< 1 Samuel 4 >

1 And so it was, when the word of Samuel had reached all Israel, that Israel went forth to meet the Philistines in battle, and they encamped near Eben-ezer, while, the Philistines, encamped in Aphek.
Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Le ɣeyiɣi ma me la, aʋa dzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. Israel ƒu asaɖa anyi ɖe Ebenezer gbɔ eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ nɔ Afek.
2 And the Philistines set themselves in array to meet Israel, and, when the battle spread, then was Israel smitten before the Philistines, —and there were slain of the army in the field about four thousand men.
Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene.
3 And, when the people came into the camp, the elders of Israel said, Wherefore hath Yahweh smitten us to-day, before the Philistines? Let us fetch unto us, out of Shiloh, the ark of the covenant of Yahweh, that, when it cometh into our midst, it may save us out of the hand of our enemies.
Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.”
4 So the people sent to Shiloh, and bare from thence the ark of the covenant of Yahweh of hosts, who inhabiteth the cherubim, —and, there, were the two sons of Eli, with the ark of the covenant of God, namely, Hophni and Phinehas.
Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi.
5 And so it was, when the ark of the covenant of Yahweh came into the camp, that all Israel brake out into a loud shout of joy, —so that the earth rang again.
Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe!
6 And, when the Philistines heard the noise of the shout, they said—What meaneth the noise of this loud shout of joy in the camp of the Hebrews? And they learned that, the ark of Yahweh, had come into the camp.
Filistitɔwo bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la,
7 And the Philistines were afraid, for they said—God hath come into the camp. And they said—Woe to us! for there hath not happened the like of this, heretofore.
dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, “Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na mí elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o!
8 Woe to us! Who shall rescue us out of the hand of these majestic gods? These, are the gods, who smote the Egyptians with all manner of smiting in the desert!
Ame kae ate ŋu aɖe mí tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple dɔ vɔ̃wo esime Israel nɔ gbedzi.
9 Take courage, and quit yourselves like men, ye Philistines, lest ye come into bondage to the Hebrews, as they have been in bondage unto you, —therefore must ye quit yourselves like men, and fight.
Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene.”
10 So the Philistines fought, and Israel was smitten, and they fled every man to his home; and the slaughter became exceeding great, —and there fell of Israel—thirty thousand footmen.
Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me.
11 And, the ark of God, was taken, —and, the two sons of Eli, were slain, Hophni and Phinehas.
Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe.
12 And there ran a man of Benjamin out of the army, and entered Shiloh on the same day, —with his clothes rent, and with earth upon his head.
Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me.
13 And, when he entered, lo! Eli was sitting upon his chair, by the wayside, watching, for his heart was trembling for the ark of God, —and, the man, entered to tell the news in the city, and all the city made outcry.
Eli nɔ lalam le mɔto be yease nya aɖe tso aʋa la ŋu elabena etsi dzimaɖeɖi ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ƒe dedinɔnɔ ŋu. Esime ame dɔdɔ la tso aʋagbedzi va gblɔ nya si dzɔ la, ameawo fa avi hoo le du blibo la me.
14 And, when Eli heard the noise of the outcry, he said—What meaneth the noise of this tumult? And, the man, hasted, and came, and told Eli.
Eli bia be, “Nu kae na amewo le avi fam hoo alea?” Ame dɔdɔ la te ɖe Eli ŋu enumake eye wòka nya la ta nɛ.
15 Now, Eli, was ninety-eight years old; and his eyes were fixed, that he could not see.
Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o.
16 So the man said unto Eli, I, am he that came in from the army, yea, I, from the army, fled to-day. And he said—What is the thing that hath happened, my son?
Ame dɔdɔ la gblɔ na Eli be, “Mede aʋagbe la dzi egbe, fifi laa koe mesi trɔ gbɔ.” Eli biae be, “Nu kae dzɔ, Vinye ɖe?”
17 And the bearer of tidings answered, and said—Israel hath fled before the Philistines, Moreover also, a great smiting, hath taken place among the people, —Moreover also, thy two sons, are slain, Hophni and Phinehas, And, the ark of God, is taken.
Ame dɔdɔ la ɖo eŋu be, “Woɖu Israelviwo dzi eye wowu Israelvi geɖewo, wowu viwò eveawo, Hofni kple Finehas hã eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la hã.”
18 And it came to pass, when he mentioned the ark of God, that he fell from off his seat backwards, at the side of the gate, and his neck brake, and he died, for, old, was the man, and, heavy, —and, he had judged Israel forty years.
Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku.
19 Now, his daughter-in-law, wife of Phinehas, was with child, ready to give birth, and, when she heard the tidings, as to the taking of the ark of God, and the death of her father-in-law, and her husband, she bowed herself and gave birth, for her pains had seized her.
Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake.
20 And, about the time of her death, the women that stood by her said: Do not fear, for, to a son, hast thou given birth. But she neither answered nor regarded.
Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, nyɔnu siwo nɔ egbɔ la gblɔ nɛ be edzi viŋutsuvi, ke womegblɔ nya boo aɖeke o.
21 And she called the boy I-chabod ["Where’s the glory?"]! saying, Exiled is the glory from Israel, —In regard to the taking of the ark of God, and to her father-in-law, and to her husband.
Ena ŋkɔ ŋutsuvi la be, “Ikabod” si gɔmee nye “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso.” Elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye srɔ̃a kple toa siaa ku.
22 So she said—Exiled is the glory from Israel, —For the ark of God hath been taken.
Egblɔ be, “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”

< 1 Samuel 4 >