< Yesaya 26 >

1 Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be: Du sesẽ aɖe le mía si; Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe.
In that day this song will be sung in the land of Judah: We have a strong city; God has made salvation its walls and ramparts.
2 Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme; dukɔ si lé xɔse me ɖe asi.
Open the gates, that the righteous nation that keeps faith may enter in.
3 Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.
The mind that is stayed on you, you will keep him in perfect peace, for he trusts in you.
4 Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowae nye Agakpe mavɔ la.
Trust in Yahweh forever; for in Yah, Yahweh, is an everlasting rock.
5 Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi, ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi. Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke, eye wòtutunɛ dea ke me.
For he will bring down those who live proudly; the fortified city he will lay low, he will lay low to the ground; he will level it to the dust.
6 Wotua afɔe ƒua anyi. Ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to lae tua afɔe.
It will be trampled down by the feet of the poor and the treading of the needy.
7 Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e; O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃.
The path of the righteous is level, Righteous One; the path of the righteous you make straight.
8 Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.
Yes, in the path of your judgments, Yahweh, we wait for you; your name and your reputation are our desire.
9 Nye luʋɔ le diwòm vevie le zã me, le ŋdi la, nye gbɔgbɔ tsia dzi ɖe ŋuwò vevie. Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖiɖi ɖe anyigba dzi la, xexemetɔwo srɔ̃a wò dzɔdzɔenyenye.
I have longed for you in the night; yes, my spirit within me seeks you earnestly. For when your judgments come on the earth, the inhabitants of the world learn about righteousness.
10 Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la, womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o; le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la, wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko, eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.
Let favor be shown to the wicked one, but he will not learn righteousness. In the land of uprightness he acts wickedly and does not see the majesty of Yahweh.
11 O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.
Yahweh, your hand is lifted up, but they do not notice. But they will see your zeal for the people and be put to shame, because fire of your adversaries will devour them.
12 Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí; nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí.
Yahweh, you will bring about peace for us; for indeed, you have also accomplished all our works for us.
13 O! Yehowa, míaƒe Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò, ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue.
Yahweh our God, other masters besides you have ruled over us; but we praise your name alone.
14 Azɔ la woku, womegale agbe o; ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o; èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi, eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be womagaɖo ŋku wo dzi o.
They are dead, they will not live; they are deceased, they will not arise. Indeed, you came in judgment and destroyed them, and made every memory of them to perish.
15 Èkeke dukɔ la ɖe edzi, O! Yehowa; èna dukɔ la keke ta ɖe edzi. Èxɔ ŋutikɔkɔe na ɖokuiwò, eye nèkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi.
You have increased the nation, Yahweh, you have increased the nation; you are honored; you have extended all the borders of the land.
16 Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.
Yahweh, in trouble have they looked to you; they whispered prayers when your discipline was on them.
17 Abe ale si nyɔnu si le ku lém la ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la, nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa.
As a pregnant woman nears the time for her to give birth, when she is in pain and cries out in her labor pains, so we have been before you, Lord.
18 Fu le mía ɖum; míele ku lém, gake ya ko míedzi. Míetsɔ ɖeɖe va anyigba dzi o; míedzi ame siwo le xexea me o.
We have been pregnant, we have been in labor, but it is as if we have only given birth to wind. We have not brought salvation to the earth, and the inhabitants of the world have not fallen.
19 Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.
Your dead will live; their dead bodies will arise. Awake and sing for joy, you who live in the dust; for your dew is the dew of light, and the earth will bring forth its dead.
20 Miheyi, nye amewo. Mige ɖe miaƒe xɔwo me, eye miatu ʋɔawo. Miɣla mia ɖokuiwo va se ɖe esime eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu nava yi.
Go, my people, enter into your rooms and shut your doors behind you; hide for a little while, until the indignation has passed by.
21 Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia, eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o.
For, look, Yahweh is about to come out of his place to punish the inhabitants of the earth for their iniquity; the earth will uncover her bloodshed, and will no longer conceal her slain.

< Yesaya 26 >