< Fiawo 1 14 >

1 Le ɣe ma ɣi me la, Yeroboam ƒe vi, Abiya dze dɔ
At that time Abijah son of Jeroboam became very sick.
2 eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi.
Jeroboam said to his wife, “Please arise and disguise yourself, so you will not be recognized as my wife, and go to Shiloh, because Ahijah the prophet is there; he is the one who spoke about me, saying that I would become king over these people.
3 Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevi la dzi na wò.”
Take with you ten loaves, some cakes, and a jar of honey, and go to Ahijah. He will tell you what will happen to the child.”
4 Ale srɔ̃a yi Ahiya ƒe aƒe me le Silo. Ahiya zu ametsitsi aɖe azɔ eye megatea ŋu kpɔa nu o.
Jeroboam's wife did so; she left and went to Shiloh and came to the house of Ahijah. Now Ahijah could not see; he lost his sight because of old age.
5 Ke Yehowa ɖee fia Ahiya bena, fianyɔnu la gbɔna eɖokui trɔ ge abe ame bubu ene eye wòava egbɔ ava bia nyae tso via ŋu elabena via dze dɔ sesĩe. Yehowa gblɔ nu si wòagblɔ na nyɔnu la nɛ.
Yahweh said to Ahijah, “Look, the wife of Jeroboam is coming to seek advice from you regarding her son, for he is sick. Say such and such to her, because when she comes, she will act as if she were some other woman.”
6 Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò,
When Ahijah heard the sound of her feet as she came in at the door, he said, “Come in, wife of Jeroboam. Why do you pretend to be someone you are not? I have been sent to you with bad news.
7 gblɔ nya siawo tso Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ na srɔ̃wò be, ‘Metia wò tso ame maɖinuwo dome eye meɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
Go, tell Jeroboam that Yahweh, the God of Israel, says, 'I raised you from among the people to make you the leader over my people Israel.
8 Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ.
I tore the kingdom away from the family of David and gave it to you, yet you have not been like my servant David, who kept my commandments and followed me with all his heart, to do only what was right in my eyes.
9 Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem.
Instead, you have done evil, more than all who were before you. You have made other gods, and you have cast metal images to provoke me to anger, and have thrust me behind your back.
10 “‘Le esia ta la, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yeroboam ƒe aƒe dzi eye matsrɔ̃ ŋutsuwo katã kple eƒe alimeviwo le Israel. Matɔ dzo Yeroboam ƒe aƒe abe ale si wotɔa dzo lãwo ƒe afɔdzi tso lãkpowo me ene.
Therefore, look, I will bring disaster on your family; I will cut off from you every male child in Israel, whether slave or free, and will completely remove your family, like someone who burns up dung until it is gone.
11 Meka atam be avuwo aɖu wò ƒometɔ siwo aku le dua me eye xewo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.’”
Anyone who belongs to your family who dies in the city will be eaten by dogs, and anyone who dies in the field will be eaten by the birds of the heavens, for I, Yahweh, have said it.'
12 Ahiya gagblɔ na Yeroboam srɔ̃ be, “Yi aƒe. Ne èɖo dua me teti ko la, ɖevi la aku.
So arise, wife of Jeroboam, and go back to your home; when your feet enter the city, the child Abijah will die.
13 Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me,
All Israel will mourn for him and bury him. He is the only one from Jeroboam's family who will go into a grave, because only in him, out of Jeroboam's house, was anything good found in the sight of Yahweh, the God of Israel.
14 Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã.
Also, Yahweh will raise up a king of Israel who will cut off the family of Jeroboam on that day. Today is that day, right now.
15 Ekema Yehowa aʋuʋu Israel abe ale si tɔsisi nyamaa aƒla si ge ɖe eme la ene, aho Israel le wo fofowo ƒe anyigba nyui sia dzi eye wòakaka wo ɖe Frat tɔsisi la godo, esi wodo dɔmedzoe na Yehowa to aƒeliwo subɔsubɔ me la ta.
