< 1 Corinthians 11 >

1 Be ye followers of me, even as I also [am] of Christ.
Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene.
2 Now I praise you, brethren, that ye remember me in all things, and keep the ordinances, as I delivered [them] to you.
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu!
3 But I would have you know, that the head of every man is Christ; and the head of the woman [is] the man; and the head of Christ [is] God.
Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi. Eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔe nye srɔ̃ŋutsu, eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔe nye Kristo, eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo.
4 Every man praying or prophesying, having [his] head covered, dishonoureth his head.
Esia ta menyo be ŋutsu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi o, elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o.
5 But every woman that prayeth or prophesieth with [her] head uncovered dishonoureth her head: for that is even all one as if she were shaven.
Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ nu ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o.
6 For if the woman be not covered, let her also be shorn: but if it be a shame for a woman to be shorn or shaven, let her be covered.
Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ nu ta o la, ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ nu eƒe ta boŋ.
7 For a man indeed ought not to cover [his] head, forasmuch as he is the image and glory of God: but the woman is the glory of the man.
Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe.
8 For the man is not of the woman; but the woman of the man.
Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexea me la medo go tso nyɔnu me o, ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me.
9 Neither was the man created for the woman; but the woman for the man.
Hekpe ɖe esia ŋuti la, Mawu mewɔ Adam na Eva o, ke boŋ Evae Mawu wɔ na Adam,
10 For this cause ought the woman to have power on [her] head because of the angels.
eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta atsɔ afia be yele ye srɔ̃ ƒe ŋusẽ te, eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene.
11 Nevertheless neither is the man without the woman, neither the woman without the man, in the Lord.
Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me.
12 For as the woman [is] of the man, even so [is] the man also by the woman; but all things of God.
Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ.
13 Judge in yourselves: is it comely that a woman pray unto God uncovered?
Midrɔ̃e le miawo ŋutɔ mia ɖokui me kpɔ be enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa na Mawua?
14 Doth not even nature itself teach you, that, if a man have long hair, it is a shame unto him?
Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa?
15 But if a woman have long hair, it is a glory to her: for [her] hair is given her for a covering.
Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe.
16 But if any man seem to be contentious, we have no such custom, neither the churches of God.
Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũu o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be ele be nyɔnu natsyɔ nu ta ne wòle gbe dom ɖa alo ne wòle nya gblɔm ɖi le amewo dome. Mawu ƒe hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.
17 Now in this that I declare [unto you] I praise [you] not, that ye come together not for the better, but for the worse.
Le ɖoɖo siwo mede asi na mi ta la, nyemate ŋu akafu mi o, elabena miaƒe takpekpewo nana miegblẽna ɖe edzi wu be mianyo.
18 For first of all, when ye come together in the church, I hear that there be divisions among you; and I partly believe it.
Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna le hame la me. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã.
19 For there must be also heresies among you, that they which are approved may be made manifest among you.
Enyo be mama va mia dome, be ame siwo li ke le Mawu me la nadze ċa le mia dome.
20 When ye come together therefore into one place, [this] is not to eat the Lord’s supper.
Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o.
21 For in eating every one taketh before [other] his own supper: and one is hungry, and another is drunken.
Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi.
22 What? have ye not houses to eat and to drink in? or despise ye the church of God, and shame them that have not? What shall I say to you? shall I praise you in this? I praise [you] not.
Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano nu le aƒe me oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe Mawu ƒe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o.
23 For I have received of the Lord that which also I delivered unto you, That the Lord Jesus the [same] night in which he was betrayed took bread:
Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ŋu na mi xoxo eye eyae nye be: Le zã si me wodee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi,
24 And when he had given thanks, he brake [it], and said, Take, eat: this is my body, which is broken for you: this do in remembrance of me.
eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.”
25 After the same manner also [he took] the cup, when he had supped, saying, This cup is the new testament in my blood: this do ye, as oft as ye drink [it], in remembrance of me.
Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.”
26 For as often as ye eat this bread, and drink this cup, ye do shew the Lord’s death till he come.
Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
27 Wherefore whosoever shall eat this bread, and drink [this] cup of the Lord, unworthily, shall be guilty of the body and blood of the Lord.
Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu.
28 But let a man examine himself, and so let him eat of [that] bread, and drink of [that] cup.
Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia, eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplu la nu.
29 For he that eateth and drinketh unworthily, eateth and drinketh damnation to himself, not discerning the Lord’s body.
Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o.
30 For this cause many [are] weak and sickly among you, and many sleep.
Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã.
31 For if we would judge ourselves, we should not be judged.
Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o.
32 But when we are judged, we are chastened of the Lord, that we should not be condemned with the world.
Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o.
33 Wherefore, my brethren, when ye come together to eat, tarry one for another.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme.
34 And if any man hunger, let him eat at home; that ye come not together unto condemnation. And the rest will I set in order when I come.
Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la, ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã, míalé nya mamlɛawo akpɔ.

< 1 Corinthians 11 >