< Exodus 30 >

1 “[Tell the skilled workers to] make an altar from acacia wood, for burning incense.
“Tsɔ akasiati wɔ vɔsamlekpui aɖe si dzi woado dzudzɔ ʋeʋĩ ɖo.
2 It is to be square, (18 in./45 cm.) on each side. It is to be (3 feet/90 cm.) high. [Tell them to] make [a projection that looks like] a horn on each of the top corners. The projections must be carved from the same block of wood that the altar [is made from].
Na eƒe didime kple kekeme siaa nanɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃, eye wòakɔ sentimita blaasiekɛ. Tsɔ akasiati ke kpa lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ŋu woanye nu ɖeka.
3 [They must] cover the top and the four sides, including the projections, with pure gold. Put a gold border around the altar, [near the top].
Fa sika nyuitɔ ɖe vɔsamlekpui la tame kple eƒe axadziwo kple lãdzoawo ŋu, eye nàgatsɔ sika nyuitɔ aɖo atsyɔ̃ na vɔsamlekpui la ƒe towo katã.
4 [They must] make two gold rings for carrying the altar. [They must] attach them to the altar below the border, one on each side of the altar. These rings are for the poles for carrying the altar.
Wɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, ɖe eƒe axa eveawo, be woatsɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo aƒo ɖe wo me.
5 [Tell them to] make these [two] poles from acacia wood and cover them with gold.
Woawɔ vɔsamlekpui la kɔtiwo kple akasiati, eye woafa sika ɖe wo ŋu.
6 [They must] put this altar outside the curtain that hangs in front of the sacred chest and its lid. That is the place where I will talk with you.
Tsɔ vɔsamlekpui la da ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ, wòate ɖe amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la kasa, afi si mado go wò le.
7 Aaron must burn sweet-smelling incense on this altar. He must burn some every morning when he takes care of the lamps,
“Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme.
8 and he must burn some in the evening when he lights the lamps. The incense must be burned continually, throughout all future generations.
Fiẽ sia fiẽ la, Aron agado dzudzɔ kple lifi le Yehowa ŋkume, ne esi akaɖiawo. Nu sia ayi edzi tso dzidzime yi dzidzime.
9 The priests must not burn on the altar any incense that I have not told you to burn, or burn any animal on it, or any grain offering for me, or pour any wine on it as an offering.
Mègawɔ dzudzɔdovɔsa, numevɔsa, nuɖuvɔsa alo nunovɔsa bubu aɖeke si ŋu nyemeɖe mɔ le o.
10 One time every year Aaron must perform the ritual for making this altar pure. He must do it by putting on its four projections some of the blood from the animal that was sacrificed (to remove the guilt of the people’s sins/so that the people would no longer be guilty for sins). This ritual is to be done by Aaron and his descendants throughout all future generations. This altar must be completely dedicated to me, Yahweh.”
“Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”
11 Yahweh also said to Moses/me,
Yehowa gblɔ na Mose be,
12 “When your [leaders] (take a census of/count) the Israeli people, each man [who is counted] must pay to me a price to save his life. They must do this in order that no disaster will happen to them while the people are being counted.
“Ɣe sia ɣi si nàxlẽ Israelviwo la, ele be ame sia ame si woaxlẽ la, naxe fe na Yehowa ɖe eƒe agbe ta, ale be dɔvɔ̃ manɔ ameawo dome ne èle wo xlẽm o.
13 Every man who is counted must pay to me (0.2 ounces/5.7 grams) of silver. They must use the official standard when they weigh the silver.
Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa.
14 All the men who are at least 20 years old must pay this amount to me when the people are counted.
Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa.
15 Rich men must not pay more than this amount, and poor men must not pay less than this amount, when they pay this money to save their lives.
Hotsuitɔwo maxe fe sia wòawu home si meyɔ o, eye ame dahewo hã mana nu wòanɔ sue wu o, elabena vɔsae wònye na Yehowa hena miaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.
16 Your leaders must collect this money from the Israeli people and give it to [those who will] take care of the Sacred Tent. This money is the payment for the lives of those who take care of the Sacred Tent, (to enable me not to forget them/and then I will remember to protect them).”
“Wɔ ga sia ŋu dɔ hena agbadɔ la dzadzraɖo. Eyae aɖo ŋku Israelviwo dzi na Yehowa, eye wòanye avulénu ɖe mia ta.”
17 Yahweh [also] said to Moses/me,
Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
18 “[Tell the skilled workers to] make a bronze washbasin and a bronze base for it. [They must] put it between the Sacred Tent and the altar, and fill it with water.
“Tsɔ akɔbli wɔ gagbɛ aɖe kple eƒe zɔ hena ŋutikɔklɔ. Tsɔe da ɖe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàkɔ tsi ɖe eme.
