< Hezekiel 37 >

1 Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo.
Ręka PANA była nade mną i on wyprowadził mnie w duchu PANA, i postawił mnie w środku doliny, która była pełna kości;
2 Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla.
Przeprowadził mnie obok nich dokoła, a oto było ich bardzo dużo na obszarze tej doliny, a oto były bardzo wyschłe.
3 Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?” Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.”
I powiedział do mnie: Synu człowieczy, czy te kości ożyją? Odpowiedziałem: Panie BOŻE, ty wiesz.
4 Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya.
Wtedy powiedział do mnie: Prorokuj o tych kościach i mów do nich: Wyschłe kości, słuchajcie słowa PANA.
5 Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe.
Tak mówi Pan BÓG do tych kości: Oto sprawię, że wstąpi w was tchnienie i ożyjecie;
6 Made lãmeka mia me, lã naɖo mia ŋu, eye mafa ayi ɖe mia ŋu. Made yagbɔgbɔ mia me, eye miagbɔ agbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’”
Nałożę na was ścięgna i sprawię, że obrośniecie ciałem, oblekę was w skórę, i włożę w was tchnienie, i ożyjecie. I poznacie, że ja jestem PANEM.
7 Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene. Esi menɔ nya la gblɔm ɖi la, hoowɔwɔ sesẽ aɖe ɖi, eye ƒuawo ƒo ƒu hetɔ ɖe wo nɔewo nu.
Prorokowałem więc, jak mi rozkazano. A gdy prorokowałem, powstał szum, a oto poruszenie; i kości zbliżyły się [do siebie], kość do swojej kości.
8 Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ lãmekawo kple lã ɖo ƒuawo ŋu eye ayi fa ɖe wo ŋu, gake gbɔgbɔ mege ɖe wo me o.
I spojrzałem, a oto pojawiły się na nich ścięgna, obrosły ciałem i skóra je powlekła z wierzchu, ale nie było w nich tchnienia.
9 Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’”
I powiedział do mnie: Prorokuj do wiatru, prorokuj, synu człowieczy, i powiedz do wiatru: Tak mówi Pan BÓG: Przyjdź od czterech wiatrów, tchnienie, i powiej na tych zabitych, i niech ożyją.
10 Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene, eye gbɔgbɔ ge ɖe wo me. Wogbɔ agbe, eye wotsi tsitre; aʋakɔ gã aɖee.
Prorokowałem więc, jak mi rozkazał, i wstąpiło w nie tchnienie, a ożyły i stanęły na nogach, bardzo, bardzo liczne wojsko.
11 Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’
I powiedział do mnie: Synu człowieczy, te kości to cały dom Izraela. Oto mówią: Nasze kości wyschły, nasza nadzieja przepadła, jesteśmy zgubieni.
12 Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi.
Dlatego prorokuj i mów do nich: Tak mówi Pan BÓG: Oto otworzę wasze groby i wyprowadzę was z waszych grobów, ludu mój, i przyprowadzę was do ziemi Izraela.
13 Ekema mi, nye amewo, mianya be nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye meɖe mi do goe tso wo me.
I poznacie, że ja jestem PANEM, gdy otworzę wasze groby i wyprowadzę was z waszych grobów, ludu mój.
14 Made nye Gbɔgbɔ mia me, mianɔ agbe, eye mana mianɔ miawo ŋutɔ miaƒe anyigba dzi. Ekema mianya be nye, Yehowa, meƒo nu, eye mewɔe hã; Yehowae gblɔe.’”
Włożę w was mojego ducha i ożyjecie, i osadzę was w waszej ziemi. I poznacie, że ja, PAN, to powiedziałem i uczyniłem, mówi PAN.
15 Yehowa ƒe nya va nam,
I doszło do mnie słowo PANA mówiące:
16 “Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’
A ty, synu człowieczy, weź sobie kawałek drewna i napisz na nim: Dla Judy i synów Izraela, jego towarzyszy. Weź też drugi [kawałek] drewna i napisz na nim: Dla Józefa, drewno Efraima i całego domu Izraela, jego towarzyszy.
17 Tɔ wo ɖe wo nɔewo nu ale be woazu ɖeka le wò asi me.
I złóż je jedno z drugim w jeden kawałek, aby stanowiły jedno w twoim ręku.
18 “Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la,
A gdy synowie twego ludu zapytają cię: Czy nie oznajmisz nam, co przez to rozumiesz?
19 nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’
Powiesz im: Tak mówi Pan BÓG: Oto wezmę drewno Józefa, które jest w ręku Efraima oraz pokolenia Izraela, jego towarzyszy, i przyłożę je do tamtego, do drewna Judy, i uczynię je jednym drewnem, i staną się jednym w moim ręku.
20 Lé ati siwo dzi nèŋlɔ nu ɖo la ɖe woƒe ŋkume,
A te drewna, na których napiszesz, będą w twoim ręku na ich oczach.
21 eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
Potem powiedz do nich: Tak mówi Pan BÓG: Oto wezmę synów Izraela spośród narodów, do których przybyli, zgromadzę ich zewsząd i przyprowadzę ich do ich ziemi.
22 Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o.
I uczynię ich jednym narodem w ziemi, na górach Izraela, i jeden król będzie królem nad nimi wszystkimi. Nie będą już dwoma narodami i już nie podzielą się na dwa królestwa.
23 Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
Nie splugawią się już swymi bożkami i obrzydliwościami oraz wszelkimi występkami. Wybawię ich ze wszystkich ich miejsc zamieszkania, gdzie zgrzeszyli, i oczyszczę ich. I będą moim ludem, a ja będę ich Bogiem.
24 “‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi.
Mój sługa Dawid będzie królem nad nimi i wszyscy będą mieli jednego pasterza. Będą chodzić według moich sądów, [będą] przestrzegać moich ustaw i wykonywać je.
25 Woanɔ anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob, anyigba si dzi mia fofowo nɔ la dzi. Woawo kple wo viwo kple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbetegbe, eye David, nye dɔla, anye woƒe fiaviŋutsu tegbetegbe.
I zamieszkają w tej ziemi, którą dałem mojemu słudze Jakubowi, w której mieszkali wasi ojcowie; będą w niej mieszkali, oni, ich synowie i synowie ich synów, aż na wieki, a mój sługa Dawid [będzie] ich księciem na wieki.
26 Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe.
Zawrę też z nimi przymierze pokoju, które będzie przymierzem wiecznym z nimi. Osadzę ich i rozmnożę, i umieszczę swoją świątynię pośród nich na wieki.
27 Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo.
Mój przybytek będzie wśród nich i będę ich Bogiem, a oni będą moim ludem.
28 Ekema dukɔwo anya be, nye Aƒetɔ lae wɔ Israel kɔkɔe le esime nye Kɔkɔeƒe la le wo dome tegbetegbe.’”
I poznają narody, że ja jestem PANEM, który uświęca Izraela, gdy moja świątynia będzie wśród nich na wieki.

< Hezekiel 37 >