< Samuel 1 25 >

1 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Samuel ku eye Israel blibo la ƒo ƒu hena kunu la wɔwɔ. Woɖii ɖe eƒe ƒometɔwo ƒe anyigba dzi le Rama. Le ɣeyiɣi sia me la, David yi gbedzi le Paran.
Now Samuel died. All Israel gathered together and mourned for him, and they buried him in his house at Ramah. Then David rose and went down to the wilderness of Paran.
2 Lãnyiƒe nɔ kesinɔtɔ aɖe si tso Maon la si le afi ma te ɖe Karmel ŋu. Alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka nɔ esi. Kesinɔtɔ sia va eƒe lãnyiƒe le ɣeyiɣi sia me hena fukoko na eƒe alẽwo.
There was a man in Maon, whose possessions were in Carmel. The man was very wealthy. He had three thousand sheep and one thousand goats. He was shearing his sheep in Carmel.
3 Eŋkɔe nye Nabal. Srɔ̃a nye nyɔnu dzetugbe aɖe si ƒe tagbɔ kɔ; eŋkɔe nye Abigail. Nabal nye Kaleb ƒe dzidzimevi, enye ame si meɖɔ ʋu kura o eye wòganye ŋlɔmitɔ kple kɔlialiatɔ hã.
The man's name was Nabal, and the name of his wife was Abigail. The woman was intelligent and beautiful in appearance. But the man was harsh and evil in his dealings. He was a descendant of the house of Caleb.
4 Esi David se be Nabal nɔ fu kom na eƒe alẽwo la,
David heard in the wilderness that Nabal was shearing his sheep.
5 eɖo eƒe ɖekakpui ewo ɖe Karmel be woado gbe na Nabal eye woagblɔ nɛ be,
So David sent ten young men. David said to the young men, “Go up to Carmel, go to Nabal, and greet him in my name.
6 “Mawu nana wò kple wò ƒometɔwo miakpɔ dzidzedze eye nu sia nu si nye mia tɔ la nadzi ɖe edzi na mi.
You will say to him, 'Live in prosperity. Peace to you and peace to your house, and peace be to all that you have.
7 Wogblɔ nam be èle fu kom na wò alẽwo kple gbɔ̃wo. Le ɣeyiɣi si me wò alẽkplɔlawo nɔ mía dome la, míewɔ nuvevi aɖeke wo kpɔ o eye míefi woƒe naneke kpɔ hã o.
I hear that you have shearers. Your shepherds have been with us, and we did them no harm, and they missed nothing the whole time they were in Carmel.
8 Wò ɖekakpuiwo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ŋu na wò. Mele nye amewo ɖom ɖa be woabia nunana aɖe tso gbɔwò elabena ŋkekenyui aɖe va tu mí. Míeɖe kuku, na nu sia nu si dze ŋuwò ko la mí.”
Ask your young men, and they will tell you. Now let my young men find favor in your eyes, for we have come on a festive day. Please give whatever you have on hand to your servants and to your son David.'”
9 Ɖekakpuiawo va gblɔ David ƒe nya la na Nabal.
When David's young men arrived, they said all of this to Nabal on David's behalf and then waited.
10 Ke Nabal bia be, “Ame kae nye David eye ame ka tututue Yese vi sia bu be yenye? Subɔla geɖewo li le ŋkeke siawo me, ame siwo si dzo le woƒe aƒetɔwo gbɔ.
Nabal answered David's servants, “Who is David, and who is the son of Jesse? There are many servants these days who are breaking away from their masters.
11 Ɖe matsɔ nye abolo kple nye tsi kple lã si mewu na nye fukolawo la ana ameha aɖe si tso afi si nyemenya oa?”
Should I take my bread and my water and my meat that I have killed for my shearers, and give it to men who come from I do not know where?”
12 Ale David ƒe ɖekakpuiawo trɔ gbɔ va gblɔ nya siwo Nabal gblɔ la nɛ.
So David's young men turned away and came back, and told him everything that was said.
