< Acts 1 >

1 Dear Theophilus, in my previous book I wrote about all that Jesus did and taught from the beginning
O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me
2 until the day he was taken up to heaven. This was after he'd given instructions through the Holy Spirit to his chosen apostles.
va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu.
3 Over the course of forty days after the death he suffered, he showed himself to them, proving that he was alive with convincing evidence. He appeared to them, and told them about the kingdom of God.
Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.
4 While he was still with them he instructed them, “Do not leave Jerusalem. Wait to receive what the Father promised, just as you heard it from me.
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo,
5 It's true that John baptized with water, but in just a few days' time you will be baptized by the Holy Spirit.”
elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”
6 So when the disciples met with Jesus, they asked him, “Lord, is this the time when you will re-establish Israel's kingdom?”
Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”
7 “You don't need to know about the dates and times that are set by the Father's authority,” he told them.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o.
8 “But you will be given power when the Holy Spirit comes upon you, and you will be my witnesses in Jerusalem, throughout Judea and Samaria, and to the farthest places on earth.”
Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”
9 After Jesus had told them this, he was taken up as they were watching and a cloud hid him from their sight.
Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.
10 While they were staring intently at the sky as he ascended, two men dressed in white were suddenly standing beside them.
Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa.
11 “Men of Galilee, why are you standing here staring at the sky?” they asked. “This same Jesus who has been taken up from you to heaven shall come in the same way you saw him go into heaven.”
Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”
12 Then the disciples went back to Jerusalem from the Mount of Olives which is about a Sabbath day's walk from Jerusalem.
Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene.
13 When they arrived, they went upstairs to the upper room where they were staying: Peter, John, James and Andrew; Philip and Thomas; Bartholomew and Matthew; James the son of Alphaeus, Simon the Zealot, and Judas the son of James.
Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea; Filipo kple Toma; Bartolomeo kple Mateo; Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.
14 They all joined together in prayer, together with the women and Mary, Jesus' mother, and his brothers.
Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.
15 At this time Peter stood up and addressed a crowd of around one hundred and twenty believers who had gathered together.
Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be,
16 “My brothers and sisters,” he said, “The Scriptures, spoken by the Holy Spirit through David, had to be fulfilled regarding Judas, who guided those who arrested Jesus.
“Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ.
17 He was counted as one of us, and shared in this ministry.”
Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.”
18 (Judas had bought a field with his ill-gotten gains. There he fell down headfirst, and his body burst apart, spilling out all his intestines.
(Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma.
19 Everybody who lived in Jerusalem heard about this so that the field was called in their language “Akeldama,” which means, “Field of blood.”)
Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.)
20 As it's written in the book of Psalms, “Let his home be abandoned, and no-one live there;” and “Let someone else take over his position.”
Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be, “‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo, mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’ eye, “‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’”
21 “So now we have to choose someone who has been with us the whole time that Jesus was with us,
Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí,
22 from the time John was baptizing up until the day Jesus was taken up to heaven from us. One of these must be chosen to join together with us as we witness, giving evidence of Jesus' resurrection.”
tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.”
23 Two names were put forward: Joseph Justus, also known as Barsabbas, and Matthias.
Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka.
24 They prayed together and said, “Lord, you know everyone's thoughts please show us which of these two you have chosen
Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí
25 to replace Judas as an apostle in this ministry that he gave up to go to where he belongs.”
be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.”
26 They cast lots, and Matthias was chosen. He was counted as an apostle with the other eleven.
Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.

< Acts 1 >