< Ezekiel 32 >

1 On the first day of the twelfth month of the twelfth year, a message from the Lord came to me, saying,
Le ƒe wuievelia ƒe ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be,
2 “Son of man, sing a funeral song for Pharaoh king of Egypt and tell him: You think you're like a lion among the nations but in reality you're like a sea monster. You roll around in your rivers, stirring up the waters with your feet, making the water muddy.
“Ame vi, kpa konyifaha aɖe tso Farao, Egipte fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Èle abe dzata ene le dukɔwo dome, èle abe lã dziŋɔ aɖe ene le atsiaƒuwo me. Èle tsi ƒum le wò tɔsisiwo me, “‘Èle tsi la trom kple wò afɔwo, Eye nèna ba ge ɖe tsiawo me.
3 This is what the Lord God says: In the presence of many nations I'm going to spread my net over you, and they will pull you up in my net.
“‘Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “‘Ameha gã aɖe akpe ɖe ŋunye, Mada nye ɖɔ ɖe dziwò, Eye woahe wò ava gota le nye ɖɔ me.
4 I will drop you on the land; I will throw you down on the bare earth. I will make all the birds of prey come and land you; I will have all the wild animals eat you until they're satisfied.
Matsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba dzi, Eye mada wò ɖe gbedzi, Mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò, Eye anyigbadzilã wɔadãwo katã Nanya avuzi le dziwò.
5 I will dump your flesh on the mountains and fill the valleys with your remains.
Makaka wò ŋutilã ɖe toawo dzi, Eye mana balimewo nayɔ fũu kple wò kukua.
6 I will fill the land with your flowing blood, pouring it out on the mountains, filling the valleys.
Mana wò ʋu natsa le anyigba la dzi, Ayi keke toawo te ke, Eye balimewo ayɔ fũu kple wò ŋutilã.
7 When I put out the light of your life, I will cover the heavens and darken their stars. I will use a cloud to cover the sun, and the moon will stop shining.
Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o.
8 I will darken all the bright lights in the heavens above you, and I will make your land go dark, declares the Lord God.
Dziƒokaɖi keklẽwo katã, Mana woado viviti ɖe dziwò. Mahe viviti ava wò anyigba dzi, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
9 When I destroy you I will make many people frightened, even in countries you don't know anything about.
Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dzi, Ne mehe wò tsɔtsrɔ̃ vɛ, Le dukɔwo dome. Le anyigba siwo mènya o la dzi.
10 Many will be shocked at what I do to you, and their kings will be horrified at what has happened to you, trembling when I wave my sword in front of them. On the day that you fall all of them will shake in fear for their lives.
Mana dukɔ geɖewo ƒe nu naku ɖe tawò, Eye woƒe fiawo nadzo nyanyanya Kple vɔvɔ̃ ɖe tawò, Ne menye nye yi le yame le woƒe ŋkume. Le wò anyidzedze ƒe ŋkeke la dzi la, Wo dometɔ ɖe sia ɖe adzo nyanyanya Ɣeawo katã ɣi ɖe eƒe agbe ta.
11 For this is what the Lord God says: The sword of the king of Babylon will attack you!
“‘Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ, “‘Babilonia fia ƒe yi Ado ɖe ŋuwò.
12 I will allow your army to be defeated, your soldiers killed by the swords of the powerful enemy army from the cruelest of all nations. They will ruin of the glories of Egypt and destroy all your people.
Mana wò amewo natsi ame sesẽwo, Ame siwo sẽa ŋuta wu Le dukɔwo katã dome la ƒe yinu. Woatsi Egipte ƒe dada nu, Eye woaɖu eƒe ame gbogboawo dzi.
13 I will slaughter all your livestock living beside the wide rivers. Nobody will be there to stir rivers up with their feet; no livestock hooves will make them muddy.
Matsrɔ̃ eƒe nyiwo katã Tso tsi gãwo to, Tsi gã siwo ame ƒe afɔ magablu o, Eye nyiwo ƒe afɔwo magablu ba ɖe wo me o.
14 I will allow their waters to settle and I will make her rivers flow smoothly like oil, declares the Lord God.
Ekema mana eƒe tsiwo nadze anyi, Eye mana woatsa abe ami ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 When I turn Egypt into a wasteland, completely emptying it out, when I kill everyone who lives there, then they will acknowledge that I am the Lord.
“Ne mena Egipte zu gbegbe, Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa, Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la, Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
16 This is the funeral song that foreign women will sing. They will sing it in mourning over Egypt and all its many people, declares the Lord God.”
“Esiae nye konyifaha si woadzi nɛ. Dukɔawo ƒe vinyɔnuviwo adzii nɛ. Woadzii na Egipte kple eƒe amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
17 On the fifteenth day of the twelfth month of the twelfth year, a message from the Lord came to me, saying,
Le ƒe wuievelia ƒe ɣletia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
18 “Son of man, weep for all the many Egyptians. Send them along with the people of powerful nations down into the depths of the earth with those who go down into the grave.
“Ame vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàna woayi tome, Egipte kple dukɔ sesẽwo ƒe vinyɔnuviwo kple ame siwo yi aʋlime.