13 David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene dze mɔ kple David eye ame alafa eve tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm.
David said to his men, “Every man strap on his sword.” So every man strapped on his sword. David also strapped on his sword. About four hundred men followed after David, and two hundred stayed by the baggage.
14 Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka yi ɖagblɔ na Nabal srɔ̃, Abigail, be, “David ɖo amewo ɖa tso gbedzi be woaƒo nu kple míaƒe aƒetɔ ke míaƒe aƒetɔ dzu wo eye wòblu ɖe wo.
But one of the young men told Abigail, Nabal's wife; he said, “David sent messengers out of the wilderness to greet our master, and he insulted them.
15 Ke ame siawo wɔ nyui na mí. Womewɔ nuvevi aɖeke mi o. Le ɣeyiɣi si katã míenɔ gbegbea kpli wo la, míaƒe naneke mebu o.
Yet the men were very good to us. We were not harmed and did not miss anything as long as we went with them when we were in the fields.
16 Wonye kpɔtɔtɔ ƒo xlã mí zã kple keli esime míenɔ míaƒe alẽhawo dzi kpɔm le wo gbɔ.
They were a wall to us both day and night, all the while we were with them tending the sheep.
17 Anyo be nàbu ta me kaba, elabena nya sesẽ aɖe le dzɔdzɔ ge ɖe míaƒe aƒetɔ kple ƒome blibo la dzi. Míaƒe aƒetɔ nye kɔlialiatɔ ale gbegbe be ame aɖeke maƒo nu nɛ wòase o.”
Therefore know this and consider what you will do, for evil is plotted against our master, and against his whole house. He is such a worthless fellow that one cannot reason with him.”
18 Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve, wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi.
Then Abigail hurried and took two hundred loaves, two bottles of wine, five sheep already prepared, five measures of parched grain, one hundred clusters of raisins, and two hundred cakes of figs, and laid them on donkeys.
19 Egblɔ na eƒe dɔlawo be, “Midze mɔ, madze mia yome” Ke megblɔ nya aɖeke na srɔ̃a, Nabal, o.
She said to her young men, “Go on before me, and I will come after you.” But she did not tell her husband Nabal.
20 Esi wònɔ eƒe tedzia dom va ɖo to aɖe ƒe balime la, David kple eƒe ameawoe nye ekem ɖiɖi gbɔna egbɔ eye wòyi ɖado go wo.
As she rode on her donkey and came down by the cover of the mountain, David and his men came down toward her, and she met them.
21 Fifi laa ko David gblɔ be, “Nye ame sia ƒe nuwo dzi kpɔkpɔ nɛ le gbea dzi be womefi eƒe naneke o nye dzodzro. Etsɔ vɔ̃ ɖo nyui si mewɔ nɛ la teƒe nam.
Now David had said, “Surely in vain have I guarded all that this man has in the wilderness, so that nothing was missed of all that belonged to him, and he has returned me evil for good.
22 Mawu nefia David eye wòagafiae ɖe edzi ɖaa ne hafi etsɔ ŋdi naɖo la, magblẽ ŋutsu aɖe ɖi nɛ agbagbe!”
May God do so to me, David, and more also, if by the morning I leave so much as one male of all who belong to him.”
23 Esi Abigail kpɔ David la, eɖi le eƒe tedzi dzi enumake eye wòde ta agu ɖe David ŋgɔ.
When Abigail saw David, she hurried and got down from her donkey and lay before David facedown and bowed herself to the ground.
24 Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si.
She lay at his feet and said, “On me alone, my master, be the guilt. Please let your servant speak to you, and listen to the words of your servant.
25 Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o.
Let not my master regard this worthless fellow, Nabal, for as his name is, so is he. Nabal is his name, and folly is with him. But I your servant did not see the young men of my master, whom you sent.
26 Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.
Now then, my master, as Yahweh lives, and as you live, since Yahweh has restrained you from bloodshed, and from avenging yourself with your own hand, now let your enemies, and those who seek to do evil to my master, be like Nabal.
27 Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo.
