< Hosea 13 >

1 Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la, dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya, elabena wodoe ɖe dzi le Israel, gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.
從前厄弗辣因一發言,令人害怕,他原是以色列中的首領;但後來他因巴耳而犯罪,至於滅亡。
2 “Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ. Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo, ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu. Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be wotsɔa amegbetɔ saa vɔe, eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.
如今他們仍舊犯罪,用銀子為自己鑄神像,按照他們的幻想製造偶像;這一切只是匠人的作品,他們反說:「應向他們獻祭! 各人就口親牛犢。
3 Wo katã woabu vĩi abe afu ene, eye woaƒu enumake abe ahũ ene; woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene, eye woabu abe dzudzɔ ene.
因此,他們將如黎明的雲霧,如易逝的朝霞,如禾場上被風捲去的糠秕,如由窗口冒出的煙氣
4 “Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu, eye alea ko mele tso esime ke mekplɔ mi do goe tso Egipte. Mawu bubu aɖeke mele mia si o, negbe nye ko, elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.
從在埃及地時,我就是上主,你們的天主;除我以外,你們不可認識其他的神;除我以外,別無拯救者。
5 Mekpɔ mia ta le gbedzi, le kuɖiɖinyigba ma dzi.
我在曠野中──在乾旱之地──牧放了你。
6 Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la, dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,
我牧養了他們,使他們得以飽食;但飽食之後,他們便心高氣傲,反而忘卻了我。
7 eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene.
所以我對他們像一隻獅子,像一頭豹子,伏在路旁,窺伺他們;
8 Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.
像一隻失掉幼子的母熊衝向他們,撕破他們胸內的心,好叫野狗在那裏舌食他們,野獸撕裂他們。
9 “O Israel, ètsrɔ̃ ɖokuiwò, elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu.
以色列! 我要摧毀你,有誰能援助你﹖
10 Afi ka miaƒe fia la le? Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o? Afi ka miaƒe dumegãwo katã le? Ame siwo ŋuti miegblɔ le be, ‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le? Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!
你的君王在哪裏﹖讓他來拯救你! 你所有的領袖在哪裏﹖叫他們來保護你! 因為你曾說:「請你賜給我君王和領袖! 」
11 Le nye dziku me, meɖo fia na mi, eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me.
我在憤怒中給了你君王,我也要在盛怒中,再將他除去。
12 Woƒo Efraim ƒe vodadawo nu ƒu, eye wodzra eƒe nu vɔ̃wo ɖo ɖe agbalẽ me.
厄弗辣因的邪惡已被封存,他的罪孽已被貯藏。
13 Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.
分娩的劇痛將臨到他身上,可是胎兒是一個愚蠢的孩子,雖然時候到了,他仍不願脫離母胎。
14 “Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me, eye maxɔ wo le ku ƒe asi me. O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le? O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le? Elabena nyemakpɔ nublanui o. (Sheol h7585)
我要解救他們脫離死亡嗎﹖死亡啊! 你的災害在哪裏﹖陰府啊! 你的毀滅在哪裏﹖憐憫已由我的眼前隱蔽了。 (Sheol h7585)
15 “Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu le nɔviawo dome hã la, ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava. Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla. Woaha eƒe nudzraɖoƒewo, eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe.
他在蘆葦中雖長的茂盛,但必有東風吹來:上主的風必由曠野吹來,使他的泉源乾涸。他必掠去他所貯藏的一切寶物。
16 Samaria azu aƒedo, elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu. Woatsi yi nu, woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku, eye woako woƒe funɔwo kple yi agbagbee.”
撒馬利亞必要承當罪罰,因為她背叛了自己的天主;她的居民必喪身刀下,他們的嬰兒必被摔死,他們的孕婦必被剖腹。

< Hosea 13 >