19 Do you think you're more beautiful than anyone else? Go down and take your place in the grave with the heathen!
Gblɔ na wo be, ‘Ɖe wònyo na mi wu ale si wònyo na ame bubuwoea? Miyi tome, eye miamlɔ bolotɔwo dome.’
20 They will lie among those killed by the sword. A sword is ready to kill all the many people of Egypt.
Woamlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Wolé yi la ɖe asi, mina woakplɔe adzoe kple eƒe ame gbogboawo.
21 Powerful chiefs will speak from Sheol about Egypt and its allies: ‘They have come down here and lie with the heathen, with those killed by the sword.’ (Sheol h7585)
Le yɔdo la me la, kplɔla ŋusẽtɔwo agblɔ tso Egipte kple ame siwo wòtsɔ aʋae la ŋu be, ‘Wova ɖo tome, eye woamlɔ bolotɔwo, ame siwo tsi yinu la dome.’ (Sheol h7585)
22 Assyria is there with all its people—it's surrounded by graves. All of them died violent deaths, killed by the sword.
“Asiria le afi ma kple eƒe aʋakɔ blibo la; eƒe ame siwo wowu la ƒe yɔdowo ƒo xlãe, ame siwo katã tsi yinu.
23 Its graves are set in the deepest parts of the place of the dead, and the graves of all its people surround Assyria's grave. All of them died violent deaths, killed by the sword, these people who once terrorized others when they were alive.
Woƒe yɔdowo le do la ƒe gogloƒe, eye eƒe aʋakɔ la ƒo xlã yɔdo la. Wowu ame siwo katã do ŋɔdzi na agbagbeawo ƒe anyigba, wotsi yi nu.
24 Elam is there with all its people around its grave. All of them died violent deaths, killed by the sword. They went down into the grave, these heathen people who once terrorized others when they were alive. They are disgraced, along with all others who go down into the grave.
“Elam le afi ma, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, Ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yinu, wonye bolotɔwo yi tsiẽƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu.
25 A resting place is made ready among those who have been killed for Elam and all its many people—their graves surround Elam's grave. They are all heathen and were killed by the sword, though they once terrorized others when they were alive. They are disgraced, along with all others who go down into the grave. They are laid to rest among those who have been killed.
Wotsɔ eya kple eƒe amehawo katã mlɔ Ame tsiaʋawo dome, woƒe yɔdowo ɖe to ɖee, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu; Ame tsiaʋawo dome wokɔ wo mlɔe.
26 Meshech and Tubal are there with all their many people, surrounded by all their graves. They are all heathen and were killed by the sword, though they once terrorized others when they were alive.
“Mesek kple Tubal le afi ma kple woƒe ame gbogboawo katã, ƒo xlã yɔdoawo. Wo katã wonye bolotɔwo, wowu wo kple yi, elabena wokaka woƒe ŋɔdzidoname ɖe agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
27 But they're not laid to rest with the fallen warriors of long ago who went down into Sheol with their weapons of war. Their swords were placed underneath their heads and their shields over their bones, although these powerful warriors once terrorized others when they were alive. (Sheol h7585)
Ɖe womemlɔ aʋawɔla bubuawo, ame siwo nye bolotɔwo dome, ame siwo ku, woyi yɔdo la me kple woƒe aʋawɔnuwo, ame siwo ƒe yi wotsɔ da ɖe woƒe ta te oa? Woƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe le woƒe ƒuwo dzi togbɔ be aʋawɔla siawo ƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã. (Sheol h7585)
28 However, you will also be cut down and laid to rest with the heathen, with those killed by the sword.
“Wò hã, O! Farao, woagbã wò gudugudu, eye nàmlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.
29 Edom is there with all its kings and princes. Once they were powerful, but now they too are laid to rest with those killed by the sword. They lie with the heathen, with those who go down into the grave.
“Edom le afi ma, eƒe fiawo kple fiaviŋutsuwo katã. Togbɔ be wonye ŋusẽtɔwo hã la, wotsɔ wo mlɔ ame siwo tsi yinu la dome. Womlɔ bolotɔwo kple ame siwo yi aʋlime la dome.
30 All the leaders from the north, and all the people of Sidon are there too. They also are disgraced, going down with those who were killed, in spite of their formidable power. They are heathen, lying there with those killed by the sword, and have the disgrace of those who go down into the grave.
“Anyiehe fiaviwo katã kple Sidontɔwo katã le afi ma. Woyi aʋlime kple ŋukpe kple ame siwo wowu le ŋɔdzi si woƒe ŋusẽ do na amewo megbe. Womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple ame siwo yi aʋlime.
31 Pharaoh will see them and be pleased that he and all his many people are not the only ones killed by the sword, declares the Lord God.
“Farao, eya kple eƒe aʋakɔ blibo la, akpɔ wo, eye woafa akɔ na wo le woƒe ame gbogbo siwo tsi yi nu la ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
32 For I will terrorize those who are alive so that Pharaoh and all his many people will be laid to rest with the heathen, with those killed by the sword, declares the Lord God.”
Togbɔ be meɖe mɔ, wòdo ŋɔdzi na amewo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi hã la, woakɔ Farao kple eƒe ame gbogboawo katã amlɔ bolotɔwo kple ame siwo tsi yinu la dome.” Aƒetɔ Yehowa gblɔe.

< Ezekiel 32 >