< Hiob 33 >

1 “Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo, eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu.
So now, Job, I beg you, hear my speech; listen to all my words.
2 Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge eye nye nyawo le nye aɖe nu.
See now, I have opened my mouth; my tongue has spoken in my mouth.
3 Nye nyawo tso dzi vavã me eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.
My words come from the uprightness of my heart; my lips speak pure knowledge.
4 Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye,
The Spirit of God has made me; the breath of the Almighty has given me life.
5 eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui, dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim.
If you can, answer me; set your words in order before me and stand up.
6 Ɖeko mele abe wò ene le Mawu ŋkume, nye hã anyi mee woɖem tsoe.
See, I am just as you are in God's sight; I also have been formed out of the clay.
7 Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò alo nye asi nakpe le dziwò o.
See, terror of me will not make you afraid; neither will my pressure be heavy upon you.
8 “Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be,
You have certainly spoken in my hearing; I have heard the sound of your words saying,
9 ‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o, ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me.
'I am clean and without transgression; I am innocent, and there is no sin in me.
10 Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye, eye wòbum eƒe futɔe.
See, God finds opportunities to attack me; he regards me as his enemy.
11 Etsɔ nye afɔ de kunyowu me eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’
He puts my feet in stocks; he watches all my paths.'
12 “Gake magblɔe na wo be, le esia me ya, tɔwò medzɔ o, elabena Mawu lolo wu amegbetɔ.
See, in this you are not right—I will answer you, for God is greater than man.
13 Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be, meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?
Why do you struggle against him? He does not account for any of his doings.
14 Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã.
For God speaks once— yes, twice, though man does not notice it.
15 Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me, ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,
In a dream, in a vision of the night, when deep sleep falls upon men, in slumber on the bed—
16 ava ƒo nu ɖe to me na wo, atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,
then God opens the ears of men, and frightens them with threats,
17 be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me eye wòaɖee tso dada me,
in order to pull man back from his sinful purposes, and keep pride from him.
18 ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o.
God keeps man's life back from the pit, his life from crossing over to death.
19 “Alo eƒoa ame le dɔbadzi kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,
Man is punished also with pain on his bed, with constant agony in his bones,
20 ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã.
so that his life abhors food, and his soul abhors delicacies.
21 Eƒe ŋutilã vɔ le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu lã nɔ tehetehe la dze go azɔ.
His flesh is consumed away so that it cannot be seen; his bones, once not seen, now stick out.
22 Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe, eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me.
Indeed, his soul draws close to the pit, his life to those who wish to destroy it.
23 Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene, ɖeka le akpe dome, be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ,
But if there is an angel who can be a mediator for him, a mediator, one from among the thousands of angels, to show him what is right to do,
24 heve enu, gblɔ nɛ be, ‘Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o elabena mekpɔ avulénu nɛ’ la,
and if the angel is kind to him and says to God, 'Save this person from going down to the pit; I have found a ransom for him,'
25 tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.
then his flesh will become fresher than a child's; he will return to the days of his youthful strength.
26 Edoa gbe ɖa na Mawu eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ, ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli, ale Mawu gaɖonɛ te, be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã.
He will pray to God, and God will be kind to him, so that he sees God's face with joy. God will give the person his triumph.
27 Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be, ‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.
Then that person will sing in front of other people and say, 'I sinned and perverted that which was right, but my sin was not punished.
28 Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me, eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’
God has rescued my soul from going down into the pit; my life will continue to see light.'
29 “Mawu wɔa nu siawo katã na ame, zi eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã,
See, God does all these things with a person, twice, yes, even three times,
30 be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe, be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.
to bring his soul back from the pit, so that he may be enlightened with the light of life.
31 “Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom, zi ɖoɖoe, ne maƒo nu.
Pay attention, Job, and listen to me; be silent and I will speak.
32 Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam, elabena medi be wòatso na wò.
If you have anything to say, answer me; speak, for I wish to prove that you are in the right.
33 Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom, zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”
If not, then listen to me; remain silent, and I will teach you wisdom.”

< Hiob 33 >