< Kronika 1 15 >

1 Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la, hetu agbadɔ nɛ
And David made him houses in the city of David, and prepared a place for the ark of God, and pitched for it a tent.
2 eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”
Then David said, None ought to carry the ark of God but the Levites: for them has the LORD chosen to carry the ark of God, and to minister unto him for ever.
3 Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ.
And David gathered all Israel together to Jerusalem, to bring up the ark of the LORD unto his place, which he had prepared for it.
4 Eyɔ Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu:
And David assembled the children of Aaron, and the Levites:
5 Ame alafa ɖeka blaeve tso Kohat ƒe viwo dome, woƒe Nunɔlae nye Uriel.
Of the sons of Kohath; Uriel the chief, and his brethren an hundred and twenty:
6 Ame alafa eve blaeve si nu, Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome.
Of the sons of Merari; Asaiah the chief, and his brethren two hundred and twenty:
7 Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ siwo nu, Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome.
Of the sons of Gershom; Joel the chief and his brethren an hundred and thirty:
8 Ame alafa eve siwo nu, Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome.
Of the sons of Elizaphan; Shemaiah the chief, and his brethren two hundred:
9 Ame blaenyi, ame siwo nu, Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome,
Of the sons of Hebron; Eliel the chief, and his brethren fourscore:
10 eye ame alafa ɖeka wuieve siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome.
Of the sons of Uzziel; Amminadab the chief, and his brethren an hundred and twelve.
11 David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo
And David called for Zadok and Abiathar the priests, and for the Levites, for Uriel, Asaiah, and Joel, Shemaiah, and Eliel, and Amminadab,
12 eye wògblɔ na wo be, “Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ.
And said unto them, All of you are the chief of the fathers of the Levites: sanctify yourselves, both all of you and your brethren, that all of you may bring up the ark of the LORD God of Israel unto the place that I have prepared for it.
13 Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.”
For because all of you did it not at the first, the LORD our God made a breach upon us, for that we sought him not after the due order.
14 Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu.
So the priests and the Levites sanctified themselves to bring up the ark of the LORD God of Israel.
15 Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu.
And the children of the Levites bare the ark of God upon their shoulders with the staves thereon, as Moses commanded according to the word of the LORD.
16 Fia David na Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo ƒe ɖiɖi ŋu.
And David spoke to the chief of the Levites to appoint their brethren to be the singers with instruments of music, psalteries and harps and cymbals, sounding, by lifting up the voice with joy.
17 Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi, tso Merari ƒe viwo dome.
So the Levites appointed Heman the son of Joel; and of his brethren, Asaph the son of Berechiah; and of the sons of Merari their brethren, Ethan the son of Kushaiah;
18 Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
And with them their brethren of the second degree, Zechariah, Ben, and Jaaziel, and Shemiramoth, and Jehiel, and Unni, Eliab, and Benaiah, and Maaseiah, and Mattithiah, and Elipheleh, and Mikneiah, and Obededom, and Jeiel, the porters.
19 Wotia Heman, Asaf kple Etan be woaƒo akɔbligakogoewo
So the singers, Heman, Asaph, and Ethan, were appointed to sound with cymbals of brass;
20 eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu.
And Zechariah, and Aziel, and Shemiramoth, and Jehiel, and Unni, and Eliab, and Maaseiah, and Benaiah, with psalteries on Alamoth;
21 Ame siwo wotia be woaƒo kasaŋku gbegãtɔwo ɖe seminit ƒe gbeɖiɖi nu woe nye: Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom, Yeiel kple Azazia.
And Mattithiah, and Elipheleh, and Mikneiah, and Obededom, and Jeiel, and Azaziah, with harps on the Sheminith to excel.
22 Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta.
And Chenaniah, chief of the Levites, was for song: he instructed about the song, because he was skilful.
23 Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la ŋu dzɔlawo.
And Berechiah and Elkanah were doorkeepers for the ark.
24 Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu.
And Shebaniah, and Jehoshaphat, and Nethaneel, and Amasai, and Zechariah, and Benaiah, and Eliezer, the priests, did blow with the trumpets before the ark of God: and Obededom and Jehiah were doorkeepers for the ark.
25 Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso.
So David, and the elders of Israel, and the captains over thousands, went to bring up the ark of the covenant of the LORD out of the house of Obededom with joy.
26 Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.
And it came to pass, when God helped the Levites that bare the ark of the covenant of the LORD, that they offered seven bullocks and seven rams.
27 Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi.
And David was clothed with a robe of fine linen, and all the Levites that bare the ark, and the singers, and Chenaniah the master of the song with the singers: David also had upon him an ephod of linen.
28 Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem.
Thus all Israel brought up the ark of the covenant of the LORD with shouting, and with sound of the cornet, and with trumpets, and with cymbals, making a noise with psalteries and harps.
29 Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime.
And it came to pass, as the ark of the covenant of the LORD came to the city of David, that Michal, the daughter of Saul looking out at a window saw king David dancing and playing: and she despised him in her heart.

< Kronika 1 15 >