< Jeremiah 45 >

1 The word that Jeremiah the prophet spake unto Baruch the son of Neriah, when he wrote these words in a book at the mouth of Jeremiah, in the fourth year of Jehoiakim the son of Josiah, king of Judah; saying,
Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
2 Thus saith the LORD, the God of Israel, unto thee, O Baruch:
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na wò, Baruk nye esi:
3 Thou didst say, Woe is me now! for the LORD hath added sorrow to my pain; I am weary with my groaning, and I find no rest.
Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’”
4 Thus shalt thou say unto him, Thus saith the LORD: Behold, that which I have built will I break down, and that which I have planted I will pluck up; and this in the whole land.
Yehowa be, “Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Magbã nu si nye ŋutɔ metu eye maho nu si nye ŋutɔ medo, le anyigba katã dzi.
5 And seekest thou great things for thyself? seek them not: for, behold, I will bring evil upon all flesh, saith the LORD: but thy life will I give unto thee for a prey in all places whither thou goest.
Ɖe wògahiã be nàdi nu gãwo na ɖokuiwòa? Mègadi wo o, elabena Yehowa be mahe gbegblẽ va amewo katã dzi, ke afi sia afi si nàyi la mana nàɖe wò agbe.’”

< Jeremiah 45 >