< Yeremia 23 >

1 Yehowa be, “Baba na alẽkplɔla siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la vuvum hele wo kakam!”
Woe be unto the pastors that destroy and scatter the sheep of my pasture! says the LORD.
2 Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe.
Therefore thus says the LORD God of Israel against the pastors that feed my people; All of you have scattered my flock, and driven them away, and have not visited them: behold, I will visit upon you the evil of your doings, says the LORD.
3 “Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le.
And I will gather the remnant of my flock out of all countries where I have driven them, and will bring them again to their folds; and they shall be fruitful and increase.
4 Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe.
And I will set up shepherds over them which shall feed them: and they shall fear no more, nor be dismayed, neither shall they be lacking, says the LORD.
5 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.
Behold, the days come, says the LORD, that I will raise unto David a righteous Branch, and a King shall reign and prosper, and shall execute judgment and justice in the earth.
6 Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ: Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.
In his days Judah shall be saved, and Israel shall dwell safely: and this is his name whereby he shall be called, THE LORD OUR RIGHTEOUSNESS.
7 “Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o.
Therefore, behold, the days come, says the LORD, that they shall no more say, The LORD lives, which brought up the children of Israel out of the land of Egypt;
8 Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
But, The LORD lives, which brought up and which led the seed of the house of Israel out of the north country, and from all countries where I had driven them; and they shall dwell in their own land.
9 Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom. Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene, le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta.
Mine heart within me is broken because of the prophets; all my bones shake; I am like a drunken man, and like a man whom wine has overcome, because of the LORD, and because of the words of his holiness.
10 Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe siwo katã le gbegbe la hã yrɔ; elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to mɔ madzɔmadzɔwo dzi.
For the land is full of adulterers; for because of swearing the land mourns; the pleasant places of the wilderness are dried up, and their course is evil, and their force is not right.
11 “Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la, mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.” Yehowae gblɔe.
For both prophet and priest are profane; yea, in my house have I found their wickedness, says the LORD.
12 “Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me eye woadze anyi ɖe afi ma. Mahe gbegblẽ ava wo dzi le ƒe si me mahe to na wo.” Yehowae gblɔe.
Wherefore their way shall be unto them as slippery ways in the darkness: they shall be driven on, and fall therein: for I will bring evil upon them, even the year of their visitation, says the LORD.
13 “Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila siwo le Samaria la dome. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.
And I have seen folly in the prophets of Samaria; they prophesied in Baal, and caused my people Israel to go astray.
14 Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”
I have seen also in the prophets of Jerusalem an horrible thing: they commit adultery, and walk in lies: they strengthen also the hands of evildoers, that none does return from his wickedness; they are all of them unto me as Sodom, and the inhabitants thereof as Gomorrah.
15 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi: “Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be, mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”
Therefore thus says the LORD of hosts concerning the prophets; Behold, I will feed them with wormwood, and make them drink the water of gall: for from the prophets of Jerusalem is profaneness gone forth into all the land.
16 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm Nyagblɔɖilawo le na mi la o. Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu. Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la be ŋutegae yewokpɔ, ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.
Thus says the LORD of hosts, Hearken not unto the words of the prophets that prophesy unto you: they make you vain: they speak a vision of their own heart, and not out of the mouth of the LORD.
17 Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be, ‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’, eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’
They say still unto them that despise me, The LORD has said, All of you shall have peace; and they say unto every one that walks after the imagination of his own heart, No evil shall come upon you.
18 Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me be wòakpɔ nu alo ase eƒe nya? Ame kae ɖo to hese eƒe nya?
For who has stood in the counsel of the LORD, and has perceived and heard his word? who has marked his word, and heard it?
19 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le eƒe dziku helĩhelĩ me, eye yali atso abla ɖe ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
Behold, a whirlwind of the LORD is gone forth in fury, even a grievous whirlwind: it shall fall grievously upon the head of the wicked.
20 Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.
The anger of the LORD shall not return, until he have executed, and till he have performed the thoughts of his heart: in the latter days all of you shall consider it perfectly.
21 Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o, gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi. Nyemeƒo nu kpli wo o, evɔ wogblɔ nya ɖi.
I have not sent these prophets, yet they ran: I have not spoken to them, yet they prophesied.
22 Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”
But if they had stood in my counsel, and had caused my people to hear my words, then they should have turned them from their evil way, and from the evil of their doings.
23 Yehowa be, “Kpuiƒe ƒe Mawu ko menyea, eye nyemenye Mawu si le adzɔge oa?
Am I a God at hand, says the LORD, and not a God far off?
24 Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe.
Can any hide himself in secret places that I shall not see him? says the LORD. Do not I fill heaven and earth? says the LORD.
25 “Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’
I have heard what the prophets said, that prophesy lies in my name, saying, I have dreamed, I have dreamed.
26 Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo?
How long shall this be in the heart of the prophets that prophesy lies? yea, they are prophets of the deceit of their own heart;
27 Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.”
Which think to cause my people to forget my name by their dreams which they tell every man to his neighbour, as their fathers have forgotten my name for Baal.
28 Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe.
The prophet that has a dream, let him tell a dream; and he that has my word, let him speak my word faithfully. What is the chaff to the wheat? says the LORD.
29 “Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ.
Is not my word like a fire? says the LORD; and like a hammer that breaks the rock in pieces?
30 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.”
Therefore, behold, I am against the prophets, says the LORD, that steal my words every one from his neighbour.
31 Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti.
Behold, I am against the prophets, says the LORD, that use their tongues, and say, He says.
32 Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.
Behold, I am against them that prophesy false dreams, says the LORD, and do tell them, and cause my people to go astray by their lies, and by their levity; yet I sent them not, nor commanded them: therefore they shall not profit this people at all, says the LORD.
33 “Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe.
And when this people, or the prophet, or a priest, shall ask you, saying, What is the burden of the LORD? you shall then say unto them, What burden? I will even forsake you, says the LORD.
34 Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã.
And as for the prophet, and the priest, and the people, that shall say, The burden of the LORD, I will even punish that man and his house.
35 Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’
Thus shall all of you say every one to his neighbour, and every one to his brother, What has the LORD answered? and, What has the LORD spoken?
36 Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo.
And the burden of the LORD shall all of you mention no more: for every man's word shall be his burden; for all of you have perverted the words of the living God, of the LORD of hosts our God.
37 Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’
Thus shall you say to the prophet, What has the LORD answered you? and, What has the LORD spoken?
38 Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o.
But since all of you say, The burden of the LORD; therefore thus says the LORD; Because all of you say this word, The burden of the LORD, and I have sent unto you, saying, All of you shall not say, The burden of the LORD;
39 Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti.
Therefore, behold, I, even I, will utterly forget you, and I will forsake you, and the city that I gave you and your fathers, and cast you out of my presence:
40 Mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la va mia dzi.”
And I will bring an everlasting reproach upon you, and a perpetual shame, which shall not be forgotten.

< Yeremia 23 >