< Hiob 13 >

1 “Nye ŋkuwo kpɔ nu siawo katã, nye towo se wo eye wose wo gɔme. 2 Nu si nènya la, nye hã menyae, mède ŋgɔ wum o. 3 Gake medi vevie be maƒo nu kple Ŋusẽkatãtɔ la eye mahe nya kple Mawu. 4 Ke miawo la, miele ŋunye gblẽm kple aʋatsonyawo, mi katã mienye gbedala siwo ŋu viɖe aɖeke mele o! 5 Ne mi katã miahaɖo to ɖe! Le mia gbɔ la, esia anye nunya. 6 Mise ɖokuinyenuɖeɖe azɔ, mise nye nuyiwo ƒe kokoƒoƒo. 7 Ɖe miaƒo nu baɖa ɖe Mawu nua? Ɖe miaƒo nu bebletɔe ɖe enua? 8 Ɖe miebe yewoade edzia? Ɖe miebe yewoaxɔ nya ɖe Mawu nua? 9 Anyo na mi ne edo mi kpɔa? Miate ŋu ablee abe ale si miable amewo enea? 10 Le nyateƒe me, aka mo na mi, ne miede edzi le adzame. 11 Ɖe eƒe ŋutikɔkɔe mado ŋɔdzi na mi oa? Ɖe eƒe ŋɔdzi malé mi oa? 12 Miaƒe nya tsitsiwo nye lododo gbɔlowo eye dedinɔnɔ ƒe gli siwo mieɖo la nye anyigliwo ko. 13 “Mizi ɖoɖoe ne miana mɔm maƒo nu, ekema nu si be yeadzɔ ɖe dzinye la nedzɔ. 14 Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome? 15 Togbɔ be ele wu ye ge hã la, matsɔ nye mɔkpɔkpɔ ada ɖe eya amea dzi ko. Le nyateƒe me maʋu go nye mɔwo ɖe ŋkume nɛ. 16 Vavã esia ava zu ɖeɖe nam elabena mawumavɔ̃la aɖeke mate kpɔ be yeado ɖe eŋkume o! 17 Miɖo to miase nye nyawo nyuie, miƒu to anyi miase nu si gblɔ ge mele. 18 Azɔ meɖo nye nyawo ɖe ɖoɖo nu vɔ, menya be tɔnye adzɔ godoo. 19 Ɖe ame aɖe ate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunyea? Ne ame aɖe ate ŋui la, ekema mazi ɖoɖoe aku. 20 “O Mawu, nu eve siawo ko medi be nàwɔ nam, eye nyemaɣla ɖokuinye ɖe wò o. 21 Te wò asi ɖa xaa tso gbɔnye eye nàdzudzɔ vɔvɔ̃dodo nam kple wò ŋɔdzinuwo. 22 Ekema yɔm eye matɔ alo maƒo nu eye nàɖo eŋu. 23 Nu vɔ̃ kple nu gbegblẽ nenie mewɔ? Ɖe nye vodada kple nu vɔ̃ fiam. 24 Nu ka tae nèɣla wò mo eye nèbum wò futɔe? 25 Ɖe nàwɔ funyafunya aŋgba si ya lɔ ɖe nua? Ɖe nàti atsa yomea? 26 Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye. 27 Ède gakɔsɔkɔsɔ nye afɔwo, wò ŋkuwo le nye toƒewo katã ŋu eye nède dzesi nye afɔƒome. 28 “Ale mevɔ le eme abe nu si ƒaƒã alo avɔ si gbagblaʋui ɖu la ene.”

< Hiob 13 >