< Hezekiel 16 >

1 Yehowa ƒe nya va nam be,
Again the word of the LORD came unto me, saying,
2 “Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae.
Son of man, cause Jerusalem to know her abominations,
3 Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ.
And say, Thus says the Lord GOD unto Jerusalem; Your birth and your nativity is of the land of Canaan; your father was an Amorite, and your mother an Hittite.
4 Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo si dze ɖe ŋuwò alo xatsa avɔ ɖe ŋutiwò o.
And as for your nativity, in the day you were born your navel was not cut, neither were you washed in water to clean you; you were not salted at all, nor swaddled at all.
5 Ame aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ale be woawɔ nu siawo na wò o; ke boŋ wotsɔ wò ƒu gbe ɖe gbedadaƒo, elabena gbe si gbe wodzi wò la, wodo vlo wò.’
None eye pitied you, to do any of these unto you, to have compassion upon you; but you were cast out in the open field, to the loathing of your person, in the day that you were born.
6 “Esi metso eme va yina la, mekpɔ wò nènɔ afɔ dam le wò ʋu me. Esi nènɔ wò ʋu me la, megblɔ na wò be, ‘Tsi agbe.’
And when I passed by you, and saw you polluted in your own blood, I said unto you when you were in your blood, Live; yea, I said unto you when you were in your blood, Live.
7 Mena nètsi abe ati si le gbedzi ene. Ètsi eye nètrɔ zu kpe xɔasi dzeanitɔ abe ɖetugbi vavã aɖe ene. Ète no, ɖa to mlɔmlɔmlɔ ɖe wò ame si nɔ ƒuƒlu la ŋu.
I have caused you to multiply as the bud of the field, and you have increased and becoming great, and you are come to excellent ornaments: your breasts are fashioned, and your hair is grown, whereas you were naked and bare.
8 “Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Now when I passed by you, and looked upon you, behold, your time was the time of love; and I spread my skirt over you, and covered your nakedness: yea, I swore unto you, and entered into a covenant with you, says the Lord GOD, and you became mine.
9 “Mele tsi na wò, klɔ ʋu ɖa le ŋuwò, eye mesi ami na wò.
Then washed I you with water; yea, I thoroughly washed away your blood from you, and I anointed you with oil.
10 Meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye medo afɔkpa na wò. Medo aklalawu nyuitɔ kple awu xɔasitɔ na wò.
I clothed you also with broidered work, and shod you with badgers' skin, and I girded you about with fine linen, and I covered you with silk.
11 Metsɔ kpe xɔasinuwo ɖo atsyɔ̃ na wò. Medo abɔgɛ ɖe abɔ na wò, eye medo kɔga ɖe kɔ na wò;
I decked you also with ornaments, and I put bracelets upon your hands, and a chain on your neck.
12 medo ŋɔtigɛ ɖe ŋɔti na wò, medo togɛwo ɖe to na wò, eye meɖɔ fiakuku dzeani aɖe na wò.
And I put a jewel on your forehead, and earrings in your ears, and a beautiful crown upon your head.
13 Ale wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃e na wò. Wò avɔwo nye aklala biɖibiɖi, seda kple avɔ ŋɔŋɔe. Wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple amitime. Èva dze tugbe ŋutɔ, eye nèyi dzi va zu fianyɔnu.
Thus were you decked with gold and silver; and your raiment was of fine linen, and silk, and broidered work; you did eat fine flour, and honey, and oil: and you were exceeding beautiful, and you did prosper into a kingdom.
14 Wò ŋkɔ de dzi kaka ɖe dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena atsyɔ̃ si meɖo na wò la na wò tugbedzedze de blibo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
And your renown went forth among the heathen for your beauty: for it was perfect through my loveliness, which I had put upon you, says the Lord GOD.
