< Ezra 10 >

1 Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie.
So when Esdras [had] prayed, and when he [had] confessed, weeping and praying before the house of God, a very great assembly of Israel came together to him, men and women and youths; for the people wept, and wept aloud.
2 Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko.
And Sechenias the son of Jeel, of the sons of Elam, answered and said to Esdras, We have broken covenant with our God, and have taken strange wives of the nations of the land: yet now there is patience [of hope] to Israel concerning this thing.
3 Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu.
Now then let us make a covenant with our God, to put away all the wives, and their offspring, as thou shalt advise:
4 Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.”
arise, and alarm them with the commands of our God; and let [it] be done according to the law. Rise up, for the matter [is] upon thee; and we [are] with thee: be strong and do.
5 Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la.
Then Esdras arose, and caused the rulers, the priests, and Levites, and all Israel, to swear that they would do according to this word: and they swore.
6 Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu.
And Esdras rose up from before the house of God, and went to the treasury of Joanan the son of Elisub; he even went thither: he ate no bread, and drank no water; for he mourned over the unfaithfulness [of them] of the captivity.
7 Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem.
And they made proclamation throughout Juda and Jerusalem to all the children of the captivity, that they should assemble at Jerusalem, [saying],
8 Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame.
Every one who shall not arrive within three days, as [is] the counsel of the rulers and the elders, all his substance shall be forfeited, and he shall be separated from the congregation of the captivity.
9 Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta.
So all the men of Juda and Benjamin assembled at Jerusalem within the three days. This [was] the ninth month: on the twentieth day of the month all the people sat down in the street of the house of the Lord, because of their alarm concerning the word, and because of the storm.
10 Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi.
And Esdras the priest arose, and said to them, Ye have broken covenant, and have taken strange wives, to add to the trespass of Israel.
11 Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”
Now therefore give praise to the Lord God of our fathers, and do that which is pleasing in his sight: and separate yourselves from the peoples of the land, and from the strange wives.
12 Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene,
Then all the congregation answered and said, This thy word [is] powerful upon us to do it.
13 gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me.
But the people [is] numerous, and the season [is] stormy, and there is no power to stand without, and the work is more than enough for one day or for two; for we have greatly sinned in this matter.
14 Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.”
Let now our rulers stand, and for all those in our cities who have taken strange wives, let them come at appointed times, and with them elders from every several city, and judges, to turn away the fierce wrath of our God from us concerning this matter.
15 Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo.
Only Jonathan the son of Asael, and Jazias the son of Thecoe [were] with me concerning this; and Mesollam, and Sabbathai the Levite helped them.
16 Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me,
And the children of the captivity did thus: and Esdras the priest, and heads of families according to [their] house were separated, and all by their names, for they returned in the first day of the tenth month to search out the matter.
17 eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu.
And they made an end with all the men who had taken strange wives by the first day of the first month.
18 Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia.
And there were found [some] of the sons of the priests who had taken strange wives: of the sons of Jesus the son of Josedec, and his brethren; Maasia, and Eliezer, and Jarib, and Gadalia.
19 Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene.
And they pledged themselves to put away their wives, and [offered] a ram of the flock for a trespass-offering because of their trespass.
20 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome: Hanani kple Zebadia.
And of the sons of Emmer; Anani, and Zabdia.
21 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia.
And of the sons of Eram; Masael, and Elia, and Samaia, and Jeel, and Ozia.
22 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa.
And of the sons of Phasur; Elionai, Maasia, and Ismael, and Nathanael, and Jozabad, and Elasa.
23 Tso Levitɔwo dome: Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer.
And of the Levites; Jozabad, and Samu, and Colia (he [is] Colitas, ) and Phetheia, and Judas, and Eliezer.
24 Tso hadzilawo dome: Eliasib. Tso agbonudzɔlawo dome: Salum, Telem kple Uri.
And of the singers; Elisab: and of the porters; Solmen, and Telmen, and Oduth.
25 Tso Israelvi bubuwo dome: Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome: Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya.
Also of Israel: of the sons of Phoros; Ramia, and Azia, and Melchia, and Meamin, and Eleazar, and Asabia, and Banaia.
26 Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome: Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya.
And of the sons of Helam; Matthania, and Zacharia, and Jaiel, and Abdia, and Jarimoth, and Elia.
27 Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza.
And of the sons of Zathua; Elionai, Elisub, Matthanai, and Armoth, and Zabad, and Oziza.
28 Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome: Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai.
And of the sons of Babei; Joanan, Anania, and Zabu, and Thali.
29 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.
And of the sons of Banui; Mosollam, Maluch, Adaias, Jasub, and Saluia, and Remoth.
30 Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome: Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase.
And of the sons of Phaath Moab; Edne, and Chalel, and Banaia, Maasia, Matthania, Beseleel, and Banui, and Manasse.
31 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon,
And of the sons of Eram; Eliezer, Jesia, Melchia, Samaias, Semeon,
32 Benyamin; Maluk kple Semaria.
Benjamin, Baluch, Samaria.
33 Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.
And of the sons of Asem; Metthania, Matthatha, Zadab, Eliphalet, Jerami, Manasse, Semei.
34 Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Madai, Amram, Uel,
And of the sons of Bani; Moodia, Amram, Uel,
35 Benaya, Bedeya, Keluhi,
Banaia, Badaia, Chelkia,
36 Vania, Meremot, Eliasib,
Uvania, Marimoth, Eliasiph,
37 Matania, Matenai kple Yaasu.
Matthania, Matthanai:
38 Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome: Simei,
and [so] did the children of Banui, and the children of Semei,
39 Selemia, Natan, Adaya,
and Selemia, and Nathan, and Adaia,
40 Maknadebai, Sasai, Sarai,
Machadnabu, Sesei, Sariu,
41 Azarel, Selemia, Semaria,
Ezriel, and Selemia, and Samaria,
42 Salum, Amaria kple Yosef.
and Sellum, Amaria, Joseph.
43 Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome: Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya.
Of the sons of Nabu; Jael, Matthanias, Zabad, Zebennas, Jadai, and Joel, and Banaia.
44 Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.
All these had taken strange wives, and had begotten sons of them.

< Ezra 10 >