< Hiob 32 >

1 Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume. 2 Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta. 3 Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe. 4 Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui. 5 Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi. 6 Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be, “Nyemetsi o, mienye xoxo nam eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu do dzi gblɔ nu si menya la na mi o. 7 Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu eye ƒe geɖe nefia nunya.’ 8 Gake gbɔgbɔ si le ame me, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee. 9 Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o. 10 “Eya ta megblɔ be, Miɖo tom, nye hã magblɔ nu si menya la na mi. 11 Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom, meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo kple ale si nya vɔ le mia si eye mienɔ nya si miagblɔ la dim. 12 Meɖo to mi nyuie gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖee fia be Hiob dze agɔ o eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo eƒe nyahehewo ŋu o. 13 Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o, Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’ 14 Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o. 15 “Woƒe mo wɔ yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o eye gbɔgblɔ bu ɖe wo. 16 Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea? 17 Nye hã magblɔ tɔnye sinua; nye hã magblɔ nu si menya 18 elabena nya le asinye fũu, eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim. 19 Elabena le menye la, mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene eye abe wainlãgbalẽgolo si le klalo na gbagbã ene. 20 Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe, ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu. 21 Nyemade ame aɖeke dzi alo aflu ame aɖeke o 22 elabena ne mebi le amefuflu me la, nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie.

< Hiob 32 >