15 “Ke èɖo ŋu ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye nèwɔ wò ŋkɔxɔxɔ ŋu dɔ hezu gbolo. Ènyoa dɔ me na ame sia ame si tsoa eme va yina, eye wò tugbedzedze zua etɔ.
But you did trust in your own beauty, and played the harlot because of your renown, and poured out your fornications on every one that passed by; his it was.
16 Ètsɔ wò avɔ aɖewo wɔ nuxeƒewo, eye nèwɔa gbolo le afi ma. Nu siawo madzɔ, eye womava eme hafi o.
And of your garments you did take, and decked your high places with divers colours, and played the harlot thereupon: the like things shall not come, neither shall it be so.
17 Ètsɔ nu dzeani siwo mena wò, nu siwo wotsɔ nye sika kple klosalo wɔe la wɔ ŋutsulegbawo na ɖokuiwò, eye nèwɔ gbolo kpli wo.
You have also taken your fair jewels of my gold and of my silver, which I had given you, and made to yourself images of men, and did commit whoredom with them,
18 Ètsɔ wò avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖo woƒe ŋkume.
And took your broidered garments, and covered them: and you have set mine oil and mine incense before them.
19 Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuɖuɖu siwo mena wò, siwo nye wɔ memee, ami kple notsi abe wò nuɖuɖu ene la, ètsɔ wo ɖo woƒe ŋkume abe vɔsa ʋeʋĩ lilili ene. Esiae va eme. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
My food also which I gave you, fine flour, and oil, and honey, wherewith I fed you, you have even set it before them for a sweet savour: and thus it was, says the Lord GOD.
20 “Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa?
Moreover you have taken your sons and your daughters, whom you have borne unto me, and these have you sacrificed unto them to be devoured. Is this of your whoredoms a small matter,
21 Èwu vinyewo, eye nètsɔ wo sa vɔe na legbawo.
That you have slain my children, and delivered them to cause them to pass through the fire for them?
22 Le wò ŋunyɔnuwo katã kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime nènɔ amama kple ƒuƒlu, eye nènɔ afɔ dam le wò ʋu me la dzi o.
And in all of your abominations and your whoredoms you have not remembered the days of your youth, when you were naked and bare, and were polluted in your blood.
23 “Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la,
And it came to pass after all your wickedness, (woe, woe unto you! says the LORD GOD; )
24 ètu trɔ̃xɔ gãwo ɖe ablɔ gãwo me na ɖokuiwò kple nuxeƒe ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe.
That you have also built unto you an eminent place, and have made you an high place in every street.
25 Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me.
You have built your high place at every head of the way, and have made your beauty to be abhorred, and have opened your feet to every one that passed by, and multiplied your whoredoms.
26 Èwɔ gbolo kple Egiptetɔwo, wò aƒelika gbegblẽwo, eye nèdo dɔmedzoe nam kple wò gbolowɔwɔ si le edzi yim wu tsã.
You have also committed fornication with the Egyptians your neighbours, great of flesh; and have increased your whoredoms, to provoke me to anger.
27 Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na.
Behold, therefore I have stretched out my hand over you, and have diminished your ordinary food, and delivered you unto the will of them that hate you, the daughters of the Philistines, which are ashamed of your lewd way.
28 Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o.
You have played the whore also with the Assyrians, because you were insatiable; yea, you have played the harlot with them, and yet could not be satisfied.
29 Ale nèyi gbolowɔwɔ dzi wu, eye wòlɔ asitsalawo ƒe anyigba, Babilonia ɖe eme. Ke esia gɔ̃ hã meɖi kɔ na wò o.”
You have moreover multiplied your fornication in the land of Canaan unto Chaldea; and yet you were not satisfied therewith.
30 Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene!
How weak is your heart, says the LORD GOD, seeing you do all these things, the work of an domineering whorish woman;
31 Esi nètu wo trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe nu, eye nèɖo wò nuxeƒe kɔkɔwo ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe la, mèɖi gbolo aɖeke o, elabena èdo vlo gbologaxɔxɔ.
