< 2 Samuel 18 >

1 David numbered the people who were with him, and set captains of thousands and captains of hundreds over them.
David ƒo aʋawɔla siwo nɔ eŋu la nu ƒu eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple alafawo nu.
2 David sent forth the people, a third part under the hand of Joab, and a third part under the hand of Abishai the son of Zeruiah, Joab's brother, and a third part under the hand of Ittai the Gittite. The king said to the people, "I will surely go forth with you myself also."
Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ
3 But the people said, "You must not go out, for if we retreat, no one will care about us. If half of us die, no one will care about us. But you are worth ten thousand of us. Therefore it is better now if you support us in the city."
hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.”
4 The king said to them, "I will do what seems best to you." The king stood beside the gate, and all the people went out by hundreds and by thousands.
Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.” Ale David nɔ tsitre ɖe dua ƒe agbonu esime aʋawɔlawo katã va tso eme.
5 The king commanded Joab and Abishai and Ittai, saying, "Deal gently for my sake with the young man, even with Absalom." And all the people were listening when the king commanded all the captains concerning Absalom.
Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo.
6 So the people went out into the field against Israel: and the battle was in the forest of Ephraim.
Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me.
7 The people of Israel were struck there before the servants of David, and there was a great slaughter there that day of twenty thousand men.
David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe.
8 For the battle there spread over the entire region, and the forest devoured more people that day than the sword devoured.
Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu.
9 And Absalom happened to meet the servants of David. And he was riding on his mule, and the mule went under the thick boughs of a great oak, and his head caught hold of the oak, and he was left hanging between the sky and earth; and the mule that was under him went on.
Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame.
10 And a certain man saw it, and told Joab, and said, "Look, I saw Absalom hanging in an oak."
David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.”
11 Joab said to the man who told him, "Look, you saw it, and why did you not strike him there to the ground? I would have given you ten pieces of silver, and a belt."
Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.”
12 The man said to Joab, "Though I should receive a thousand pieces of silver in my hand, I still wouldn't put forth my hand against the king's son; for in our hearing the king commanded you and Abishai and Ittai, saying, 'Protect the young man Absalom for my sake.'
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’
13 Otherwise if I had dealt falsely against his life (and there is no matter hidden from the king), then you yourself would have set yourself against me."
Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”
14 Then Joab said, "I'm not going to wait like this with you." He took three darts in his hand, and thrust them through the heart of Absalom, while he was yet alive in the midst of the oak.
Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu.
15 Ten young men who bore Joab's armor surrounded and struck Absalom, and killed him.
Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui.
16 Joab blew the trumpet, and the people returned from pursuing after Israel; for Joab held back the people.
Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya.
17 They took Absalom, and cast him into the great pit in the forest, and raised over him a very great heap of stones. Then all Israel fled everyone to his tent.
Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me.
18 Now Absalom in his lifetime had taken and reared up for himself the pillar, which is in the King's Valley; for he said, "I have no son to keep my name in memory." He called the pillar after his own name; and it is called Absalom's monument, to this day.
Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.
19 Then Ahimaaz the son of Zadok said, "Let me now run, and bear the king news, how that the LORD has avenged him of his enemies."
Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.”
20 Joab said to him, "You shall not be the bearer of news this day, but you shall bear news another day. But today you shall bear no news, because the king's son is dead."
Yoab gblɔ nɛ be, “Ao, manye dzidzɔnya na fia la be via ŋutsu ku o; nyemele dɔwòm ɖe afi aɖeke o.”
21 Then Joab said to the Cushite, "Go, tell the king what you have seen." The Cushite bowed himself to Joab, and ran.
Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo.
22 Then Ahimaaz the son of Zadok said yet again to Joab, "But come what may, please let me also run after the Cushite." Joab said, "Why do you want to run, my son, since that you will have no reward for the news?"
Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.” Yoab ɖo eŋu be, “Vinye, nu ka ta nèdzi be yeayi ɖo? Nya bubu aɖeke megali míagblɔ aɖo ɖe o eye ame aɖeke mele dɔtsɔho xe ge na wò o.”
23 And he said, "But come what may, I will run." He said to him, "Run." Then Ahimaaz ran by the way of the Plain, and outran the Cushite.
Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.” Yoab gblɔ azɔ be, “Enyo, heyi.” Ahimaaz to mɔ kpui aɖe si to gbadzaƒe la eye wòtre ɖoɖo na ŋutsu si tso Kus.
24 Now David was sitting between the two gates, and the watchman went up to the roof of the gate to the wall and lifted up his eyes and looked and saw a man was running alone towards him.
David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ.
25 And the watchman called out, and told the king. And the king said, "If he is alone, there is good news in his mouth." And he came closer and closer.
Edo ɣli gblɔ nya la na David. Fia la ɖo eŋu be, “Nenye eya ɖekae la, ekema nya aɖe le esi.” Esi dɔla la te ɖe wo ŋu la.
26 And the watchman saw another man running. And the watchman above the gate called out, and said, "Look, another man running alone." And the king said, "He also brings good news."
Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.” Fia la ɖo eŋu be, “Ɖewohĩ eya hã anya tsɔ nya nyui aɖe gbɔnae.”
27 The watchman said, "I think the running of the first one is like the running of Ahimaaz the son of Zadok." The king said, "He is a good man, and comes with good news."
Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.” Fia la ɖo eŋu be, “Ame nyuie; etsɔ nya nyui gbɔnae.”
28 And Ahimaaz came near and said to the king, "All is well." He bowed himself before the king with his face to the earth, and said, "Blessed is the LORD your God, who has delivered up the men who lifted up their hand against my lord the king."
Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.”
29 The king said, "Is it well with the young man Absalom?" And Ahimaaz answered, "When Joab, the king's servant, sent your servant off, I saw a great commotion, but I do not know what it was."
Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?” Ahimaaz ɖo eŋu be, “Esi Yoab gblɔ nam be mava la, ameawo nɔ ɣli dom hoo, ke nyemenya nu si tututue dzɔ o.”
30 The king said, "Turn aside, and stand here." He turned aside, and stood still.
Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi.
31 Look, the Cushite came. And he said, "News for my lord the king; for the LORD has avenged you this day of all those who rose up against you."
Kustɔ la va do eye wògblɔ be, “Mehe nya nyui aɖe vɛ na nye aƒetɔ kple nye fia. Egbe la, Yehowa ɖe wò tso ame siwo katã tso ɖe ŋuwò la ƒe asi me.”
32 The king said to the Cushite, "Is it well with the young man Absalom?" The Cushite answered, "May the enemies of my lord the king, and all who rise up against you to do you harm, be as that young man is."
Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, wò futɔwo katã nanɔ abe ale si ɖekakpui ma le fifia ene!”
33 The king was much moved, and went up to the room over the gate, and wept. As he went, he said, "My son Absalom. My son, my son Absalom. I wish I had died for you, Absalom, my son, my son."
Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”

< 2 Samuel 18 >