< Luke 22 >

1 Now the feast of unleavened bread, which is called the Passover, was approaching.
Azɔ Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Ŋutitotoŋkeke la te tu aƒe.
2 The chief priests and the scribes sought how they might put him to death, for they feared the people.
Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.
3 Satan entered into Judas, who was also called Iscariot, who was counted with the twelve.
Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me,
4 He went away and talked with the chief priests and captains about how he might deliver him to them.
ale wòyi nunɔlagãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti.
5 They were glad, and agreed to give him money.
Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu, eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ.
6 He consented and sought an opportunity to deliver him to them in the absence of the multitude.
Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me.
7 The day of unleavened bread came, on which the Passover must be sacrificed.
Azɔ Ŋutitotoŋkekenyui si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le, eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi.
8 Jesus sent Peter and John, saying, “Go and prepare the Passover for us, that we may eat.”
Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu.
9 They said to him, “Where do you want us to prepare?”
Wobia be, “Afi ka nèdi be míayi aɖadzra ɖo?”
10 He said to them, “Behold, when you have entered into the city, a man carrying a pitcher of water will meet you. Follow him into the house which he enters.
Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me,
11 Tell the master of the house, ‘The Teacher says to you, “Where is the guest room, where I may eat the Passover with my disciples?”’
eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be míbia wò be: Afi ka dzeƒe le, afi si nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le?’
12 He will show you a large, furnished upper room. Make preparations there.”
Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”
13 They went, found things as Jesus had told them, and they prepared the Passover.
Woyi dua me, eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.
14 When the hour had come, he sat down with the twelve apostles.
Yesu kple nusrɔ̃la mamlɛawo va ɖo le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la me, eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu.
15 He said to them, “I have earnestly desired to eat this Passover with you before I suffer,
Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitotoŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme.
16 for I tell you, I will no longer by any means eat of it until it is fulfilled in God’s Kingdom.”
Elabena medi be mianya fifia be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”
17 He received a cup, and when he had given thanks, he said, “Take this and share it among yourselves,
Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe, eye ame sia ame nanoe.
18 for I tell you, I will not drink at all again from the fruit of the vine, until God’s Kingdom comes.”
Elabena mele egblɔm na mi be nyemagano waintsetse aɖeke me tsi akpɔ o, va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la va.”
19 He took bread, and when he had given thanks, he broke and gave it to them, saying, “This is my body which is given for you. Do this in memory of me.”
Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.”
20 Likewise, he took the cup after supper, saying, “This cup is the new covenant in my blood, which is poured out for you.
Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, “Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.
21 But behold, the hand of him who betrays me is with me on the table.
Ke yonyememɔfiala ƒe asi le kplɔ̃a dzi kplim.
22 The Son of Man indeed goes as it has been determined, but woe to that man through whom he is betrayed!”
Ele be Amegbetɔ Vi la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!”
23 They began to question among themselves which of them it was who would do this thing.
Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi wɔ ge.
24 A dispute also arose among them, which of them was considered to be greatest.
Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu.
25 He said to them, “The kings of the nations lord it over them, and those who have authority over them are called ‘benefactors.’
Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to, gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe.
26 But not so with you. Rather, the one who is greater among you, let him become as the younger, and one who is governing, as one who serves.
Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae.
27 For who is greater, one who sits at the table, or one who serves? Isn’t it he who sits at the table? But I am among you as one who serves.
Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi.
28 “But you are those who have continued with me in my trials.
Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me,
29 I confer on you a kingdom, even as my Father conferred on me,
eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene.
30 that you may eat and drink at my table in my Kingdom. You will sit on thrones, judging the twelve tribes of Israel.”
Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”
31 The Lord said, “Simon, Simon, behold, Satan asked to have all of you, that he might sift you as wheat,
Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa bli ene.
32 but I prayed for you, that your faith wouldn’t fail. You, when once you have turned again, establish your brothers.”
Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.”
33 He said to him, “Lord, I am ready to go with you both to prison and to death!”
Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò, eye maku kpli wò gɔ̃ hã.”
34 He said, “I tell you, Peter, the rooster will by no means crow today until you deny that you know me three times.”
Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.”
35 He said to them, “When I sent you out without purse, bag, and sandals, did you lack anything?” They said, “Nothing.”
Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.”
36 Then he said to them, “But now, whoever has a purse, let him take it, and likewise a bag. Whoever has none, let him sell his cloak, and buy a sword.
Eyi edzi be, “Azɔ la, mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee.