In that you build your eminent place in the head of every way, and make your high place in every street; and have not been as an harlot, in that you scorn hire;
32 “Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò!
But as a wife that commits adultery, which takes strangers instead of her husband!
33 Gbolo ɖe sia ɖe xɔa ga, gake wò ya ènaa nu ŋutsu siwo nèwɔa gbolo kplii la katã, ènaa zãnu wo ale be woatso afi sia afi ava wɔ ahasi kpli wò.
They give gifts to all whores: but you give your gifts to all your lovers, and hire them, that they may come unto you on every side for your whoredom.
34 Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o.
And the contrary is in you from other women in your whoredoms, whereas none follows you to commit whoredoms: and in that you give a reward, and no reward is given unto you, therefore you are contrary.
35 “Eya ta wò gbolo, se Yehowa ƒe nya.
Wherefore, O harlot, hear the word of the LORD:
36 Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Esi nètsɔ wò kesinɔnuwo na la, èna ŋutsuwo kpɔ wò amame le wò gbolowɔwɔ me, eye le wò ŋukpenalegbawo katã ta kple esi nètsɔ viwòwo ƒe ʋu na wo ta la,
Thus says the Lord GOD; Because your filthiness was poured out, and your nakedness discovered through your whoredoms with your lovers, and with all the idols of your abominations, and by the blood of your children, which you did give unto them;
37 mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la.
Behold, therefore I will gather all your lovers, with whom you have taken pleasure, and all them that you have loved, with all them that you have hated; I will even gather them round about against you, and will discover your nakedness unto them, that they may see all your nakedness.
38 Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò.
And I will judge you, as women that violate marriage bond and shed blood are judged; and I will give you blood in fury and jealousy.
39 Ekema matsɔ wò ade asi na wò ahiãviawo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo kple nuxeƒe kɔkɔwo. Woaɖe wò awuwo le ŋuwò, woaxɔ wò sikanu dzeaniwo, eye woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu.
And I will also give you into their hand, and they shall throw down your eminent place, and shall break down your high places: they shall strip you also of your clothes, and shall take your fair jewels, and leave you naked and bare.
40 Woana ame aɖewo natso ɖe ŋuwò. Ame siawo aƒu kpe wò, eye woafli wò kple woƒe yiwo.
They shall also bring up a company against you, and they shall stone you with stones, and thrust you through with their swords.
41 Woatɔ dzo wò aƒewo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye màgaxe fe na wò ahiãviwo o.
And they shall burn your houses with fire, and execute judgments upon you in the sight of many women: and I will cause you to cease from playing the harlot, and you also shall give no hire any more.
42 Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’
So will I make my fury toward you to rest, and my jealousy shall depart from you, and I will be quiet, and will be no more angry.
43 “Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa?
Because you have not remembered the days of your youth, but have fretted me in all these things; behold, therefore I also will recompense your way upon your head, says the Lord GOD: and you shall not commit this lewdness above all of your abominations.
44 “Ame sia ame si doa lo la, ado lo sia tso ŋuwò, ‘Ale si vinɔ le la, nenemae via nyɔnu hã nɔna.’
Behold, every one that uses proverbs shall use this proverb against you, saying, As is the mother, so is her daughter.
45 Vavã ènye dawò, ame si do vlo srɔ̃a kple viawo la ƒe vinyɔnu, eye vavã, ènye nɔvinyɔnu na nɔviwò nyɔnuwo, ame siwo do vlo wo srɔ̃ŋutsuwo kple wo viwo. Dawò nye Hititɔ, eye fofowò nye Amoritɔ.
You are your mother's daughter, that detests her husband and her children; and you are the sister of your sisters, which loathed their husbands and their children: your mother was an Hittite, and your father an Amorite.
46 Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom.
And your elder sister is Samaria, she and her daughters that dwell at your left hand: and your younger sister, that dwells at your right hand, is Sodom and her daughters.
