< Mark 7 >

1 Then came together unto him the Pharisees, and certain of the scribes, which came from Jerusalem.
Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ.
2 And when they saw some of his disciples eat bread with defiled, that is to say, with unwashen, hands, they found fault.
Ame siawo de dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o.
3 For the Pharisees, and all the Jews, except they wash [their] hands oft, eat not, holding the tradition of the elders.
(Elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkugluinu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene.
4 And [when they come] from the market, except they wash, they eat not. And many other things there be, which they have received to hold, [as] the washing of cups, and pots, brasen vessels, and of tables.
Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.)
5 Then the Pharisees and scribes asked him, Why walk not thy disciples according to the tradition of the elders, but eat bread with unwashen hands?
Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe blemakɔnu o ɖo? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”
6 He answered and said unto them, Well hath Esaias prophesied of you hypocrites, as it is written, This people honoureth me with [their] lips, but their heart is far from me.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “‘Ame siawo le kafuyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.
7 Howbeit in vain do they worship me, teaching [for] doctrines the commandments of men.
Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro, elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’
8 For laying aside the commandment of God, ye hold the tradition of men, [as] the washing of pots and cups: and many other such like things ye do.
Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi.
9 And he said unto them, Full well ye reject the commandment of God, that ye may keep your own tradition.
Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ, eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe kɔnyinyiwo ta.
10 For Moses said, Honour thy father and thy mother; and, Whoso curseth father or mother, let him die the death:
“Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofowò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vlo ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku,’
11 But ye say, If a man shall say to his father or mother, [It is] Corban, that is to say, a gift, by whatsoever thou mightest be profited by me; [he shall be free].
gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu).
12 And ye suffer him no more to do ought for his father or his mother;
Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o.
13 Making the word of God of none effect through your tradition, which ye have delivered: and many such like things do ye.
Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”
14 And when he had called all the people [unto him], he said unto them, Hearken unto me every one [of you], and understand:
Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme.
15 There is nothing from without a man, that entering into him can defile him: but the things which come out of him, those are they that defile the man.
Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [
16 If any man have ears to hear, let him hear.
Ame si to senu li na la nesee.]”
17 And when he was entered into the house from the people, his disciples asked him concerning the parable.
Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeadzo le ameha la gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe lo si wòdo la gɔme na yewo.
18 And he saith unto them, Are ye so without understanding also? Do ye not perceive, that whatsoever thing from without entereth into the man, [it] cannot defile him;
Yesu bia wo be, “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu ade dzesii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le mia ŋu o?
19 Because it entereth not into his heart, but into the belly, and goeth out into the draught, purging all meats?
Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)
20 And he said, That which cometh out of the man, that defileth the man.
Egagblɔ be, “Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame,
21 For from within, out of the heart of men, proceed evil thoughts, adulteries, fornications, murders,
elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fieŋuifieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ
22 Thefts, covetousness, wickedness, deceit, lasciviousness, an evil eye, blasphemy, pride, foolishness:
ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo.
23 All these evil things come from within, and defile the man.
Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me, eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miado ɖe Mawu ŋkume o.”
24 And from thence he arose, and went into the borders of Tyre and Sidon, and entered into an house, and would have no man know [it]: but he could not be hid.
Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.
25 For a [certain] woman, whose young daughter had an unclean spirit, heard of him, and came and fell at his feet:
Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ, eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu
26 The woman was a Greek, a Syrophenician by nation; and she besought him that he would cast forth the devil out of her daughter.
heɖe kuku nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ye vi la me. Nyɔnu la nye Sirofoiniketɔ.
27 But Jesus said unto her, Let the children first be filled: for it is not meet to take the children’s bread, and to cast [it] unto the dogs.
Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã; gawu la, menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu ana avuwo o.”
28 And she answered and said unto him, Yes, Lord: yet the dogs under the table eat of the children’s crumbs.
Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”
29 And he said unto her, For this saying go thy way; the devil is gone out of thy daughter.
Yesu gblɔ nɛ be, “Le nya sia ta la, heyi, gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwò nyɔnuvi la me.”
30 And when she was come to her house, she found the devil gone out, and her daughter laid upon the bed.
Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvi la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.
31 And again, departing from the coasts of Tyre and Sidon, he came unto the sea of Galilee, through the midst of the coasts of Decapolis.
Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidon to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu.
32 And they bring unto him one that was deaf, and had an impediment in his speech; and they beseech him to put his hand upon him.
Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ, eye amewo ɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.
33 And he took him aside from the multitude, and put his fingers into his ears, and he spit, and touched his tongue;
Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge, eye wòƒo eƒe asibidɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi.
34 And looking up to heaven, he sighed, and saith unto him, Ephphatha, that is, Be opened.
Ewu mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògbɔ fũu heɖe gbe be, “Hefata!” (si gɔmee nye “Ʋu!”).
35 And straightway his ears were opened, and the string of his tongue was loosed, and he spake plain.
Enumake ame la ƒe towo ʋu, eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie.
36 And he charged them that they should tell no man: but the more he charged them, so much the more a great deal they published [it];
Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o. Ke zi ale si wòde se sia na wo la, nenema kee wokakaa nya la.
37 And were beyond measure astonished, saying, He hath done all things well: he maketh both the deaf to hear, and the dumb to speak.
Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”

< Mark 7 >