< Matthew 9 >

1 And he entered into a boat, and crossed over, and came into his own city.
Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me.
2 And look, they brought to him a man who was paralyzed, lying on a bed. And Yeshua, seeing their faith, said to the paralytic, "Son, cheer up. Your sins are forgiven."
Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
3 And look, some of the scribes said to themselves, "This man blasphemes."
Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”
4 But Yeshua, knowing their thoughts, said, "Why do you think evil in your hearts?
Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo?
5 For which is easier, to say, 'Your sins are forgiven;' or to say, 'Get up, and walk?'
Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’”
6 But that you may know that the Son of Man has authority on earth to forgive sins..." (then he said to the paralytic), "Get up, and take up your mat, and go up to your house."
Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!”
7 And he arose and departed to his house.
Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me.
8 Now when the crowds saw it, they were afraid and glorified God who had given such authority to men.
Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!
9 And as Yeshua passed by from there, he saw a man called Mattai sitting at the tax collection office. He said to him, "Follow me." And he got up and followed him.
Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome.
10 And it happened as he sat in the house, look, many tax collectors and sinners came and were reclining with Yeshua and his disciples.
Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla bubuwo hã nɔ ame kpekpeawo dome.
11 And when the Pharisees saw it, they said to his disciples, "Why does your Teacher eat with tax collectors and sinners?"
Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?”
12 When he heard it, he said to them, "Those who are healthy have no need for a physician, but those who are sick do.
Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe.
13 But you go and learn what this means: 'I desire mercy, and not sacrifice,' for I came not to call the righteous, but sinners."
Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”
14 Then Yukhanan's disciples came to him, saying, "Why do we and the Pharisees fast often, but your disciples do not fast?"
Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?”
15 And Yeshua said to them, "Can the friends of the bridegroom mourn, as long as the bridegroom is with them? But the days will come when the bridegroom will be taken away from them, and then they will fast.
Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.
16 And no one puts a piece of unshrunk cloth on an old garment; for the patch would tear away from the garment, and a worse hole is made.
“Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu.
17 Neither do people put new wine into old wineskins, or else the skins would burst, and the wine pours out, and the skins ruined. No, they put new wine into fresh wineskins, and both are preserved."
Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”
18 While he told these things to them, look, a ruler came and worshiped him, saying, "My daughter has just died, but come and lay your hand on her, and she will live."
Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”
19 And Yeshua got up and followed him, as did his disciples.
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake.
20 And look, a woman who had an issue of blood for twelve years came behind him, and touched the fringe of his garment;
Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to,
21 for she said within herself, "If I just touch his garment, I will be made well."
elabena egblɔ le eɖokui me be, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ.”
22 But Yeshua, turning around and seeing her, said, "Daughter, cheer up. Your faith has made you well." And the woman was made well from that hour.
Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.
23 And when Yeshua came into the ruler's house, and saw the flute players, and the crowd in noisy disorder,
Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim.
24 he said, "Go away, for the girl is not dead, but asleep." And they laughed at him.
Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe.
25 But when the crowd was put out, he entered in, took her by the hand, and the girl arose.
Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ.
26 And the report of this went out into all that land.
Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.
27 And as Yeshua passed by from there, two blind men followed him, calling out and saying, "Have mercy on us, son of Dawid."
Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.”
28 And when he had come into the house, the blind men came to him, and Yeshua said to them, "Do you believe that I am able to do this?" They told him, "Yes, Lord."
Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.”
29 Then he touched their eyes, saying, "According to your faith be it done to you."
Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, “Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene.”
30 And their eyes were opened. And Yeshua strictly commanded them, saying, "See that no one knows about this."
Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o.
31 But they went out and spread abroad his fame in all that land.
Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me.
32 And as they went out, look, a mute man who was demon possessed was brought to him.
Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye metea ŋu ƒoa nu o la vɛ nɛ.
33 And when the demon was cast out, the mute man spoke. And the crowds were amazed, saying, "Nothing like this has ever been seen in Israyel."
Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.
34 But the Pharisees said, "By the prince of the demons, he casts out demons."
Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, “Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”
35 And Yeshua went about all the cities and the villages, teaching in their synagogues, and preaching the Good News of the Kingdom, and healing every disease and every sickness.
Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu.
36 But when he saw the crowds, he was moved with compassion for them, because they were harassed and scattered, like sheep without a shepherd.
Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.
37 Then he said to his disciples, "The harvest indeed is plentiful, but the laborers are few.
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o.
38 Pray therefore that the Lord of the harvest will send out laborers into his harvest."
Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”

< Matthew 9 >