< Jezekiel 22 >

1 And the word of the Lord came to me, saying,
Yehowa ƒe nya va nam be:
2 And you, son of man, will you judge the bloody city? yes, declare you to her all her iniquities.
“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume,
3 And you shall say, Thus says the Lord God: O city that sheds blood in the midst of her, so that her time should come, and that forms devices against herself, to defile herself;
eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me.
4 in their blood which you have shed, you have transgressed; and in your devices which you have formed, you have polluted yourself; and you have brought near your days, and have brought on the time of your years: therefore have I made you a reproach to the Gentiles, and a mockery to all the countries,
Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã.
5 to those near you, and to those far distant from you; and they shall mock you, [you that are] notoriously unclean, and abundant in iniquities.
Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya.
6 Behold, the princes of the house of Israel have conspired in you each one with his kindred, that they might shed blood.
“‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa.
7 In you they have reviled father and mother; and in you they have behaved unjustly toward the stranger: they have oppressed the orphan and widow.
Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti.
8 And they have set at nothing my holy things, and in you they have profaned my sabbaths.
Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo.
9 [There are] robbers in you, to shed blood in you; and in you they have eaten upon the mountains: they have wrought ungodliness in the midst of you.
Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo.
10 In you they have uncovered the father's shame; and in you they have humbled her that was set apart for uncleanness.
Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le.
11 They have dealt unlawfully each one with his neighbor's wife; and each one in ungodliness has defiled his daughter-in-law: and in you they have humbled each one his sister, the daughter of his father.
Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu.
12 In you they have received gifts to shed blood; they have received in you interest and usurious increase; and by oppression you have brought your wickedness to the full, and have forgotten me, says the Lord.
Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
13 And if I shall strike my hand at [your iniquities] which you have accomplished, which you have wrought, and at your blood that has been shed in the midst of you,
“‘Maƒo asikpe kplokplokpo kokoko le viɖe madzɔmadzɔ si miekpɔ kple ʋu si miekɔ ɖi le mia dome la ta.
14 shall your heart endure? shall your hands be strong in the days which I bring upon you? I the Lord have spoken, and will do [it].
Ɖe dzi anɔ mia ƒo alo miaƒe asiwo asẽ ŋu le ŋkeke si matu nu kple mi la dzia? Nye, Yehowae ƒo nu, eye mawɔe hã.
15 And I will scatter you among the nations, and disperse you in the countries, and your uncleanness shall be removed out of you.
Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu.
16 And I will give heritages in you in the sight of the nations, and you shall know that I am the Lord.
Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’”
17 And the word of the Lord came to me, saying,
Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam.
18 Son of man, behold, the house of Israel are all become to me [as it were] mixed with brass, and iron, and tin, and lead; they are mixed up in the midst of the silver.
“Ame vi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋɔka nam; wo katã wonye akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi si susɔ ɖe kpodzo me. Wole ko abe klosaloŋuka ene.
19 Therefore say, Thus says the Lord God; Because you have become one mixture, therefore I will gather you into the midst of Jerusalem.
Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem.
20 As silver, and brass, and iron, and tin, and lead, are gathered into the midst of the furnace, to blow fire into it, that they may be melted: so will I take [you] in my wrath, and I will gather and melt you.
Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi.
21 And I will blow upon you in the fire of my wrath, and you shall be melted in the midst thereof.
Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi.
22 As silver is melted in the midst of a furnace, so shall you be melted in the midst thereof; and you shall know that I the Lord have poured out my wrath upon you.
Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’”
23 And the word of the Lord came to me, saying,
Yehowa ƒe nya gava nam be,
24 Son of man, say to her, You are the land that is not rained upon, neither has rain come upon you in the day of wrath;
“Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’
25 whose princes in the midst of her are as roaring lions seizing prey, devouring souls by oppression, and taking bribes; and your widows are multiplied in the midst of you.
Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme.
26 Her priests also have set at nothing my law, and profaned my holy things: they have not distinguished between the holy and profane, nor have they distinguished between the unclean and the clean, and have hid their eyes from my sabbaths, and I was profaned in the midst of them.
Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome.
27 Her princes in the midst of her are as wolves ravening to shed blood, that they may get dishonest gain.
Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo.
28 And her prophets that daub them shall fall, that see vanities, that prophesy falsehoods, saying, Thus says the Lord, when the Lord has not spoken.
Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi.
29 That sorely oppress the people of the land with injustice, and commit robbery; oppressing the poor and needy, and not dealing justly with the stranger.
Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o.
30 And I sought from among them a man behaving uprightly, and standing before me perfectly in the time of wrath, so that I should not utterly destroy her: but I found [him] not.
“Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o.
31 So I have poured out my wrath upon her in the fury of mine anger, to accomplish [it]. I have recompensed their ways on their own heads, says the Lord God.
Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< Jezekiel 22 >