< Hiob 25 >

1 Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be, 2 “Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo. 3 Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o? 4 Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe? 5 Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la, 6 aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!”

< Hiob 25 >