< Luke 14 >

1 When he went into the house of one of the rulers of the Pharisees on a Sabbath to eat bread, they were watching him.
Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie.
2 Behold, a certain man who had dropsy was in front of him.
Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe.
3 Jesus, answering, spoke to the lawyers and Pharisees, saying, “Is it lawful to heal on the Sabbath?”
Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?”
4 But they were silent. He took him, and healed him, and let him go.
Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.
5 He answered them, “Which of you, if your son or an ox fell into a well, wouldn’t immediately pull him out on a Sabbath day?”
Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Nenye be via alo eƒe nyi ge dze do me le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?”
6 They couldn’t answer him regarding these things.
Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o.
7 He spoke a parable to those who were invited, when he noticed how they chose the best seats, and said to them,
Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua la tia kplɔ̃a ta. Le esia ta edo lo na wo gblɔ be,
8 “When you are invited by anyone to a wedding feast, don’t sit in the best seat, since perhaps someone more honourable than you might be invited by him,
“Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli be yeanɔ kplɔ̃ ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la,
9 and he who invited both of you would come and tell you, ‘Make room for this person.’ Then you would begin, with shame, to take the lowest place.
ne edzɔ nenema la, ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò be, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi.
10 But when you are invited, go and sit in the lowest place, so that when he who invited you comes, he may tell you, ‘Friend, move up higher.’ Then you will be honoured in the presence of all who sit at the table with you.
“Nu si boŋ wòle be nàwɔe nye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò la ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume.
11 For everyone who exalts himself will be humbled, and whoever humbles himself will be exalted.”
Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”
12 He also said to the one who had invited him, “When you make a dinner or a supper, don’t call your friends, nor your brothers, nor your kinsmen, nor rich neighbours, or perhaps they might also return the favour, and pay you back.
Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe.
13 But when you make a feast, ask the poor, the maimed, the lame, or the blind;
Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo.
14 and you will be blessed, because they don’t have the resources to repay you. For you will be repaid in the resurrection of the righteous.”
Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsiŋkekea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.”
15 When one of those who sat at the table with him heard these things, he said to him, “Blessed is he who will feast in God’s Kingdom!”
Esi ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, “Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!”
16 But he said to him, “A certain man made a great supper, and he invited many people.
Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo.
17 He sent out his servant at supper time to tell those who were invited, ‘Come, for everything is ready now.’
Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ.
18 They all as one began to make excuses. “The first said to him, ‘I have bought a field, and I must go and see it. Please have me excused.’
“Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o.
19 “Another said, ‘I have bought five yoke of oxen, and I must go try them out. Please have me excused.’
“Bubu hã do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ.
20 “Another said, ‘I have married a wife, and therefore I can’t come.’
“Ame bubu hã gado taflatse be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃, eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnu la ɖi ava o.
21 “That servant came, and told his lord these things. Then the master of the house, being angry, said to his servant, ‘Go out quickly into the streets and lanes of the city, and bring in the poor, maimed, blind, and lame.’
“Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui.
22 “The servant said, ‘Lord, it is done as you commanded, and there is still room.’
“Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’
23 “The lord said to the servant, ‘Go out into the highways and hedges, and compel them to come in, that my house may be filled.
“Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ.
24 For I tell you that none of those men who were invited will taste of my supper. For many are called, but few are chosen.’”
Elabena mele egblɔm na mi be ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.’”
25 Now great multitudes were going with him. He turned and said to them,
Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be.
26 “If anyone comes to me, and doesn’t disregard his own father, mother, wife, children, brothers, and sisters, yes, and his own life also, he can’t be my disciple.
“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
27 Whoever doesn’t bear his own cross and come after me, can’t be my disciple.
Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
28 For which of you, desiring to build a tower, doesn’t first sit down and count the cost, to see if he has enough to complete it?
“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã?
29 Or perhaps, when he has laid a foundation and isn’t able to finish, everyone who sees begins to mock him,
Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo anyi, eye mete ŋu tui wu enu o la, ame siwo katã kpɔe la ade asi fewuɖuɖu le eŋu me.
30 saying, ‘This man began to build and wasn’t able to finish.’
Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme, gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’
31 Or what king, as he goes to encounter another king in war, will not sit down first and consider whether he is able with ten thousand to meet him who comes against him with twenty thousand?
“Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa, ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi hã o?
32 Or else, while the other is yet a great way off, he sends an envoy and asks for conditions of peace.
Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ.
33 So therefore, whoever of you who doesn’t renounce all that he has, he can’t be my disciple.
Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!
34 “Salt is good, but if the salt becomes flat and tasteless, with what do you season it?
“Dze la, nu vevi ye, ke ne dze bu eƒe vivi la, ŋudɔwɔnu kae wòganye?
35 It is fit neither for the soil nor for the manure pile. It is thrown out. He who has ears to hear, let him hear.”
Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe. “Ame si to senu li na la nesee.”

< Luke 14 >