< Ezekiel 15 >

1 The word of Jehovah came to me, saying,
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 "Son of man, what is the vine tree more than any tree, the vine-branch which is among the trees of the forest?
“Ame vi, aleke wainka nyo wu avemeti ƒe alɔe?
3 Shall wood be taken of it to make any work? Or will men take a pin of it to hang any vessel thereon?
Ɖe wokpɔa ati si woatsɔ awɔ nu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖe le la le emea? Ɖe wowɔa tsyoti tso eme ne woate ŋu atsɔ nane aku ɖe eŋua?
4 Look, it is cast into the fire for fuel; the fire has devoured both its ends, and its midst is burned: is it profitable for any work?
Eye ne wotsɔe de dzo me abe nake ene la, dzo la bina tso eƒe nugbɔ eve, eye wofiaa eƒe domedome, ekema ɖe ŋudɔwɔnu aɖe gale eŋua?
5 Look, when it was whole, it was meet for no work: how much less, when the fire has devoured it, and it is burned, shall it yet be meet for any work.
Ne womete ŋu wɔ eŋu dɔ na naneke esime wònɔ blibo o la, aleke woate ŋu awɔ eŋu dɔ azɔ awɔ nane si ŋu ŋudɔwɔnu le esime dzo bii, eye wòzu aka?
6 "Therefore thus says Jehovah: 'As the vine tree among the trees of the forest, which I have given to the fire for fuel, so will I give the inhabitants of Jerusalem.
“Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ale si metsɔ wainti de avemetiwo dome abe nake ene la, nenema kee mawɔ ame siwo le Yerusalem.
7 I will set my face against them; they shall go forth from the fire, but the fire shall devour them; and you shall know that I am Jehovah, when I set my face against them.
Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa.
8 I will make the land desolate, because they have committed a trespass,' says Jehovah."
Mana anyigba la nazu gbegbe, elabena wogbugbɔ le yonyeme.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< Ezekiel 15 >