< Deuteronomy 4 >

1 Now, Israel, listen to the statutes and to the ordinances which I teach you, to do them, that you may live and go in and possess the land which the LORD, the God of your fathers, gives you.
“O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam.
2 You shall not add to the word which I command you, neither shall you take away from it, that you may keep the commandments of the LORD your God which I command you.
Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi.
3 Your eyes have seen what the LORD did because of Baal Peor; for the LORD your God has destroyed all the men who followed Baal Peor from among you.
Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome.
4 But you who were faithful to the LORD your God are all alive today.
Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe.
5 Behold, I have taught you statutes and ordinances, even as the LORD my God commanded me, that you should do so in the middle of the land where you go in to possess it.
“Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi.
6 Keep therefore and do them; for this is your wisdom and your understanding in the sight of the peoples who shall hear all these statutes and say, “Surely this great nation is a wise and understanding people.”
Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’
7 For what great nation is there that has a god so near to them as the LORD our God is whenever we call on him?
Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene?
8 What great nation is there that has statutes and ordinances so righteous as all this law which I set before you today?
Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene?
9 Only be careful, and keep your soul diligently, lest you forget the things which your eyes saw, and lest they depart from your heart all the days of your life; but make them known to your children and your children’s children—
Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.
10 the day that you stood before the LORD your God in Horeb, when the LORD said to me, “Assemble the people to me, and I will make them hear my words, that they may learn to fear me all the days that they live on the earth, and that they may teach their children.”
“Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’
11 You came near and stood under the mountain. The mountain burned with fire to the heart of the sky, with darkness, cloud, and thick darkness.
Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la.
12 The LORD spoke to you out of the middle of the fire: you heard the voice of words, but you saw no form; you only heard a voice.
Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise.
13 He declared to you his covenant, which he commanded you to perform, even the ten commandments. He wrote them on two stone tablets.
Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi.
14 The LORD commanded me at that time to teach you statutes and ordinances, that you might do them in the land where you go over to possess it.
Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.”
15 Be very careful, for you saw no kind of form on the day that the LORD spoke to you in Horeb out of the middle of the fire,
“Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie,
16 lest you corrupt yourselves, and make yourself a carved image in the form of any figure, the likeness of male or female,
ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o,
17 the likeness of any animal that is on the earth, the likeness of any winged bird that flies in the sky,
alo wòɖi lã aɖe le anyigba dzi alo xevi dzodzoe aɖeke loo alo
18 the likeness of anything that creeps on the ground, the likeness of any fish that is in the water under the earth;
lã sue si ƒua du le anyigba alo tɔmelã o.
19 and lest you lift up your eyes to the sky, and when you see the sun and the moon and the stars, even all the army of the sky, you are drawn away and worship them, and serve them, which the LORD your God has allotted to all the peoples under the whole sky.
Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o.
20 But the LORD has taken you, and brought you out of the iron furnace, out of Egypt, to be to him a people of inheritance, as it is today.
Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe.
21 Furthermore the LORD was angry with me for your sakes, and swore that I should not go over the Jordan, and that I should not go in to that good land which the LORD your God gives you for an inheritance;
Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o.
22 but I must die in this land. I must not go over the Jordan, but you shall go over and possess that good land.
Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi.
23 Be careful, lest you forget the covenant of the LORD your God, which he made with you, and make yourselves a carved image in the form of anything which the LORD your God has forbidden you.
Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu.
24 For the LORD your God is a devouring fire, a jealous God.
Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu.
25 When you father children and children’s children, and you have been long in the land, and then corrupt yourselves, and make a carved image in the form of anything, and do that which is evil in the LORD your God’s sight to provoke him to anger,
“Ne mieva nɔ anyigba la dzi eteƒe didi, ne miedzi mia viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo to legbawo wɔwɔ me, eye Yehowa miaƒe Mawu la do dɔmedzoe ɖe mia ŋu kaɖikaɖi le miaƒe nu vɔ̃wo ta la,
26 I call heaven and earth to witness against you today, that you will soon utterly perish from off the land which you go over the Jordan to possess it. You will not prolong your days on it, but will utterly be destroyed.
ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ.
27 The LORD will scatter you among the peoples, and you will be left few in number among the nations where the LORD will lead you away.
Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o.
28 There you will serve gods, the work of men’s hands, wood and stone, which neither see, nor hear, nor eat, nor smell.
Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o.
29 But from there you shall seek the LORD your God, and you will find him when you search after him with all your heart and with all your soul.
“Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo.
30 When you are in oppression, and all these things have come on you, in the latter days you shall return to the LORD your God and listen to his voice.
Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ,
31 For the LORD your God is a merciful God. He will not fail you nor destroy you, nor forget the covenant of your fathers which he swore to them.
elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.”
32 For ask now of the days that are past, which were before you, since the day that God created man on the earth, and from the one end of the sky to the other, whether there has been anything as great as this thing is, or has been heard like it?
“Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã.
33 Did a people ever hear the voice of God speaking out of the middle of the fire, as you have heard, and live?
Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali!
34 Or has God tried to go and take a nation for himself from among another nation, by trials, by signs, by wonders, by war, by a mighty hand, by an outstretched arm, and by great terrors, according to all that the LORD your God did for you in Egypt before your eyes?
Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume.
35 It was shown to you so that you might know that the LORD is God. There is no one else besides him.
Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o.
36 Out of heaven he made you to hear his voice, that he might instruct you. On earth he made you to see his great fire; and you heard his words out of the middle of the fire.
Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina.
37 Because he loved your fathers, therefore he chose their offspring after them, and brought you out with his presence, with his great power, out of Egypt;
“Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia.
38 to drive out nations from before you greater and mightier than you, to bring you in, to give you their land for an inheritance, as it is today.
Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene.
39 Know therefore today, and take it to heart, that the LORD himself is God in heaven above and on the earth beneath. There is no one else.
Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o!
40 You shall keep his statutes and his commandments which I command you today, that it may go well with you and with your children after you, and that you may prolong your days in the land which the LORD your God gives you for all time.
Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.”
41 Then Moses set apart three cities beyond the Jordan toward the sunrise,
Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo,
42 that the man slayer might flee there, who kills his neighbor unintentionally and didn’t hate him in time past, and that fleeing to one of these cities he might live:
ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie.
43 Bezer in the wilderness, in the plain country, for the Reubenites; and Ramoth in Gilead for the Gadites; and Golan in Bashan for the Manassites.
Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo.
44 This is the law which Moses set before the children of Israel.
Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo,
45 These are the testimonies, and the statutes, and the ordinances which Moses spoke to the children of Israel when they came out of Egypt,
esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe
46 beyond the Jordan, in the valley opposite Beth Peor, in the land of Sihon king of the Amorites, who lived at Heshbon, whom Moses and the children of Israel struck when they came out of Egypt.
Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo.
47 They took possession of his land and the land of Og king of Bashan, the two kings of the Amorites, who were beyond the Jordan toward the sunrise;
Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
48 from Aroer, which is on the edge of the valley of the Arnon, even to Mount Zion (also called Hermon),
Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ
49 and all the Arabah beyond the Jordan eastward, even to the sea of the Arabah, under the slopes of Pisgah.
kple Arabanyigba la katã, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe yi Dzeƒu la nu, le Pisga to la te.

< Deuteronomy 4 >