For Yahweh will attack Israel as a reed is shaken in the water, and he will root up Israel out of this good land that he gave to their ancestors. He will scatter them beyond the Euphrates River, because they have made their Asherah poles and provoked Yahweh to anger.
16 Yehowa agblẽe ɖi le nu vɔ̃ si Yeroboam wɔ eye wòkplɔ Israel blibo la hã de nu vɔ̃ me la ta.”
He will give Israel up because of the sins of Jeroboam, the sins that he has committed, and through which he has led Israel to sin.”
17 Yeroboam srɔ̃ trɔ yi Tirza. Esi wòɖo eƒe aƒe me ƒe agbo nu ko la, ɖevi la ku.
So Jeroboam's wife arose and left, and came to Tirzah. As she came to the threshold of her house, the child died.
18 Wofa ɖevi kuku la le anyigba blibo la dzi abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to eƒe nyagblɔɖila Ahiya dzi la ene.
All Israel buried him and mourned for him, just as it was told to them by the word of Yahweh which he had spoken by his servant Ahijah the prophet.
19 Woŋlɔ Yeroboam ƒe nuwɔna bubuawo, eƒe aʋawɔwɔwo kple nya bubu siwo dzɔ le eƒe fiaɖuɖu me la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
As for the other matters concerning Jeroboam, how he waged war and how he reigned, see, they are written in the book of the events of the kings of Israel.
20 Yeroboam ɖu fia ƒe blaeve. Esi wòku la, via Nadab ɖu fia ɖe eteƒe.
Jeroboam reigned twenty-two years and then slept with his ancestors, and Nadab his son became king in his place.
21 Le ɣeyiɣi sia me la, Rehoboam, Solomo ƒe vi nye fia le Yuda. Exɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Yehowa tia le Israel duwo katã dome be yeanɔ eme la me. Rehoboam dadae nye Naama, Amoni nyɔnu aɖe.
Now Rehoboam son of Solomon was reigning in Judah. Rehoboam was forty-one years old when he became king, and he reigned seventeen years in Jerusalem, the city that Yahweh had chosen out of all the tribes of Israel in which to put his name. His mother's name was Naamah the Ammonite woman.
22 Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã.
Judah did what was evil in the sight of Yahweh; they provoked him to jealousy with the sins that they committed, more than everything that their fathers had done.
23 Wotu nuxeƒewo, li aƒeliwo kple legbawo ɖe to kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
For they also built for themselves high places, stone pillars, and Asherah poles on every high hill and under every green tree.
24 Ŋutsu nuxeƒegbolowo hã xɔ anyigba blibo la dzi. Ame siwo nɔ Yuda la wɔ busunuwo abe trɔ̃subɔdukɔ siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be yeƒe amewo nakpɔ teƒe anɔ la ene.
There were also cultic prostitutes in the land. They did the same despicable practices as the nations that Yahweh had driven out before the people of Israel.
25 Le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu eye wòɖu edzi.
It happened in the fifth year of King Rehoboam that Shishak king of Egypt came up against Jerusalem.
26 Elɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe.
He took away the treasures in the house of Yahweh, and the treasures in the king's house. He took everything away; he also took all the shields of gold that Solomon had made.
27 Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã.
King Rehoboam made shields of bronze in their place and entrusted them into the hands of the commanders of the guard, who guarded the doors to the king's house.
28 Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
It happened that whenever the king entered the house of Yahweh, the guards would carry them; then they would bring them back into the guardhouse.
29 Woŋlɔ nyadzɔdzɔ bubuwo tso Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
As for the other matters concerning Rehoboam, and all that he did, are they not written in the book of the events of the kings of Judah?
30 Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu.
There was constant warfare between Rehoboam and Jeroboam.
31 Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe.
So Rehoboam slept with his ancestors and was buried with them in the city of David. His mother's name was Naamah the Ammonite woman. Abijah his son became king in his place.

< Fiawo 1 14 >