< Psalms 102 >

1 A Prayer of the afflicted, when he is overwhelmed and pours out his complaint before the LORD. Hear my prayer, LORD! Let my cry come to you.
Hiãtɔ aɖe ƒe gbedodoɖa, esi nu te eŋu, eye wòfa konyi le Yehowa ŋkume. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.
2 Don’t hide your face from me in the day of my distress. Turn your ear to me. Answer me quickly in the day when I call.
Mègaɣla wò ŋkume ɖem, ne mele xaxa me o. Trɔ wò to ɖe gbɔnye, eye ne meyɔ wò la, nàtɔ nam kaba.
3 For my days consume away like smoke. My bones are burnt as a torch.
Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.
4 My heart is blighted like grass, and withered, for I forget to eat my bread.
Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene. Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be.
5 By reason of the voice of my groaning, my bones stick to my skin.
Le nye ŋeŋe sesĩe ta la, meɖi ku zu ƒu ɖeɖe.
6 I am like a pelican of the wilderness. I have become as an owl of the waste places.
Mele abe ʋlukuku si le gbegbe ene, alo abe ʋlukuku si le gli gbagbãwo tome ene.
7 I watch, and have become like a sparrow that is alone on the housetop.
Mele ŋu le aba dzi, eye mele abe xevi si tsi akogo le xɔ tame ene.
8 My enemies reproach me all day. Those who are mad at me use my name as a curse.
Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la, eye ame siwo tso ɖe ŋunye la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui.
9 For I have eaten ashes like bread, and mixed my drink with tears,
Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,
10 because of your indignation and your wrath; for you have taken me up and thrown me away.
le wò dziku helĩhelĩ la ta elabena èdom ɖe dzi, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge.
11 My days are like a long shadow. I have withered like grass.
Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene, eye meyrɔ abe gbe ene.
12 But you, LORD, will remain forever; your renown endures to all generations.
O! Yehowa, wò la èle fia ɖum tegbetegbe, eye wò ŋkɔxɔxɔ li tso dzidzime yi dzidzime.
13 You will arise and have mercy on Zion, for it is time to have pity on her. Yes, the set time has come.
Ke wò la àtso, akpɔ nublanui na Zion, elabena ɣeyiɣi de be nàve enu, ɛ̃, ɣeyiɣi ɖoɖi la de.
14 For your servants take pleasure in her stones, and have pity on her dust.
Elabena eƒe kpewo xɔ asi le wò dɔlawo gbɔ, eye eƒe ʋuʋudedi gɔ̃ hã ʋãa nublanuikpɔkpɔ le wo me.
15 So the nations will fear the LORD’s name, all the kings of the earth your glory.
Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbadzifiawo katã ade bubu wò ŋutikɔkɔe ŋu.
16 For the LORD has built up Zion. He has appeared in his glory.
Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me.
17 He has responded to the prayer of the destitute, and has not despised their prayer.
Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.
18 This will be written for the generation to come. A people which will be created will praise the LORD,
Miŋlɔ esia ɖi hena dzidzime siwo ava dzɔ, ale be ame siwo womedzi haɖe o la nakafu Yehowa be:
19 for he has looked down from the height of his sanctuary. From heaven, the LORD saw the earth,
“Yehowa kpɔ nu tso eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòkpɔ anyigba tso dziƒo,
20 to hear the groans of the prisoner, to free those who are condemned to death,
be wòase gamenɔlawo ƒe ŋeŋe, eye wòaɖe ga ame siwo wotso kufia na.”
21 that men may declare the LORD’s name in Zion, and his praise in Jerusalem,
Ale woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Zion kple eƒe kafukafu le Yerusalem,
22 when the peoples are gathered together, the kingdoms, to serve the LORD.
ne dukɔwo kple fiaɖuƒewo ƒo ƒu be woasubɔ Yehowa.
23 He weakened my strength along the course. He shortened my days.
Eŋe nye ŋusẽ le nye agbemɔ dzi, eye wòɖe nye ŋkekewo dzi kpɔtɔ,
24 I said, “My God, don’t take me away in the middle of my days. Your years are throughout all generations.
eya ta megblɔ be, “O! Nye Mawu, mègakplɔm dzoe le nye ŋkekewo ƒe titina o, wò ame si ƒe ƒewo li tso dzidzime yi dzidzime.
25 Of old, you laid the foundation of the earth. The heavens are the work of your hands.
Le gɔmedzedzea me la, èɖo anyigba ƒe agunu anyi, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔ.
26 They will perish, but you will endure. Yes, all of them will wear out like a garment. You will change them like a cloak, and they will be changed.
Woatsrɔ̃, ke wò ya ànɔ anyi ɖaa; woanyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔli wo abe avɔ ene ahatsɔ wo aƒu gbe.
27 But you are the same. Your years will have no end.
Ke wò la, ègale ale si nènɔ, eye wò ƒewo mawu enu akpɔ o.
28 The children of your servants will continue. Their offspring will be established before you.”
Wò dɔlawo ƒe viwo anɔ ŋkuwò me, eye woaɖo woƒe dzidzimeviwo anyi le ŋkuwò me.”

< Psalms 102 >