< Deuteronomy 1 >

1 These are the words which Moses spoke to all Israel beyond the Jordan in the wilderness, in the Arabah opposite Suf, between Paran, Tophel, Laban, Hazeroth, and Dizahab.
Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome.
2 It is eleven days’ journey from Horeb by the way of Mount Seir to Kadesh Barnea.
Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli.
3 In the fortieth year, in the eleventh month, on the first day of the month, Moses spoke to the children of Israel according to all that the LORD had given him in commandment to them,
Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu.
4 after he had struck Sihon the king of the Amorites who lived in Heshbon, and Og the king of Bashan who lived in Ashtaroth, at Edrei.
Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe.
5 Beyond the Jordan, in the land of Moab, Moses began to declare this law, saying,
Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be:
6 “The LORD our God spoke to us in Horeb, saying, ‘You have lived long enough at this mountain.
Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi.
7 Turn, and take your journey, and go to the hill country of the Amorites and to all the places near there: in the Arabah, in the hill country, in the lowland, in the South, by the seashore, in the land of the Canaanites, and in Lebanon as far as the great river, the river Euphrates.
Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu.
8 Behold, I have set the land before you. Go in and possess the land which the LORD swore to your fathers—to Abraham, to Isaac, and to Jacob—to give to them and to their offspring after them.’”
Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”
9 I spoke to you at that time, saying, “I am not able to bear you myself alone.
Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na ameawo be, “Mehiã kpeɖeŋutɔ! Mienye agba gã aɖe nam be nye ɖeka matsɔ,
10 The LORD your God has multiplied you, and behold, you are today as the stars of the sky for multitude.
elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene!
11 May the LORD, the God of your fathers, make you a thousand times as many as you are and bless you, as he has promised you!
Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene.
12 How can I myself alone bear your problems, your burdens, and your strife?
Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti?
13 Take wise men of understanding who are respected among your tribes, and I will make them heads over you.”
Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.”
14 You answered me, and said, “The thing which you have spoken is good to do.”
Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.”
15 So I took the heads of your tribes, wise and respected men, and made them heads over you, captains of thousands, captains of hundreds, captains of fifties, captains of tens, and officers, according to your tribes.
Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.
16 I commanded your judges at that time, saying, “Hear cases between your brothers and judge righteously between a man and his brother, and the foreigner who is living with him.
Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã.
17 You shall not show partiality in judgment; you shall hear the small and the great alike. You shall not be afraid of the face of man, for the judgment is God’s. The case that is too hard for you, you shall bring to me, and I will hear it.”
Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’
18 I commanded you at that time all the things which you should do.
Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.”
19 We traveled from Horeb and went through all that great and terrible wilderness which you saw, by the way to the hill country of the Amorites, as the LORD our God commanded us; and we came to Kadesh Barnea.
Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi.
20 I said to you, “You have come to the hill country of the Amorites, which the LORD our God gives to us.
Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí.
21 Behold, the LORD your God has set the land before you. Go up, take possession, as the LORD the God of your fathers has spoken to you. Don’t be afraid, neither be dismayed.”
Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.”
22 You came near to me, everyone of you, and said, “Let’s send men before us, that they may search the land for us, and bring back to us word of the way by which we must go up, and the cities to which we shall come.”
Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.”
23 The thing pleased me well. I took twelve of your men, one man for every tribe.
Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me.
24 They turned and went up into the hill country, and came to the valley of Eshcol, and spied it out.
Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime.
25 They took some of the fruit of the land in their hands and brought it down to us, and brought us word again, and said, “It is a good land which the LORD our God gives to us.”
Wotsɔ afi ma ƒe kutsetse aɖewo gbɔe. Wotsɔ wo vɛ na mí eye wogblɔ be, “Míedze sii enumake be anyigba nyui aɖe ŋutɔe Yehowa, míaƒe Mawu la na mí.”
26 Yet you wouldn’t go up, but rebelled against the commandment of the LORD your God.
Ke ameawo gbe be yewomayi anyigba la dzi o, eya ta wotsi tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ɖoɖo ŋuti.
27 You murmured in your tents, and said, “Because the LORD hated us, he has brought us out of the land of Egypt, to deliver us into the hand of the Amorites to destroy us.
Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí.
28 Where are we going up? Our brothers have made our heart melt, saying, ‘The people are greater and taller than we. The cities are great and fortified up to the sky. Moreover we have seen the sons of the Anakim there!’”
Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’”
29 Then I said to you, “Don’t be terrified. Don’t be afraid of them.
Ke megblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o!
30 The LORD your God, who goes before you, he will fight for you, according to all that he did for you in Egypt before your eyes,
Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene.
31 and in the wilderness where you have seen how that the LORD your God carried you, as a man carries his son, in all the way that you went, until you came to this place.”
Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!”
32 Yet in this thing you didn’t believe the LORD your God,
Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o,
33 who went before you on the way, to seek out a place for you to pitch your tents in: in fire by night, to show you by what way you should go, and in the cloud by day.
evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.
34 The LORD heard the voice of your words and was angry, and swore, saying,
Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be,
35 “Surely not one of these men of this evil generation shall see the good land which I swore to give to your fathers,
“Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o,
36 except Caleb the son of Jephunneh. He shall see it. I will give the land that he has trodden on to him and to his children, because he has wholly followed the LORD.”
negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.”
37 Also the LORD was angry with me for your sakes, saying, “You also shall not go in there.
Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o!
38 Joshua the son of Nun, who stands before you, shall go in there. Encourage him, for he shall cause Israel to inherit it.
Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ.
39 Moreover your little ones, whom you said would be captured or killed, your children, who today have no knowledge of good or evil, shall go in there. I will give it to them, and they shall possess it.
Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi.
40 But as for you, turn, and take your journey into the wilderness by the way to the Sea of Suf.”
Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”
41 Then you answered and said to me, “We have sinned against the LORD. We will go up and fight, according to all that the LORD our God commanded us.” Every man of you put on his weapons of war, and presumed to go up into the hill country.
Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe.
42 The LORD said to me, “Tell them, ‘Don’t go up and don’t fight; for I am not among you, lest you be struck before your enemies.’”
Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’”
43 So I spoke to you, and you didn’t listen; but you rebelled against the commandment of the LORD, and were presumptuous, and went up into the hill country.
Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ.
44 The Amorites, who lived in that hill country, came out against you and chased you as bees do, and beat you down in Seir, even to Hormah.
Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma.
45 You returned and wept before the LORD, but the LORD didn’t listen to your voice, nor turn his ear to you.
Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o.
46 So you stayed in Kadesh many days, according to the days that you remained.
Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe.

< Deuteronomy 1 >