< Luke 8 >

1 And it was don aftirward, and Jhesus made iourney bi citees and castels, prechynge and euangelisynge the rewme of God, and twelue with hym;
Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui la.
2 and sum wymmen that weren heelid of wickid spiritis and sijknessis, Marie, that is clepid Maudeleyn, of whom seuene deuelis wenten out,
Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le,
3 and Joone, the wijf of Chuse, the procuratoure of Eroude, and Susanne, and many othir, that mynystriden to hym of her ritchesse.
Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.
4 And whanne myche puple was come togidir, and men hiyeden to hym fro the citees, he seide bi a symylitude,
Gbe ɖeka esi ame geɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu be yewoase eƒe nyawo, eye bubuwo hã ganɔ mɔ dzi gbɔna tso du bubuwo me la, edo lo sia na wo be,
5 He that sowith, yede out to sowe his seed. And while he sowith, sum fel bisidis the weie, and was defoulid, and briddis of the eir eten it.
“Agbledela aɖe yi eƒe agble me be yeaƒã nuku. Esi wònɔ nukuawo wum la, ɖewo ge ɖe mɔƒome, eye amewo va zɔ wo dzi. Xeviwo hã va fɔ wo mi.
6 And othir fel on a stoon, and it sprunge vp, and driede, for it hadde not moysture.
Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me, gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩi afi si woakpɔ tsi le o.
7 And othir fel among thornes, and the thornes sprongen vp togider, and strangliden it.
Bubuwo ge ɖe ŋugbewo me, eye womie kple ŋuawo, gake ŋuawo va vu tsyɔ̃ wo dzi, eye wotsrɔ̃.
8 And othir fel in to good erthe, and it sprungun made an hundrid foold fruyt. He seide these thingis, and criede, He that hath eeris of heryng, here he.
Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.” Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la, egblɔ be, “Ame si to senu li na la nesee.”
9 But hise disciplis axiden him, what this parable was.
Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be wòaɖe lododo la gɔme na yewo.
10 And he seide to hem, To you it is grauntid to knowe the pryuete of the kyngdom of God; but to othir men in parablis, that thei seynge se not, and thei herynge vndurstonde not.
Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’”
11 And this is the parable.
Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye esi, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ vɛ na amegbetɔwo.
12 The seed is Goddis word; and thei that ben bisidis the weie, ben these that heren; and aftirward the feend cometh, and takith awei the word fro her herte, lest thei bileuynge be maad saaf.
Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya, gake Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me ale be wometea ŋu xɔa edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o.
13 But thei that fel on a stoon, ben these that whanne thei han herd, resseyuen the word with ioye. And these han not rootis; for at a tyme thei bileuen, and in tyme of temptacioun thei goen awei.
Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake metoa ke ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Woxɔna sena ɣeyiɣi aɖe, ke le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogbɔdzɔna.
14 But that that fel among thornes, ben these that herden, and of bisynessis, and ritchessis, and lustis of lijf thei gon forth, and ben stranglid, and bryngen forth no fruyt.
Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔ̃a nya la dzi le woƒe dziwo me, ale be wometsea ku ɖina o.
15 But that that fel in to good erthe, ben these that, in a good herte, and best heren the word, and holdun, and brengen forth fruyt in pacience.
Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.”
16 No man lityneth a lanterne, and hilith it with a vessel, or puttith it vndur a bed, but on a candilstike, that men that entren seen liyt.
Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu.
17 For ther is no priuei thing, which schal not be openyd, nether hid thing, which schal not be knowun, and come in to open.
Esia fia be gbe ɖeka la, woahe nu sia nu si le amewo ƒe dzi me la ɖe gaglãgbe be ame sia ame nakpɔ.
18 Therfor se ye, hou ye heren; for it schal be youun to hym that hath, and who euer hath not, also that that he weneth that he haue, schal be takun awei fro hym.
Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”
19 And his modir and britheren camen to hym; and thei myyten not come to hym for the puple.
Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Amewo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu te ɖe eŋu o.
20 And it was teeld to hym, Thi modir and thi britheren stonden with outforth, willynge to se thee.
Ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ.
21 And he answeride, and seide to hem, My modir and my britheren ben these, that heren the word of God, and doon it.
Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, egblɔ be, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la, eye wowɔna ɖe edzi hã.”
22 And it was don in oon of daies, he wente vp in to a boot, and hise disciplis. And he seide to hem, Passe we ouer the see. And thei wenten vp.
Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi.
23 And while thei rowiden, he slepte. And a tempest of wynde cam doun in to the watir, and thei weren dryuun hidur and thidur with wawis, and weren in perel.
Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.
24 And thei camen nyy, and reisiden hym, and seiden, Comaundoure, we perischen. And he roos, and blamyde the wynde, and the tempest of the watir; and it ceesside, and pesibilte was maad.
Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!” Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.
25 And he seide to hem, Where is youre feith? Which dredynge wondriden, and seiden togidir, Who, gessist thou, is this? for he comaundith to wyndis and to the see, and thei obeien to hym.
Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”
26 And thei rowiden to the cuntree of Gerasenus, that is ayens Galilee.
Wova ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba si le Galilea ƒua godo la dzi.
27 And whanne he wente out to the loond, a man ran to hym, that hadde a deuel long tyme, and he was not clothid with cloth, nether dwellide in hous, but in sepulcris.
Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna.
28 This, whanne he saiy Jhesu, fel doun bifor hym, and he criynge with a greet vois seide, What to me and to thee, Jhesu, the sone of the hiyest God? Y biseche thee, that thou turmente `not me.
Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!”
29 For he comaundide the vncleene spirit, that he schulde go out fro the man. For he took hym ofte tymes, and he was boundun with cheynes, and kept in stockis, and, whanne the boondis weren brokun, he was lad of deuelis in to desert.
Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe.
30 And Jhesus axide hym, and seide, What name is to thee? And he seide, A legioun; for many deuelis weren entrid in to hym.
Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme.
31 And thei preyden hym, that he schulde not comaunde hem, that thei schulden go in to helle. (Abyssos g12)
Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o. (Abyssos g12)
32 And there was a flok of many swyne lesewynge in an hil, and thei preieden hym, that he schulde suffre hem to entre in to hem. And he suffride hem.
Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo.
33 And so the deuelis wenten out fro the man, and entriden in to the swyne; and with a birre the flok wente heedlyng in to the pool, and was drenchid.
Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku.
34 And whanne the hirdis sayn this thing don, thei flowen, and tolden in to the cite, and in to the townes.
Esi hakplɔlawo kpɔ nu siwo dzɔ la, wolé du tsɔ sesĩe tu ta duwo kple kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo.
35 And thei yeden out to se that thing that was don. And thei camen to Jhesu, and thei founden the man sittynge clothid, fro whom the deuelis wenten out, and in hool mynde at hise feet; and thei dredden.
Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã.
36 And thei that sayn tolden to hem, hou he was maad hool of the legioun.
Ame siwo kpɔ ale si Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la ŋui la gblɔe na wo tɔ bubuawo.
37 And al the multitude of the cuntre of Gerasenus preiede hym, that he schulde go fro hem, for thei werun holdun with greet drede. He wente vp in to a boot, and turnede ayen.
Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.
38 And the man of whom the deuelis weren gon out, preide hym, that he schulde be with hym. Jhesus lefte hym,
Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be,
39 and seide, Go ayen in to thin hous, and telle hou grete thingis God hath don to thee. And he wente thorow al the cite, and prechide, hou grete thingis Jhesus hadde don to hym.
“Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo.
40 And it was don, whanne Jhesus was gon ayen, the puple resseyuede hym; for alle weren abidynge hym.
Ke esi Yesu trɔ va la, ameha la xɔe atuu, elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo.
41 And lo! a man, to whom the name was Jayrus, and he was prynce of a synagoge; and he fel doun at the feet of Jhesu, and preiede hym, that he schulde entre in to his hous,
Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me,
42 for he hadde but o douyter `almost of twelue yeer eelde, and sche was deed. And it bifel, the while he wente, he was thrungun of the puple.
elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo.
43 And a womman that hadde a flux of blood twelue yeer, and hadde spendid al hir catel in leechis, and sche miyte not be curid of ony,
Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o.
44 and sche cam nyy bihynde, and touchide the hem of his cloth, and anoon the fluxe of hir blood ceesside.
Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.
45 And Jhesus seide, Who is that touchide me? And whanne alle men denyeden, Petre seide, and thei that weren with hym, Comaundour, the puple thristen, and disesen thee, and thou seist, Who touchide me?
Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?”
46 And Jhesus seide, Summan hath touchid me, for that vertu yede out of me.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye.”
47 And the womman seynge, that it was not hid fro hym, cam tremblynge, and fel doun at hise feet, and for what cause sche hadde touchid hym sche schewide bifor al the puple, and hou anoon sche was helid.
Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ.
48 And he seide to hir, Douytir, thi feith hath maad thee saaf; go thou in pees.
Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”
49 And yit while he spak, a man cam fro the prince of the synagoge, and seide to hym, Thi douytir is deed, nyle thou trauel the maister.
Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o.”
50 And whanne this word was herd, Jhesus answeride to the fadir of the damysel, Nyle thou drede, but bileue thou oonli, and sche schal be saaf.
Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.”
51 And whanne he cam to the hous, he suffride no man to entre with hym, but Petir and Joon and James, and the fadir and the modir of the damysel.
Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko.
52 And alle wepten, and biweileden hir. And he seide, Nyle ye wepe, for the damysel is not deed, but slepith.
Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!”
53 And thei scorneden hym, and wisten that sche was deed.
Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku.
54 But he helde hir hoond, and criede, and seide, Damysel, rise vp.
Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tsitre.”
55 And hir spirit turnede ayen, and sche roos anoon. And he comaundide to yyue to hir to ete.
Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!”
56 And hir fadir and modir wondriden greetli; and he comaundide hem, that thei schulden not seie to ony that thing that was don.
Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.

< Luke 8 >