37 For I tell you that this which is written must still be fulfilled in me: ‘He was counted with transgressors.’ For that which concerns me is being fulfilled.”
Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome.’ Le nyateƒe me la, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.”
38 They said, “Lord, behold, here are two swords.” He said to them, “That is enough.”
Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.”
39 He came out and went, as his custom was, to the Mount of Olives. His disciples also followed him.
Azɔ abe ale si Yesu wɔnɛ ɖaa ene la, edo go le dua me yi ɖe Amito la dzi. Eye eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome.
40 When he was at the place, he said to them, “Pray that you don’t enter into temptation.”
Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.”
41 He was withdrawn from them about a stone’s throw, and he knelt down and prayed,
Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko, eye wòdze klo do gbe ɖa be,
42 saying, “Father, if you are willing, remove this cup from me. Nevertheless, not my will, but yours, be done.”
“Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.”
43 An angel from heaven appeared to him, strengthening him.
Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe,
44 Being in agony, he prayed more earnestly. His sweat became like great drops of blood falling down on the ground.
elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.
45 When he rose up from his prayer, he came to the disciples and found them sleeping because of grief,
Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.
46 and said to them, “Why do you sleep? Rise and pray that you may not enter into temptation.”
Yesu gblɔ na wo be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.”
47 While he was still speaking, a crowd appeared. He who was called Judas, one of the twelve, was leading them. He came near to Jesus to kiss him.
Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene.
48 But Jesus said to him, “Judas, do you betray the Son of Man with a kiss?”
Gake Yesu biae be, “Yuda, nu ka ta nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Amegbetɔ Vi la asia?”
49 When those who were around him saw what was about to happen, they said to him, “Lord, shall we strike with the sword?”
Esi nusrɔ̃la mamlɛawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “Aƒetɔ, míwɔ avu kpli woa? Míetsɔ míaƒe yiawo ɖe asi!”
50 A certain one of them struck the servant of the high priest, and cut off his right ear.
Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na nunɔlagã ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome.
51 But Jesus answered, “Let me at least do this”—and he touched his ear and healed him.
Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene.
52 Jesus said to the chief priests, captains of the temple, and elders, who had come against him, “Have you come out as against a robber, with swords and clubs?
Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã?
53 When I was with you in the temple daily, you didn’t stretch out your hands against me. But this is your hour, and the power of darkness.”
Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”
54 They seized him and led him away, and brought him into the high priest’s house. But Peter followed from a distance.
Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna.
55 When they had kindled a fire in the middle of the courtyard and had sat down together, Peter sat among them.
Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum, eye Petro va nɔ wo dome le afi ma.
56 A certain servant girl saw him as he sat in the light, and looking intently at him, said, “This man also was with him.”
Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.”
57 He denied Jesus, saying, “Woman, I don’t know him.”
Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu, nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!”
58 After a little while someone else saw him and said, “You also are one of them!” But Peter answered, “Man, I am not!”
Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.”
59 After about one hour passed, another confidently affirmed, saying, “Truly this man also was with him, for he is a Galilean!”
Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elabena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.”
60 But Peter said, “Man, I don’t know what you are talking about!” Immediately, while he was still speaking, a rooster crowed.
Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ.
61 The Lord turned and looked at Peter. Then Peter remembered the Lord’s word, how he said to him, “Before the rooster crows you will deny me three times.”
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
62 He went out, and wept bitterly.
Petro do go heyi ɖafa avi vevie.
63 The men who held Jesus mocked him and beat him.
Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dze fewuɖuɖu le eŋu, eye wonɔ eƒom hã.
64 Having blindfolded him, they struck him on the face and asked him, “Prophesy! Who is the one who struck you?”
Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.”
65 They spoke many other things against him, insulting him.
Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ.
66 As soon as it was day, the assembly of the elders of the people were gathered together, both chief priests and scribes, and they led him away into their council, saying,
Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee.
67 “If you are the Christ, tell us.” But he said to them, “If I tell you, you won’t believe,
Wogblɔ be, “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o,
68 and if I ask, you will in no way answer me or let me go.
eye ne mebia nya aɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o.
69 From now on, the Son of Man will be seated at the right hand of the power of God.”
Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Amegbetɔ Vi la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime.”
70 They all said, “Are you then the Son of God?” He said to them, “You say it, because I am.”
Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔm be Mawu Vie yenyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Miawoe le egblɔm be Nyee.”
71 They said, “Why do we need any more witness? For we ourselves have heard from his own mouth!”
Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me!”

< Luke 22 >