Now let this present that your servant has brought to my master be given to the young men who follow my master.
28 Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o.
Please forgive the trespass of your servant, for Yahweh will certainly make my master a sure house, because my master is fighting the battles of Yahweh; and evil will not be found in you so long as you live.
29 Ne amewo ati wò agbe yome hã la, ànɔ dedie le Yehowa, wò Mawu la ƒe dzikpɔkpɔ te, abe ale si ga nɔa dedie le gatɔ ƒe gakotoku me ene! Ke wò futɔwo ƒe agbe abu abe kpe si woda le aŋetu me ene.
Though men rise up to pursue you to take your life, yet the life of my master will be bound in the bundle of the living by Yahweh your God; and he will sling away the lives of your enemies, as from the pocket of a sling.
30 Ne Yehowa wɔ nyui siwo katã ŋugbe wòdo na wò eye nèzu Israel Fia la,
Yahweh will have done for my master everything he promised you, and has appointed you leader over Israel.
31 ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!”
This will not be a staggering burden for you—that you have poured out innocent blood, or because my master attempted to rescue himself. For when Yahweh will do good for my master, remember your servant.”
32 David ɖo eŋu na Abigail be, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva do gom egbe!
David said to Abigail, “May Yahweh, the God of Israel, be blessed, he who sent you to meet me today.
33 Míada akpe na Mawu le susu nyui si wòna wò la ta! Meda akpe na wò be nèɖem tso amewo ƒe ʋukɔkɔɖi kple nye asitsɔtsɔ bia hlɔ̃e la me,
Your wisdom is blessed and you are blessed, because you have kept me today from bloodshed and from avenging myself with my own hand!
34 elabena metsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na nyemewɔ nuvevi wò o la, ka atam be ne menye ɖe nèva do gom o la, Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã maganɔ agbe etsɔ ŋdi o.”
For in truth, as Yahweh, the God of Israel, lives, he who has kept me from hurting you, unless you had hurried to come meet me, there would certainly have not been left to Nabal so much as one male baby by morning.”
35 David xɔ Abigail ƒe nunana la eye wògblɔ nɛ be wòatrɔ ayi aƒe eye megavɔ̃ o elabena yemawu srɔ̃a o.
So David received from her hand what she had brought him; he said to her, “Go up in peace to your house; see, I have listened to your voice and have accepted you.”
36 Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke.
Abigail went back to Nabal; behold, he was holding a feast in his house, like the feast of a king; and Nabal's heart was merry within him, for he was very drunk. So she told him nothing at all until the morning light.
37 Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene.
It came about in the morning, when the wine had gone out of Nabal, that his wife told him these things; his heart died within him, and he became like a stone.
38 Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku.
It came about ten days later that Yahweh attacked Nabal so that he died.
39 Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.
When David heard that Nabal was dead, he said, “May Yahweh be blessed, who has taken up the cause of my insult from the hand of Nabal and has kept back his servant from evil. He has turned Nabal's evil action back on his own head.” Then David sent and spoke to Abigail, to take her to himself as wife.
40 Esi dɔlawo va ɖo Karmel eye wogblɔ nu si ta wova na Abigail la,
When David's servants had come to Abigail at Carmel, they spoke to her and said, “David has sent us to you to take you to him as his wife.”
41 elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.”
She arose, bowed herself with her face to the ground, and said, “See, your female servant is a servant to wash the feet of the servants of my master.”
42 Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃.
Abigail hurried and arose, and rode on a donkey with five servant girls of hers who followed her; and she followed David's messengers and became his wife.
43 David ɖe srɔ̃ bubu, Ahinoam, tso Yezreel hã.
Now David had also taken Ahinoam of Jezreel as a wife; both of them became his wives.
44 Ke Fia Saul zi via nyɔnu Mixal, ame si nye David srɔ̃ la, dzi wòɖe Palti, Lais vi, tso Galim.
Also, Saul had given Michal his daughter, David's wife, to Paltiel son of Laish, who was of Gallim.

< Samuel 1 25 >