< Samuel 2 10 >

1 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amonitɔwo ƒe fia ku eye via Hanun ɖu fia ɖe eteƒe.
And it came to pass after this, that the king of the children of Ammon died, and Hanun his son reigned in his position.
2 David gblɔ be, “Manyo dɔ me na Hanun, Nahas ƒe vi abe ale si fofoa nyo dɔ me nam ene.” Ale David dɔ amewo be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta. Esi David ƒe amewo va ɖo Amonitɔwo ƒe anyigba dzi la,
Then said David, I will show kindness unto Hanun the son of Nahash, as his father showed kindness unto me. And David sent to comfort him by the hand of his servants for his father. And David's servants came into the land of the children of Ammon.
3 Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”
And the princes of the children of Ammon said unto Hanun their lord, Think you that David does honour your father, that he has sent comforters unto you? has not David rather sent his servants unto you, to search the city, and to spy it out, and to overthrow it?
4 Ale Hanun lé David ƒe amewo, ƒlɔ ge afãafã na wo eye wòlã woƒe awuwo ɖe woƒe gɔnu. Ale Hanun do mɔ ameawo.
Wherefore Hanun took David's servants, and shaved off the one half of their beards, and cut off their garments in the middle, even to their buttocks, and sent them away.
5 Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
When they told it unto David, he sent to meet them, because the men were greatly ashamed: and the king said, Tarry at Jericho until your beards be grown, and then return.
6 Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve tso Tobnyigba dzi.
And when the children of Ammon saw that they stank before David, the children of Ammon sent and hired the Syrians of Bethrehob and the Syrians of Zoba, twenty thousand footmen, and of king Maacah a thousand men, and of Ishtob twelve thousand men.
7 Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa.
And when David heard of it, he sent Joab, and all the host of the mighty men.
8 Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi.
And the children of Ammon came out, and put the battle in array at the entering in of the gate: and the Syrians of Zoba, and of Rehob, and Ishtob, and Maacah, were by themselves in the field.
9 Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa, eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me, eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo.
When Joab saw that the front of the battle was against him before and behind, he chose of all the choice men of Israel, and put them in array against the Syrians:
10 Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
And the rest of the people he delivered into the hand of Abishai his brother, that he might put them in array against the children of Ammon.
11 Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.
And he said, If the Syrians be too strong for me, then you shall help me: but if the children of Ammon be too strong for you, then I will come and help you.
12 Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
Be of good courage, and let us play the men for our people, and for the cities of our God: and the LORD do that which seems him good.
13 Ale Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu.
And Joab drew nigh, and the people that were with him, unto the battle against the Syrians: and they fled before him.
14 Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
And when the children of Ammon saw that the Syrians were fled, then fled they also before Abishai, and entered into the city. So Joab returned from the children of Ammon, and came to Jerusalem.
15 Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wogbugbɔ ƒo ƒu wo ɖokuiwo.
And when the Syrians saw that they were smitten before Israel, they gathered themselves together.
16 Hadadezer na Aramtɔwo tso tɔsisi la godo yi Helam eye wonɔ Sobak, Hadadezer ƒe aʋafia ƒe kpɔkplɔ te.
And Hadarezer sent, and brought out the Syrians that were beyond the river: and they came to Helam; and Shobach the captain of the host of Hadarezer went before them.
17 Esi wogblɔ nya sia na David la, eya ŋutɔ kplɔ Israel ƒe aʋakɔ la yi Helam. Aramtɔwo ho aʋa ɖe David ŋu eye wowɔ aʋa kplii.
And when it was told David, he gathered all Israel together, and passed over Jordan, and came to Helam. And the Syrians set themselves in array against David, and fought with him.
18 Ke Aramtɔwo gasi le Israelviwo nu. David wu Aramtɔwo ƒe sɔdola alafa adre kple afɔzɔla akpe blaene. Ede abi woƒe aʋafia, Sobak hã ŋu wòku le afi ma.
And the Syrians fled before Israel; and David slew the men of seven hundred chariots of the Syrians, and forty thousand horsemen, and stroke Shobach the captain of their host, who died there.
19 Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu.
And when all the kings that were servants to Hadarezer saw that they were smitten before Israel, they made peace with Israel, and served them. So the Syrians feared to help the children of Ammon any more.

< Samuel 2 10 >