< Yeremia 5 >

1 “Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo, mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi. Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.
circuite vias Hierusalem et aspicite et considerate et quaerite in plateis eius an inveniatis virum facientem iudicium et quaerentem fidem et propitius ero eius
2 Togbɔ be wogblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la, wole nu tam alakpatɔe kokoko.”
quod si etiam vivit Dominus dixerint et hoc falso iurabunt
3 O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? ȃo wo gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ. Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.
Domine oculi tui respiciunt fidem percussisti eos et non doluerunt adtrivisti eos et rennuerunt accipere disciplinam induraverunt facies suas super petram noluerunt reverti
4 Mebui be, “Ame siawo la, ame dahewo ko wonye. Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo o.
ego autem dixi forsitan pauperes sunt et stulti ignorantes viam Domini iudicium Dei sui
5 Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo; woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.” Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa eye wotu kɔsasawo.
ibo igitur ad optimates et loquar eis ipsi enim cognoverunt viam Domini iudicium Dei sui et ecce magis hii simul confregerunt iugum ruperunt vincula
6 Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi, amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo, eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya, elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.
idcirco percussit eos leo de silva lupus ad vesperam vastavit eos pardus vigilans super civitates eorum omnis qui egressus fuerit ex eis capietur quia multiplicatae sunt praevaricationes eorum confortatae sunt aversiones eorum
7 “Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo? Mia viwo gbem, eye wota mawu siwo menye mawu o togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la, wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me.
super quo propitius tibi esse potero filii tui dereliquerunt me et iurant in his qui non sunt dii saturavi eos et moechati sunt et in domo meretricis luxuriabantur
8 Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene, ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu.
equi amatores et admissarii facti sunt unusquisque ad uxorem proximi sui hinniebat
9 Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?” Yehowae gblɔe.
numquid super his non visitabo dicit Dominus et in gente tali non ulciscetur anima mea
10 “Mige ɖe eƒe waingblewo me eye mialã woƒe wainkawo. Ke migagblẽ wo gbidigbidi o. Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.
ascendite muros eius et dissipate consummationem autem nolite facere auferte propagines eius quia non sunt Domini
11 Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.” Yehowae gblɔe.
praevaricatione enim praevaricata est in me domus Israhel et domus Iuda ait Dominus
12 Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena, “Mawɔ naneke o! Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o.
negaverunt Dominum et dixerunt non est ipse neque veniet super nos malum gladium et famem non videbimus
13 Nyagblɔɖilawo la, ya ko wonye eye nya la mele wo me o, eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.”
prophetae fuerunt in ventum et responsum non fuit in eis haec ergo evenient illis
14 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.”
haec dicit Dominus Deus exercituum quia locuti estis verbum istud ecce ego do verba mea in ore tuo in ignem et populum istum ligna et vorabit eos
15 Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe, mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o, eye mèse egɔme hã o.
ecce ego adducam super vos gentem de longinquo domus Israhel ait Dominus gentem robustam gentem antiquam gentem cuius ignorabis linguam nec intelleges quid loquatur
16 Woƒe daku le abe yɔdo si le nuvo la ene. Wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo.
faretra eius quasi sepulchrum patens universi fortes
17 Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”
et comedet segetes tuas et panem tuum devorabit filios tuos et filias tuas comedet gregem tuum et armenta tua comedet vineam tuam et ficum tuam et conteret urbes munitas tuas in quibus tu habes fiduciam gladio
18 Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o.
verumtamen et diebus illis ait Dominus non faciam vos in consummationem
19 Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’
quod si dixeritis quare fecit Dominus Deus noster nobis haec omnia dices ad eos sicut dereliquistis me et servistis deo alieno in terra vestra sic servietis alienis in terra non vestra
20 “Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe la eye nàdo kpo le Yuda.
adnuntiate hoc domui Iacob et auditum facite in Iuda dicentes
21 ‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo, ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o, ame siwo to li na, gake womesea nu o.’
audi populus stulte qui non habes cor qui habentes oculos non videtis et aures et non auditis
22 Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.
me ergo non timebitis ait Dominus et a facie mea non dolebitis qui posui harenam terminum mari praeceptum sempiternum quod non praeteribit et commovebuntur et non poterunt et intumescent fluctus eius et non transibunt illud
23 Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ, dzeaglãe li na wo. Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’
populo autem huic factum est cor incredulum et exasperans recesserunt et abierunt
24 Womegblɔna na wo nɔewo be, ‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la, ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe kɔsiɖawo dzi na mí’ la o.
et non dixerunt in corde suo metuamus Dominum Deum nostrum qui dat nobis pluviam temporaneam et serotinam in tempore suo plenitudinem annuae messis custodientem nobis
25 Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã, eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi.
iniquitates nostrae declinaverunt haec et peccata nostra prohibuerunt bonum a nobis
26 “Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me, ame siwo de xa abe ale si ŋutsu siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene.
quia inventi sunt in populo meo impii insidiantes quasi aucupes laqueos ponentes et pedicas ad capiendos viros
27 Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la, nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble. Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo,
sicut decipula plena avibus sic domus eorum plenae dolo ideo magnificati sunt et ditati
28 eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã. Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o, womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o, eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”
incrassati sunt et inpinguati et praeterierunt sermones meos pessime causam non iudicaverunt causam pupilli non direxerunt et iudicium pauperum non iudicaverunt
29 Yehowa be, “Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?
numquid super his non visitabo dicit Dominus aut super gentem huiuscemodi non ulciscetur anima mea
30 “Ŋɔdzinu kple dzigbãnu aɖe dzɔ le anyigba dzi.
stupor et mirabilia facta sunt in terra
31 Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”
prophetae prophetabant mendacium et sacerdotes adplaudebant manibus suis et populus meus dilexit talia quid igitur fiet in novissimo eius

< Yeremia 5 >