< Genesis 44 >

1 He commanded the steward of his house, saying, “Fill the men’s sacks with food, as much as they can carry, and put each man’s money in his sack’s mouth.
Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me!
2 Put my cup, the silver cup, in the sack’s mouth of the youngest, with his grain money.” He did according to the word that Joseph had spoken.
Egblɔ nɛ hã be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la wɔ ɖe nu siwo Yosef gblɔ nɛ la dzi.
3 As soon as the morning was light, the men were sent away, they and their donkeys.
Nɔviawo fɔ fɔŋli, eye wodze mɔ kple woƒe tedziawo.
4 When they had gone out of the city, and were not yet far off, Joseph said to his steward, “Up, follow after the men. When you overtake them, ask them, ‘Why have you rewarded evil for good?
Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, “Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo dɔ me na wo nenema mahã?
5 Isn’t this that from which my lord drinks, and by which he indeed divines? You have done evil in so doing.’”
Bia wo be, ‘Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu dɔ hena nukaka mahã? Nu vɔ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’”
6 He overtook them, and he spoke these words to them.
Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo nɛ tututu ene.
7 They said to him, “Why does my lord speak such words as these? Far be it from your servants that they should do such a thing!
Wobiae be, “Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ.
8 Behold, the money, which we found in our sacks’ mouths, we brought again to you out of the land of Canaan. How then should we steal silver or gold out of your lord’s house?
Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo?
9 With whomever of your servants it is found, let him die, and we also will be my lord’s slaves.”
Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna mí ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na wò aƒetɔ tegbetegbe.”
10 He said, “Now also let it be according to your words. He with whom it is found will be my slave; and you will be blameless.”
Aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Enyo nenema, gake ame si fii la koe azu kluvi, eye ame bubuawo ate ŋu adzo faa.”
11 Then they hurried, and each man took his sack down to the ground, and each man opened his sack.
Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu.
12 He searched, beginning with the oldest, and ending at the youngest. The cup was found in Benjamin’s sack.
Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi nɔ yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me!
13 Then they tore their clothes, and each man loaded his donkey, and returned to the city.
Wodze woƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Wogado agba na woƒe tedziwo, eye wogatrɔ yi dua me.
14 Judah and his brothers came to Joseph’s house, and he was still there. They fell on the ground before him.
Yosef ganɔ eƒe aƒe me esime Yuda kple nɔviawo trɔ va ɖo, eye wodze klo de ta agu nɛ.
15 Joseph said to them, “What deed is this that you have done? Don’t you know that such a man as I can indeed do divination?”
Yosef bia be, “Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?”
16 Judah said, “What will we tell my lord? What will we speak? How will we clear ourselves? God has found out the iniquity of your servants. Behold, we are my lord’s slaves, both we and he also in whose hand the cup is found.”
Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.”
17 He said, “Far be it from me that I should do so. The man in whose hand the cup is found, he will be my slave; but as for you, go up in peace to your father.”
Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.”
18 Then Judah came near to him, and said, “Oh, my lord, please let your servant speak a word in my lord’s ears, and don’t let your anger burn against your servant; for you are even as Pharaoh.
Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, “O, nye aƒetɔ, ɖe mɔ nam magblɔ nya ɖeka sia ko na wò. Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene.
19 My lord asked his servants, saying, ‘Have you a father, or a brother?’
“Aƒetɔ, èbia mí be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã,
20 We said to my lord, ‘We have a father, an old man, and a child of his old age, a little one; and his brother is dead, and he alone is left of his mother; and his father loves him.’
eye míegblɔ be, ‘Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe hã li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa lɔ̃e ŋutɔ.’
21 You said to your servants, ‘Bring him down to me, that I may set my eyes on him.’
Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’
22 We said to my lord, ‘The boy can’t leave his father, for if he should leave his father, his father would die.’
Ke megblɔ na wò be, ‘Aƒetɔ, ɖevi la mate ŋu adzo le fofoa gbɔ o, elabena eƒe dzodzo ana fofoa naku.’
23 You said to your servants, ‘Unless your youngest brother comes down with you, you will see my face no more.’
Ke ègblɔ na mí be, ‘Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.’
24 When we came up to your servant my father, we told him the words of my lord.
Ale míetrɔ yi wò dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si wò nye aƒetɔ gblɔ la nɛ.
25 Our father said, ‘Go again and buy us a little food.’
Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la,
26 We said, ‘We can’t go down. If our youngest brother is with us, then we will go down: for we may not see the man’s face, unless our youngest brother is with us.’
míegblɔ be, ‘Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe mɔ na mí míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.’
27 Your servant, my father, said to us, ‘You know that my wife bore me two sons.
“Ale mía fofo gblɔ na mí be, ‘Mienya be viŋutsu evee dadaa dzi nam,
28 One went out from me, and I said, “Surely he is torn in pieces;” and I haven’t seen him since.
eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: lã aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o.
29 If you take this one also from me, and harm happens to him, you will bring down my gray hairs with sorrow to Sheol.’ (Sheol h7585)
Ne miegakplɔ nɔvia hã dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.’ (Sheol h7585)
30 Now therefore when I come to your servant my father, and the boy is not with us; since his life is bound up in the boy’s life;
Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o,
31 it will happen, when he sees that the boy is no more, that he will die. Your servants will bring down the gray hairs of your servant, our father, with sorrow to Sheol. (Sheol h7585)
ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli mí o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi yɔ me kple nuxaxa. (Sheol h7585)
32 For your servant became collateral for the boy to my father, saying, ‘If I don’t bring him to you, then I will bear the blame to my father forever.’
Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ nɛ be, ‘Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!’
33 Now therefore, please let your servant stay instead of the boy, my lord’s slave; and let the boy go up with his brothers.
Meɖe kuku na wò, na matsi afi sia abe wò kluvi ene ɖe ɖevi la teƒe, eye nàna ɖevi la natrɔ kple nɔvia bubuawo.
34 For how will I go up to my father, if the boy isn’t with me?—lest I see the evil that will come on my father.”
Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o.”

< Genesis 44 >