< Yeremia 38 >

1 Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be,
瑪坦的兒子示法提雅、巴施戶珥的兒子基大利、示利米雅的兒子猶甲、瑪基雅的兒子巴施戶珥聽見耶利米對眾人所說的話,說:
2 “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’
「耶和華如此說:住在這城裏的必遭刀劍、饑荒、瘟疫而死;但出去歸降迦勒底人的必得存活,就是以自己命為掠物的,必得存活。
3 Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’”
耶和華如此說:這城必要交在巴比倫王軍隊的手中,他必攻取這城。」
4 Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.”
於是首領對王說:「求你將這人治死;因他向城裏剩下的兵丁和眾民說這樣的話,使他們的手發軟。這人不是求這百姓得平安,乃是叫他們受災禍。」
5 Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.”
西底家王說:「他在你們手中,無論何事,王也不能與你們反對。」
6 Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me.
他們就拿住耶利米,下在哈米勒的兒子瑪基雅的牢獄裏;那牢獄在護衛兵的院中。他們用繩子將耶利米繫下去。牢獄裏沒有水,只有淤泥,耶利米就陷在淤泥中。
7 Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la,
在王宮的太監古實人以伯‧米勒,聽見他們將耶利米下了牢獄(那時王坐在便雅憫門口),
8 Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena,
以伯‧米勒就從王宮裏出來,對王說:
9 “Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.”
「主-我的王啊,這些人向先知耶利米一味地行惡,將他下在牢獄中;他在那裏必因飢餓而死,因為城中再沒有糧食。」
10 Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.”
王就吩咐古實人以伯‧米勒說:「你從這裏帶領三十人,趁着先知耶利米未死以前,將他從牢獄中提上來。」
11 Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me.
於是以伯‧米勒帶領這些人同去,進入王宮,到庫房以下,從那裏取了些碎布和破爛的衣服,用繩子縋下牢獄去到耶利米那裏。
12 Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema.
古實人以伯‧米勒對耶利米說:「你用這些碎布和破爛的衣服放在繩子上,墊你的胳肢窩。」耶利米就照樣行了。
13 Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
這樣,他們用繩子將耶利米從牢獄裏拉上來。耶利米仍在護衛兵的院中。
14 Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.”
西底家王打發人帶領先知耶利米,進耶和華殿中第三門裏見王。王就對耶利米說:「我要問你一件事,你絲毫不可向我隱瞞。」
15 Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.”
耶利米對西底家說:「我若告訴你,你豈不定要殺我嗎?我若勸戒你,你必不聽從我。」
16 Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.”
西底家王就私下向耶利米說:「我指着那造我們生命之永生的耶和華起誓:我必不殺你,也不將你交在尋索你命的人手中。」
17 Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe.
耶利米對西底家說:「耶和華-萬軍之上帝、以色列的上帝如此說:你若出去歸降巴比倫王的首領,你的命就必存活,這城也不致被火焚燒,你和你的全家都必存活。
18 Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’”
你若不出去歸降巴比倫王的首領,這城必交在迦勒底人手中。他們必用火焚燒,你也不得脫離他們的手。」
19 Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.”
西底家王對耶利米說:「我怕那些投降迦勒底人的猶大人,恐怕迦勒底人將我交在他們手中,他們戲弄我。」
20 Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe.
耶利米說:「迦勒底人必不將你交出。求你聽從我對你所說耶和華的話,這樣你必得好處,你的命也必存活。
21 Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi:
你若不肯出去,耶和華指示我的話乃是這樣:
22 ‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be: “‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò. Wò afɔ ɖo ba, eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’
猶大王宮裏所剩的婦女必都帶到巴比倫王的首領那裏。這些婦女必說: 你知己的朋友催逼你, 勝過你; 見你的腳陷入淤泥中, 就轉身退後了。
23 “Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.”
「人必將你的后妃和你的兒女帶到迦勒底人那裏;你也不得脫離他們的手,必被巴比倫王的手捉住;你也必使這城被火焚燒。」
24 Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku.
西底家對耶利米說:「不要使人知道這些話,你就不至於死。
25 Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la,
首領若聽見了我與你說話,就來見你,問你說:『你對王說甚麼話不要向我們隱瞞,我們就不殺你。王向你說甚麼話也要告訴我們。』
26 ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’”
你就對他們說:『我在王面前懇求不要叫我回到約拿單的房屋死在那裏。』」
27 Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o.
隨後眾首領來見耶利米,問他,他就照王所吩咐的一切話回答他們。他們不再與他說話,因為事情沒有洩漏。
28 Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la. Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:
於是耶利米仍在護衛兵的院中,直到耶路撒冷被攻取的日子。

< Yeremia 38 >