< Timoteo 1 5 >

1 Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.
不可严责老年人,只要劝他如同父亲;劝少年人如同弟兄;
2 Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
劝老年妇女如同母亲;劝少年妇女如同姊妹;总要清清洁洁的。
3 Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii.
要尊敬那真为寡妇的。
4 Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
若寡妇有儿女,或有孙子孙女,便叫他们先在自己家中学着行孝,报答亲恩,因为这在 神面前是可悦纳的。
5 Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii,
那独居无靠、真为寡妇的,是仰赖 神,昼夜不住地祈求祷告。
6 ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa amenya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim, eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o.
但那好宴乐的寡妇正活着的时候也是死的。
7 Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo, ale be kristotɔwo nanya, eye woawɔ nu si dze la.
这些事你要嘱咐她们,叫她们无可指责。
8 Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
人若不看顾亲属,就是背了真道,比不信的人还不好,不看顾自己家里的人,更是如此。
9 Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o, negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ, eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me.
寡妇记在册子上,必须年纪到六十岁,从来只作一个丈夫的妻子,
10 Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.
又有行善的名声,就如养育儿女,接待远人,洗圣徒的脚,救济遭难的人,竭力行各样善事。
11 Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃.
至于年轻的寡妇,就可以辞她;因为她们的情欲发动,违背基督的时候就想要嫁人。
12 Ale woadze na tohehe, elabena woda le woƒe ŋugbedodo ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi.
她们被定罪,是因废弃了当初所许的愿;
13 Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me.
并且她们又习惯懒惰,挨家闲游;不但是懒惰,又说长道短,好管闲事,说些不当说的话。
14 Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o.
所以我愿意年轻的寡妇嫁人,生养儿女,治理家务,不给敌人辱骂的把柄。
15 Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo.
因为已经有转去随从撒但的。
16 Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.
信主的妇女,若家中有寡妇,自己就当救济她们,不可累着教会,好使教会能救济那真无倚靠的寡妇。
17 Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me,
那善于管理教会的长老,当以为配受加倍的敬奉;那劳苦传道教导人的,更当如此。
18 elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.”
因为经上说:“牛在场上踹谷的时候,不可笼住它的嘴”;又说:“工人得工价是应当的。”
19 Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋu dɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko.
控告长老的呈子,非有两三个见证就不要收。
20 Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.
犯罪的人,当在众人面前责备他,叫其余的人也可以惧怕。
21 Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.
我在 神和基督耶稣并蒙拣选的天使面前嘱咐你:要遵守这些话,不可存成见,行事也不可有偏心。
22 Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.
给人行按手的礼,不可急促;不要在别人的罪上有分,要保守自己清洁。
23 Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba.
因你胃口不清,屡次患病,再不要照常喝水,可以稍微用点酒。
24 Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo, hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ wɔm, eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, àte ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go.
有些人的罪是明显的,如同先到审判案前;有些人的罪是随后跟了去的。
25 Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.
这样,善行也有明显的,那不明显的也不能隐藏。

< Timoteo 1 5 >