< Yeremia 29 >

1 Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo.
Now these are the words of the letter that Jeremiah the prophet sent from Jerusalem unto the residue of the elders which were carried away captives, and to the priests, and to the prophets, and to all the people whom Nebuchadnezzar had carried away captive from Jerusalem to Babylon;
2 Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe
(After that Jeconiah the king, and the queen, and the eunuchs, the princes of Judah and Jerusalem, and the carpenters, and the smiths, were departed from Jerusalem; )
3 Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be:
By the hand of Elasah the son of Shaphan, and Gemariah the son of Hilkiah, (whom Zedekiah king of Judah sent unto Babylon to Nebuchadnezzar king of Babylon) saying,
4 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia,
Thus says the LORD of hosts, the God of Israel, unto all that are carried away captives, whom I have caused to be carried away from Jerusalem unto Babylon;
5 “Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo.
Build all of you houses, and dwell in them; and plant gardens, and eat the fruit of them;
6 Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o.
Take all of you wives, and brought forth sons and daughters; and take wives for your sons, and give your daughters to husbands, that they may bear sons and daughters; that all of you may be increased there, and not diminished.
7 Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.”
And seek the peace of the city where I have caused you to be carried away captives, and pray unto the LORD for it: for in the peace thereof shall all of you have peace.
8 Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o.
For thus says the LORD of hosts, the God of Israel; Let not your prophets and your diviners, that be in the midst of you, deceive you, neither hearken to your dreams which all of you cause to be dreamed.
9 Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe.
For they prophesy falsely unto you in my name: I have not sent them, says the LORD.
10 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi.
For thus says the LORD, That after seventy years be accomplished at Babylon I will visit you, and perform my good word toward you, in causing you to return to this place.
11 Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi.
For I know the thoughts that I think toward you, says the LORD, thoughts of peace, and not of evil, to give you an expected end.
12 Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi.
Then shall all of you call upon me, and all of you shall go and pray unto me, and I will hearken unto you.
13 Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko.
And all of you shall seek me, and find me, when all of you shall search for me with all your heart.
14 Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe.
And I will be found of you, says the LORD: and I will turn away your captivity, and I will gather you from all the nations, and from all the places where I have driven you, says the LORD; and I will bring you again into the place whence I caused you to be carried away captive.
15 Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.”
Because all of you have said, The LORD has raised us up prophets in Babylon;
16 Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti,
Know that thus says the LORD of the king that sits upon the throne of David, and of all the people that dwells in this city, and of your brethren that are not gone forth with you into captivity;
17 Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene.
Thus says the LORD of hosts; Behold, I will send upon them the sword, the famine, and the pestilence, and will make them like vile figs, that cannot be eaten, they are so evil.
18 Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la.
And I will persecute them with the sword, with the famine, and with the pestilence, and will deliver them to be removed to all the kingdoms of the earth, to be a curse, and an astonishment, and an hissing, and a reproach, among all the nations where I have driven them:
19 Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe.
Because they have not hearkened to my words, says the LORD, which I sent unto them by my servants the prophets, rising up early and sending them; but all of you would not hear, says the LORD.
20 Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem.
Hear all of you therefore the word of the LORD, all you of the captivity, whom I have sent from Jerusalem to Babylon:
21 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume.
Thus says the LORD of hosts, the God of Israel, of Ahab the son of Kolaiah, and of Zedekiah the son of Maaseiah, which prophesy a lie unto you in my name; Behold, I will deliver them into the hand of Nebuchadrezzar king of Babylon; and he shall slay them before your eyes;
22 Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’
And of them shall be taken up a curse by all the captivity of Judah which are in Babylon, saying, The LORD make you like Zedekiah and like Ahab, whom the king of Babylon roasted in the fire;
23 Elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo eye woka aʋatso le nye ŋkɔ me, evɔ nyemegblɔe na wo be wonewɔ nenema o. Menya eye menye ɖasefo nɛ.” Yehowae gblɔe.
Because they have committed villainy in Israel, and have committed adultery with their neighbours' wives, and have spoken lying words in my name, which I have not commanded them; even I know, and am a witness, says the LORD.
24 Gblɔ na Semaya, Nehelamitɔ be,
Thus shall you also speak to Shemaiah the Nehelamite, saying,
25 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be,
Thus speaks the LORD of hosts, the God of Israel, saying, Because you have sent letters in your name unto all the people that are at Jerusalem, and to Zephaniah the son of Maaseiah the priest, and to all the priests, saying,
26 ‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ.
The LORD has made you priest in the position of Jehoiada the priest, that all of you should be officers in the house of the LORD, for every man that is mad, and makes himself a prophet, that you should put him in prison, and in the stocks.
27 Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o?
Now therefore why have you not reproved Jeremiah of Anathoth, which makes himself a prophet to you?
28 Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’”
For therefore he sent unto us in Babylon, saying, This captivity is long: build all of you houses, and dwell in them; and plant gardens, and eat the fruit of them.
29 Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia.
And Zephaniah the priest read this letter in the ears of Jeremiah the prophet.
30 Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
Then came the word of the LORD unto Jeremiah, saying,
31 “Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,”
Send to all them of the captivity, saying, Thus says the LORD concerning Shemaiah the Nehelamite; Because that Shemaiah has prophesied unto you, and I sent him not, and he caused you to trust in a lie:
32 ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’” Yehowae gblɔe.
Therefore thus says the LORD; Behold, I will punish Shemaiah the Nehelamite, and his seed: he shall not have a man to dwell among this people; neither shall he behold the good that I will do for my people, says the LORD; because he has taught rebellion against the LORD.

< Yeremia 29 >