47 Mienɔ agbe abe woawo ene ɖeɖe ko o, eye miewɔ woƒe ŋukpenanuwo hã ko o, ke boŋ le miaƒe wɔnawo katã me la, èwɔ nu vlowo wu woawo gɔ̃ hã.
Yet have you not walked after their ways, nor done after their abominations: but, as if that were a very little thing, you were corrupted more than they in all your ways.
48 Aƒetɔ Yehowae gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnu Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ nu si wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ o.’
As I live, says the Lord GOD, Sodom your sister has not done, she nor her daughters, as you have done, you and your daughters.
49 “Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.
Behold, this was the iniquity of your sister Sodom, pride, fullness of bread, and abundance of idleness was in her and in her daughters, neither did she strengthen the hand of the poor and needy.
50 Ale wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wowɔ ŋukpenanuwo le nye ŋkume. Eya ta meɖe wo ɖa abe ale si miekpɔe ene.
And they were haughty, and committed abomination before me: therefore I took them away as I saw good.
51 Samaria mewɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ la ƒe afã o. Èwɔ ŋukpenanuwo wu woawo, eye miena mia nɔvinyɔnuwo dze ame dzɔdzɔewo to nu siwo katã nèwɔ la me.
Neither has Samaria committed half of your sins; but you have multiplied your abominations more than they, and have justified your sisters in all of your abominations which you have done.
52 Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò.
You also, which have judged your sisters, bear your own shame for your sins that you have committed more abominable than they: they are more righteous than you: yea, be you confounded also, and bear your shame, in that you have justified your sisters.
53 “‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu,
When I shall bring again their captivity, the captivity of Sodom and her daughters, and the captivity of Samaria and her daughters, then will I bring again the captivity of your captives in the midst of them:
54 ale be nàtsɔ wo vlodoame, eye ŋu nakpe wò le nu siwo katã nèwɔ hena akɔfafa na wo ta.
That you may bear your own shame, and may be confounded in all that you have done, in that you are a comfort unto them.
55 Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ.
When your sisters, Sodom and her daughters, shall return to their former estate, and Samaria and her daughters shall return to their former estate, then you and your daughters shall return to your former estate.
56 Màyɔ nɔviwò nyɔnu Sodom ƒe ŋkɔ le wò dadaɣi,
For your sister Sodom was not mentioned by your mouth in the day of your pride,
57 hafi woava klo nu le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu o. Azɔ la, èzu Edom ƒe vinyɔnuwo kple ame siwo ƒo xlã wo kple Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo ƒe vlodonu, ame siwo katã ƒo xlã wò, eye wodo vlo wò.
Before your wickedness was discovered, as at the time of your reproach of the daughters of Syria, and all that are round about her, the daughters of the Philistines, which despise you round about.
58 Àde ta wò ŋukpenanuwɔnawo kple wò ŋunyɔnuwo ƒe yomedzenu te.’” Yehowae gblɔe.
You have borne your lewdness and your abominations, says the LORD.
59 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Matu nu kple wò abe ale si dze wò ene, elabena èdo vlo nye atam to nye nubabla tutu me.
For thus says the Lord GOD; I will even deal with you as you have done, which have despised the oath in breaking the covenant.
60 Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò.
Nevertheless I will remember my covenant with you in the days of your youth, and I will establish unto you an everlasting covenant.
61 Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o.
Then you shall remember your ways, and be ashamed, when you shall receive your sisters, your elder and your younger: and I will give them unto you for daughters, but not by your covenant.
62 Ale mabla nu kple wò, eye nànya be nyee nye Yehowa.
And I will establish my covenant with you; and you shall know that I am the LORD:
63 Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
That you may remember, and be confounded, and never open your mouth any more because of your shame, when I am pacified toward you for all that you have done, says the Lord GOD.

< Hezekiel 16 >