sisi nu tsona ne kuɖiɣi ɖo eye dzoxɔxɔ nana wòmiena la ene. 18 Asihawo ɖea asi le woƒe mɔwo ŋu hedzea gbe toa tagba eye wokuna ɖe mɔ dzi. 19 Asiha siwo tso Tema la le tsi dim, asigbedela siwo tso Seba la le mɔ kpɔm. 20 Ke woƒe dzi tsi dzi elabena kakaɖedzi nɔ wo si hafi gake esi wova ɖo afi ma la, ŋukpe ko woɖu. 21 Azɔ miawo hã mieɖee fia be, mienye ŋudɔwɔnu aɖeke o, miekpɔ nu si ŋu ŋɔdzi le eye mievɔ̃. 22 Ɖe megblɔ kpɔ be, ‘Mina nane ɖe nunye, mixe fe ɖe tanye tso miaƒe kesinɔnuwo me, 23 miɖem le ketɔ la ƒe asi me alo mixɔm le ŋutasẽla ƒe fegomea?’ 24 “Mifia num eye mazi ɖoɖoe; mifia afi si meda ƒu le lam. 25 Aleke nyateƒenyawo mehe venae o! Ke nu ka miaƒe nyahehewo ɖe fia? 26 Ɖe miedi be yewoaɖɔ nya si megblɔ la ɖo eye miawɔ ame si ƒo dzi ɖe le la ƒe nyawo abe yaƒoƒo enea? 27 Miadzidze nu gɔ̃ hã ɖe tsyɔ̃eviwo dzi eye miatsɔ mia xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã aɖɔli nue. 28 “Azɔ la, minyo dɔ me miatrɔ mo ɖe gbɔnye, ɖe mate ŋu ada alakpa le mia ŋkumea? 29 Miɖe asi, migawɔ nu madzɔmadzɔ o migbugbɔ bu eŋuti elabena nye nuteƒewɔwɔ ɖo xaxa me. 30 Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖe le nye nuyiwo dzia? Ɖe nye nu made dzesi beble oa?”

< Hiob 6 >