< Hezekiel 28 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
The word of the LORD came again unto me, saying,
2 “Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.
Son of man, say unto the prince of Tyrus, Thus says the Lord GOD; Because your heart is lifted up, and you have said, I am a God, I sit in the seat of God, in the midst of the seas; yet you are a man, and not God, though you set your heart as the heart of God:
3 Ɖe nènya nu wu Daniel mahã?
Behold, you are wiser than Daniel; there is no secret that they can hide from you:
4 Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ hekpɔ hotsui na ɖokuiwò, eye nèƒo ƒu sika kple klosalo ɖe wò nudzraɖoƒewo.
With your wisdom and with your understanding you have got you riches, and have got gold and silver into your treasures:
5 Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana.
By your great wisdom and by your trade have you increased your riches, and your heart is lifted up because of your riches:
6 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Be nèbu be yenya nu, yenya nu abe mawu aɖe ene ta la,
Therefore thus says the Lord GOD; Because you have set your heart as the heart of God;
7 makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me.
Behold, therefore I will bring strangers upon you, the terrible of the nations: and they shall draw their swords against the beauty of your wisdom, and they shall defile your brightness.
8 Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe le atsiaƒuwo titina.
They shall bring you down to the pit, and you shall die the deaths of them that are slain in the midst of the seas.
9 Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’ le ame siwo le wuwòm la ŋkumea? Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o, le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.
Will you yet say before him that slays you, I am God? but you shall be a man, and no God, in the hand of him that slays you.
10 Àku abe aʋamatsomatsotɔwo ene le amedzrowo ƒe asi me. Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
You shall die the deaths of the uncircumcised by the hand of strangers: for I have spoken it, says the Lord GOD.
11 Yehowa ƒe nya va nam be,
Moreover the word of the LORD came unto me, saying,
12 “Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: “‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu, nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo.
Son of man, take up a lamentation upon the king of Tyrus, and say unto him, Thus says the Lord GOD; You seal up the sum, full of wisdom, and perfect in beauty.
13 Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.
You have been in Eden the garden of God; every precious stone was your covering, the ruby, topaz, and the diamond, the beryl, the onyx, and the jasper, the sapphire, the emerald, and the carbuncle, and gold: the workmanship of your timbrels and of your pipes was prepared in you in the day that you were created.
14 Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene, elabena nenemae meɖo wòe. Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ le dzokpewo dome.
You are the anointed cherub that covers; and I have set you so: you were upon the holy mountain of God; you have walked up and down in the midst of the stones of fire.
15 Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbe si gbe wowɔ wò va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o.
You were perfect in your ways from the day that you were created, till iniquity was found in you.
16 To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la, ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃. Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi; menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome.
By the multitude of your merchandise they have filled the midst of you with violence, and you have sinned: therefore I will cast you as profane out of the mountain of God: and I will destroy you, O covering cherub, from the midst of the stones of fire.
17 Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume
your heart was lifted up because of your beauty, you have corrupted your wisdom by reason of your brightness: I will cast you to the ground, I will lay you before kings, that they may behold you.
18 To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa si me nuteƒewɔwɔ mele o me la, èdo gu wò Kɔkɔeƒewo. Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò, eye mena nèzu afi le anyigba, le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume.
You have defiled your sanctuaries by the multitude of your iniquities, by the iniquity of your trade; therefore will I bring forth a fire from the midst of you, it shall devour you, and I will bring you to ashes upon the earth in the sight of all them that behold you.
19 Dukɔ siwo katã nya wò la ƒe nu ku le ŋutiwò; wò nuwuwu dziŋɔ la va ɖo, eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’”
All they that know you among the people shall be astonished at you: you shall be a terror, and never shall you be any more.
20 Yehowa ƒe nya va nam be,
Again the word of the LORD came unto me, saying,
21 “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu,
Son of man, set your face against Zidon, and prophesy against it,
22 eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.
And say, Thus says the Lord GOD; Behold, I am against you, O Zidon; and I will be glorified in the midst of you: and they shall know that I am the LORD, when I shall have executed judgments in her, and shall be sanctified in her.
23 Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi le eƒe ablɔwo dzi. Ame kukuwo adze anyi le eme, eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.
For I will send into her pestilence, and blood into her streets; and the wounded shall be judged in the midst of her by the sword upon her on every side; and they shall know that I am the LORD.
24 “‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
And there shall be no more a pricking brier unto the house of Israel, nor any grieving thorn of all that are round about them, that despised them; and they shall know that I am the Lord GOD.
25 “‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi.
Thus says the Lord GOD; When I shall have gathered the house of Israel from the people among whom they are scattered, and shall be sanctified in them in the sight of the heathen, then shall they dwell in their land that I have given to my servant Jacob.
26 Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’”
And they shall dwell safely therein, and shall build houses, and plant vineyards; yea, they shall dwell with confidence, when I have executed judgments upon all those that despise them round about them; and they shall know that I am the LORD their God.

< Hezekiel 28 >