< 2 Samuel 1 >

1 After the death of Saul, when David had returned from the slaughter of the Amalekites, and David had stayed two days in Ziklag,
Le Saul ƒe ku megbe la. David trɔ va Ziklag le esime wòɖu Amalekitɔwo dzi vɔ megbe eye wònɔ afi ma ŋkeke eve.
2 on the third day, behold, a man came out of the camp from Saul, with his clothes torn and earth on his head. When he came to David, he fell to the earth and showed respect.
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, ame aɖe tso Saul ƒe asaɖa me eƒe awuwo vuvu eye ke nɔ tame nɛ. Ede ta agu eye wòbɔbɔ ɖe David ŋkume kple bubu.
3 David said to him, “Where do you come from?” He said to him, “I have escaped out of the camp of Israel.”
David biae be, “Afi ka nètso?” Eɖo eŋu be, “Mesi tso Israel ƒe asaɖa me.”
4 David said to him, “How did it go? Please tell me.” He answered, “The people have fled from the battle, and many of the people also have fallen and are dead. Saul and Jonathan his son are dead also.”
David yi edzi be, “Nya kae dzɔ? Gblɔe nam.” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aʋa si ameawo eye wo dometɔ geɖewo ku. Saul kple via Yonatan hã ku.”
5 David said to the young man who told him, “How do you know that Saul and Jonathan his son are dead?”
Tete David bia ɖekakpui si tsɔ du la vɛ nɛ la be: “Aleke nèwɔ nya be Saul kple via Yonatan ku?”
6 The young man who told him said, “As I happened by chance on Mount Gilboa, behold, Saul was leaning on his spear; and behold, the chariots and the horsemen followed close behind him.
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Menɔ Gilboa to la dzi eye mekpɔ Saul wòtɔ eɖokui ɖe eƒe akplɔ nu le esime futɔwo ƒe tasiaɖamwo nɔ to ɖem ɖee.
7 When he looked behind him, he saw me and called to me. I answered, ‘Here I am.’
Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’
8 He said to me, ‘Who are you?’ I answered him, ‘I am an Amalekite.’
“Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’
9 He said to me, ‘Please stand beside me, and kill me, for anguish has taken hold of me because my life lingers in me.’
“Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’
10 So I stood beside him and killed him, because I was sure that he could not live after he had fallen. I took the crown that was on his head and the bracelet that was on his arm, and have brought them here to my lord.”
“Ale mete ɖe eŋu hewui elabena menyae be ale si wòdze anyii la, maganɔ agbe o. Meɖe fiakuku la le ta nɛ kple abɔga si wòdo eye metsɔ wo va afii na nye aƒetɔ.”
11 Then David took hold on his clothes and tore them; and all the men who were with him did likewise.
David kple eƒe amewo dze woƒe awuwo esi wose nya sia.
12 They mourned, wept, and fasted until evening for Saul and for Jonathan his son, and for the people of the LORD, and for the house of Israel, because they had fallen by the sword.
Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu.
13 David said to the young man who told him, “Where are you from?” He answered, “I am the son of a foreigner, an Amalekite.”
David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.”
14 David said to him, “Why were you not afraid to stretch out your hand to destroy the LORD’s anointed?”
David biae be, “Nu ka ŋuti mèvɔ̃ o eye nèdo wò asi ɖa wu Yehowa ƒe amesiamina la?”
15 David called one of the young men and said, “Go near, and cut him down!” He struck him so that he died.
Enumake David yɔ eƒe amewo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàƒu nui ƒu anyi!” Ale wòyi ɖaƒu nui ƒu anyi eye wòku.
16 David said to him, “Your blood be on your head, for your mouth has testified against you, saying, ‘I have slain the LORD’s anointed.’”
Elabena David gblɔ nɛ be, “Wò ʋu ava wò ŋutɔ wò ta dzi. Wò ŋutɔ wò nue ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò esi negblɔ be, ‘Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.’”
17 David lamented with this lamentation over Saul and over Jonathan his son
David kpa konyifaha sia tso Saul kple via Yonatan ŋu
18 (and he commanded them to teach the children of Judah the song of the bow; behold, it is written in the book of Jashar):
eye wòde se na Yuda ŋutsuwo be woafia aŋutrɔ ƒe konyifaha sia abe ale si woŋlɔe ɖe Yasar ƒe agbalẽ me ene.
19 “Your glory, Israel, was slain on your high places! How the mighty have fallen!
“Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi. Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
20 Don’t tell it in Gath. Don’t publish it in the streets of Ashkelon, lest the daughters of the Philistines rejoice, lest the daughters of the uncircumcised triumph.
“Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.
21 You mountains of Gilboa, let there be no dew or rain on you, and no fields of offerings; for there the shield of the mighty was defiled and cast away, the shield of Saul was not anointed with oil.
“Oo, mi Gilboa towo, zãmu alo tsi magadza ɖe mia dzi o, eye miaƒe anyigbawo magawɔ nuku o. Elabena afi ma, wodo gu kalẽtɔ ƒe akpoxɔnu le, Saul ƒe akpoxɔnu le abe ɖe womegasi ami ɖe eŋu o ene.
22 From the blood of the slain, from the fat of the mighty, Jonathan’s bow didn’t turn back. Saul’s sword didn’t return empty.
“Yonatan ƒe aŋutrɔ metrɔ gbɔ ƒuƒlu eye Saul ƒe yi metrɔ gbɔ numagblemagblẽ tso aʋatsilawo ƒe ʋu me kple kalẽtɔwo ƒe ŋutilã ŋu o,
23 Saul and Jonathan were lovely and pleasant in their lives. In their death, they were not divided. They were swifter than eagles. They were stronger than lions.
Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.
24 You daughters of Israel, weep over Saul, who clothed you delicately in scarlet, who put ornaments of gold on your clothing.
“O Israel vinyɔnuwo, mifa avi na Saul ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo.
25 How the mighty have fallen in the middle of the battle! Jonathan was slain on your high places.
“Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi.
26 I am distressed for you, my brother Jonathan. You have been very pleasant to me. Your love to me was wonderful, surpassing the love of women.
Nɔvinye Yonatan, tɔwò le veyem elabena èxɔ asi nam vevie ŋutɔ. Wò lɔlɔ̃ nam de to ŋutɔ ede to wu nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ gɔ̃ hã.
27 How the mighty have fallen, and the weapons of war have perished!”
“Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”

< 2 Samuel 1 >