< Mose 5 16 >

1 “Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me.
Observe the month of Abib, and keep the passover unto the LORD your God: for in the month of Abib the LORD your God brought you forth out of Egypt by night.
2 Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la.
You shall therefore sacrifice the passover unto the LORD your God, of the flock and the herd, in the place which the LORD shall choose to place his name there.
3 Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me!
You shall eat no leavened bread with it; seven days shall you eat unleavened bread therewith, even the bread of affliction; for you came forth out of the land of Egypt in haste: that you may remember the day when you came forth out of the land of Egypt all the days of your life.
4 Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.
And there shall be no leavened bread seen with you in all your coast seven days; neither shall there any thing of the flesh, which you sacrificed the first day at even, remain all night until the morning.
5 “Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o,
You may not sacrifice the passover within any of your gates, which the LORD your God gives you:
6 ke boŋ nàɖui le teƒe si Yehowa wò Mawu atia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Tsɔ lã la sa vɔe le afi ma le ŋkekenyui la ƒe fiẽ me ne ɣe ɖo to.
But at the place which the LORD your God shall choose to place his name in, there you shall sacrifice the passover at even, at the going down of the sun, at the season that you came forth out of Egypt.
7 Me lã la, eye nàɖui le afi si Yehowa wò Mawu atia na wò. Ɖo ta aƒe me le fɔŋli.
And you shall roast and eat it in the place which the LORD your God shall choose: and you shall turn in the morning, and go unto your tents.
8 Le ŋkeke ade siwo adze eyome me la, màɖu abolo ʋaʋã aɖeke o, ke le ŋkeke adrelia gbe la, du sia du me tɔwo akpe ta ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mègawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.”
Six days you shall eat unleavened bread: and on the seventh day shall be a solemn assembly to the LORD your God: you shall do no work therein.
9 “Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la,
Seven weeks shall you number unto you: begin to number the seven weeks from such time as you begin to put the sickle to the corn.
10 àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu.
And you shall keep the feast of weeks unto the LORD your God with a tribute of a freewill offering of your hand, which you shall give unto the LORD your God, according as the LORD your God has blessed you:
11 Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la.
And you shall rejoice before the LORD your God, you, and your son, and your daughter, and your manservant, and your maidservant, and the Levite that is within your gates, and the stranger, and the fatherless, and the widow, that are among you, in the place which the LORD your God has chosen to place his name there.
12 Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eya ta kpɔ be yewɔ se sia dzi.”
And you shall remember that you were a bondman in Egypt: and you shall observe and do these statutes.
13 Ne nuŋeɣi wu nu la, àgaɖu ŋkekenyui bubu si nye Agbadɔmeŋkekenyui, ŋkeke adre sɔŋ, ne èklẽ wò bli, eye nèfia wò wain vɔ.
You shall observe the feast of tabernacles seven days, after that you have gathered in your corn and your wine:
14 Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me.
And you shall rejoice in your feast, you, and your son, and your daughter, and your manservant, and your maidservant, and the Levite, the stranger, and the fatherless, and the widow, that are within your gates.
15 Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe.
Seven days shall you keep a solemn feast unto the LORD your God in the place which the LORD shall choose: because the LORD your God shall bless you in all of your increase, and in all the works of your hands, therefore you shall surely rejoice.
16 Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
Three times in a year shall all your males appear before the LORD your God in the place which he shall choose; in the feast of unleavened bread, and in the feast of weeks, and in the feast of tabernacles: and they shall not appear before the LORD empty:
17 Na nu abe ale si nàte ŋui ene le ale si Yehowa miaƒe Mawu yra wòe la nu.
Every man shall give as he is able, according to the blessing of the LORD your God which he has given you.
18 Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.
Judges and officers shall you make you in all your gates, which the LORD your God gives you, throughout your tribes: and they shall judge the people with just judgment.
19 Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso.
You shall not shift judgment; you shall not respect persons, neither take a gift: for a gift does blind the eyes of the wise, and pervert the words of the righteous.
20 Ele be nàkpɔ egbɔ be wolé nya dzɔdzɔe ko ɖe te. Mɔ sia nu ko nàto hafi akpɔ dzidzedze le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.
That which is altogether just shall you follow, that you may live, and inherit the land which the LORD your God gives you.
21 “Mègaɖi aƒeli aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa, wò Mawu la ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, aɖi gbɔ̃e gbeɖegbeɖe o,
You shall not plant you a grove of any trees near unto the altar of the LORD your God, which you shall make you.
22 eye mègali aƒeli aɖeke hã o, elabena Yehowa miaƒe Mawu lé fu wo.
Neither shall you set you up any image; which the LORD your God hates.

< Mose 5 16 >