< Yesaya 12 >

1 Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be, “Makafu wò, O! Yehowa, togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la, wò dɔmedzoe nu yi, eye nèfa akɔ nam. 2 Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname 3 Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.” 4 Le ŋkeke ma dzi la, àgblɔ be, “Mida akpe na Yehowa! Miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ le xexemedukɔwo dome. 5 Miɖe gbeƒã Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu le xexea me katã. 6 Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”

< Yesaya 12 >