19 Aaron and his sons must ritually wash their hands and their feet with this water
Na Aron kple via ŋutsuwo naklɔ asi kple afɔ le afi sia,
20 before they enter the Sacred Tent and before they come to the altar to sacrifice offerings that will be burned on it. If [they do that], they will not die [because of disobeying my instructions].
ne woyina agbadɔ la me be woado ɖe Yehowa ŋkume alo hafi woate ɖe vɔsamlekpui la ŋu be woasa vɔ na Yehowa. Ele be woaklɔ asi kple afɔ hafi awɔ nu siawo, ne menye nenema o la, woaku.
21 They must wash their hands and their feet, in order that they will not die. They and the males descended from them must obey this ritual throughout all generations.”
Esiawoe nye ɖoɖowo na Aron kple via ŋutsuwo tso dzidzime yi dzidzime.”
22 Yahweh also said to Moses/me,
Yehowa gblɔ na Mose be,
23 “[Tell the people to] collect some of the finest spices— (12 pounds/6 kg.) of (liquid myrrh/sweet-smelling sap named myrrh), (6 pounds/3 kg.) of sweet-smelling cinnamon, (6 pounds/3 kg.) of a sweet-smelling cane/reed,
“Ƒo atike ʋeʋĩ nyuitɔwo nu ƒu ale: ‘Mira’ nyuitɔ kilogram ade, ‘sinamon’ kilogram etɔ̃, atike ʋeʋĩ kilogram etɔ̃,
24 and (12 pounds/6 kg.) of (cassia/a sweet-smelling bark named cassia). [Be sure] that they use the official standard when they weigh these things. Tell an expert perfumer to mix these with (one gallon/four liters) of olive oil
‘akasea’ kilogram ade kple ami lita ene le kɔkɔeƒe la ƒe dzidzenu nu.
25 to make sacred oil for anointing.
Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.”
26 Use this oil for anointing the Sacred Tent, the sacred chest,
Yehowa gblɔ be, “Si ami sia na agbadɔ la, nubablaɖaka la,
27 the table and all the things that are used with it, the lampstand and all the things that are used to take care of it, the altar for [burning] incense,
kplɔ̃ la kple eŋunuwo, akaɖiti la kple eŋunuwo, dzudzɔdovɔsamlekpui la,
28 and the altar for offering sacrifices that will be burned, along with its bases and the washbasin and all the things that are used with it.
numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo kple asiklɔgagbɛ la kple eƒe afɔ.
29 Dedicate them by anointing them, in order that they will be completely holy/sacred. Anyone or anything that touches the altar will become taboo.
Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu.
30 And anoint Aaron and his sons. [By doing that], you will dedicate them to serve me [by being] priests.
“Tsɔe si ami na Aron kple via ŋutsuwo, eye nàkɔ wo ŋu hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ nam abe nunɔlawo ene.
31 And tell the Israeli people, ‘This oil will be my sacred anointing oil that must be used throughout all future generations.
Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ami sia anye ami kɔkɔe si miasi na amewo ɣe sia ɣi.
32 You must not pour it on the bodies of people who are not priests, and you must not make other oil to be like it by mixing the same amount of those things. This oil is sacred, and you must consider it to be sacred.’
Womakɔe ɖe ame dzodzro aɖeke dzi o, eye ame aɖeke mawɔ etɔgbi na eɖokui o, elabena ami kɔkɔe wònye, eye ele be ame sia ame nabui ami kɔkɔe.
33 I will consider that anyone who makes ointment like this [for any other purpose], and anyone who puts any of this ointment on someone who is not a priest, no longer be allowed to associate with my people.”
Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’”
34 Yahweh also said to Moses/me, “[Tell the people to] take equal parts of several sweet spices—stacte, onycha, galbanum, and pure frankincense—
Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ atike ʋeʋĩwo, lifi lãhe, onitsa, galbanum kple lifi nyuitɔ kpekpeme ma ke na ɖe sia ɖe,
35 and tell an expert perfumer to mix them together to make some perfume. Add some salt to keep it pure and make it holy.
eye nàtsɔ wo awɔ dzudzɔdonu abe ale si dzudzɔdonuwɔlawo wɔnɛ ɣe sia ɣi ene pɛpɛpɛ. De dze sue aɖe eme, eye wòanye dzudzɔdonu kɔkɔe si dza.
36 Beat some of it into a fine powder. Then take some of it into the Sacred Tent and sprinkle it in front of the sacred chest. You must all consider this incense to be very holy.
Tu eƒe ɖe memie eye nàtsɔ eƒe ɖe da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go wò le, le agbadɔ la me. Dzudzɔdonu sia le kɔkɔe.
37 The people must not mix the same spices to make incense for themselves. This incense must be completely dedicated to me, Yahweh.
Migawɔ etɔgbi na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe o, elabena enye nu kɔkɔe na Yehowa ɖeɖe ko.
38 I will consider that anyone who makes incense like this to use it for perfume will no longer be allowed to associate with my people.”
Ame si awɔ esia tɔgbi be eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ nado dzidzɔ nɛ la, ele be woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.”

< Exodus 30 >