< Mark 14 >

1 Now the feast of Passover and of Unleavened Bread was two days away. And the leaders of the priests, and the scribes, were seeking a means by which they might deceitfully seize him and kill him.
Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim.
2 But they said, “Not on the feast day, lest perhaps there may be a tumult among the people.”
Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”
3 And when he was in Bethania, in the house of Simon the leper, and was reclining to eat, a woman arrived having an alabaster container of ointment, of precious spikenard. And breaking open the alabaster container, she poured it over his head.
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame.
4 But there were some who became indignant within themselves and who were saying: “What is the reason for this waste of the ointment?
Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋuti wògblẽ ami xɔasi sia ɖo?
5 For this ointment could have been sold for more than three hundred denarii and been given to the poor.” And they murmured against her.
Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu klosaloga alafa etɔ̃ eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnu la vevie.
6 But Jesus said: “Permit her. What is the reason that you trouble her? She has done a good deed for me.
Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋuti miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖe wònye wòwɔ nam.
7 For the poor, you have with you always. And whenever you wish, you are able to do good to them. But you do not have me always.
Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o.
8 But she has done what she could. She has arrived in advance to anoint my body for burial.
“Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ.
9 Amen I say to you, wherever this Gospel shall be preached throughout the entire world, the things she has done also shall be told, in memory of her.”
Vavã mele egblɔm na mi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ eye woakafui.”
10 And Judas Iscariot, one of the twelve, went away, to the leaders of the priests, in order to betray him to them.
Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.
11 And they, upon hearing it, were gladdened. And they promised him that they would give him money. And he sought an opportune means by which he might betray him.
Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me.
12 And on the first day of Unleavened Bread, when they immolate the Passover, the disciples said to him, “Where do you want us to go and prepare for you to eat the Passover?”
Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
13 And he sent two of his disciples, and he said to them: “Go into the city. And you will meet a man carrying a pitcher of water; follow him.
Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta.
14 And wherever he will have entered, say to the owner of the house, ‘The Teacher says: Where is my dining room, where I may eat the Passover with my disciples?’
Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’
15 And he will show you a large cenacle, fully furnished. And there, you shall prepare it for us.”
Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.”
16 And his disciples departed and went into the city. And they found it just as he had told them. And they prepared the Passover.
Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.
17 Then, when evening came, he arrived with the twelve.
Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo.
18 And while reclining and eating with them at table, Jesus said, “Amen I say to you, that one of you, who eats with me, will betray me.”
Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”
19 But they began to be sorrowful and to say to him, one at a time: “Is it I?”
Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?”
20 And he said to them: “It is one of the twelve, who dips his hand with me in the dish.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge.
21 And indeed, the Son of man goes, just as it has been written of him. But woe to that man by whom the Son of man will be betrayed. It would be better for that man if he had never been born.”
Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”
22 And while eating with them, Jesus took bread. And blessing it, he broke it and gave it to them, and he said: “Take. This is my body.”
Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.”
23 And having taken the chalice, giving thanks, he gave it to them. And they all drank from it.
Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu.
24 And he said to them: “This is my blood of the new covenant, which shall be shed for many.
Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta.
25 Amen I say to you, that I will no longer drink from this fruit of the vine, until that day when I will drink it new in the kingdom of God.”
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.”
26 And having sung a hymn, they went out to the Mount of Olives.
Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
27 And Jesus said to them: “You will all fall away from me in this night. For it has been written: ‘I will strike the shepherd, and the sheep will be scattered.’
Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be, “‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo akaka gbẽe.’
28 But after I have risen again, I will go before you to Galilee.”
Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”
29 Then Peter said to him, “Even if all will have fallen away from you, yet I will not.”
Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”
30 And Jesus said to him, “Amen I say to you, that this day, in this night, before the rooster has uttered its voice twice, you will deny me three times.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
31 But he spoke further, “Even if I must die along with you, I will not deny you.” And they all spoke similarly also.
Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.
32 And they went to a country estate, by the name of Gethsemani. And he said to his disciples, “Sit here, while I pray.”
Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemanebɔ la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.”
33 And he took Peter, and James, and John with him. And he began to be afraid and wearied.
Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme.
34 And he said to them: “My soul is sorrowful, even unto death. Remain here and be vigilant.”
Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.”
35 And when he had proceeded on a little ways, he fell prostrate on the ground. And he prayed that, if it were possible, the hour might pass away from him.
Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi.
36 And he said: “Abba, Father, all things are possible to you. Take this chalice from me. But let it be, not as I will, but as you will.”
Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
37 And he went and found them sleeping. And he said to Peter: “Simon, are you sleeping? Were you not able to be vigilant for one hour?
Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa?
38 Watch and pray, so that you may not enter into temptation. The spirit indeed is willing, but the flesh is weak.”
Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
39 And going away again, he prayed, saying the same words.
Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia.
40 And upon returning, he found them sleeping yet again, (for their eyes were heavy) and they did not know how to respond to him.
Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o.
41 And he arrived for the third time, and he said to them: “Sleep now, and take rest. It is enough. The hour has arrived. Behold, the Son of man will be betrayed into the hands of sinners.
Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.
42 Rise up, let us go. Behold, he who will betray me is near.”
Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna!”
43 And while he was still speaking, Judas Iscariot, one of the twelve, arrived, and with him was a large crowd with swords and clubs, sent from the leaders of the priests, and the scribes, and the elders.
Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ.
44 Now his betrayer had given them a sign, saying: “He whom I shall kiss, it is he. Take hold of him, and lead him away cautiously.”
Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.”
45 And when he had arrived, immediately drawing near to him, he said: “Hail, Master!” And he kissed him.
Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ.
46 But they laid hands on him and held him.
Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe.
47 Then a certain one of those standing near, drawing a sword, struck a servant of the high priest and cut off his ear.
Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa nunɔlagã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba.
48 And in response, Jesus said to them: “Have you set out to apprehend me, just as if to a robber, with swords and clubs?
Yesu bia elélawo be, “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma?
49 Daily, I was with you in the temple teaching, and you did not take hold of me. But in this way, the scriptures are fulfilled.”
Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.”
50 Then his disciples, leaving him behind, all fled away.
Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.
51 Now a certain young man followed him, having nothing but a fine linen cloth over himself. And they took hold of him.
Ɖekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la,
52 But he, rejecting the fine linen cloth, escaped from them naked.
esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi.
53 And they led Jesus to the high priest. And all the priests and the scribes and the elders came together.
Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.
54 But Peter followed him from a distance, even into the court of the high priest. And he sat with the servants at the fire and warmed himself.
Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum.
55 Yet truly, the leaders of the priests and the entire council sought testimony against Jesus, so that they might deliver him to death, and they found none.
Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o.
56 For many spoke false testimony against him, but their testimony did not agree.
Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo, gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.
57 And certain ones, rising up, bore false witness against him, saying:
Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be,
58 “For we heard him say, ‘I will destroy this temple, made with hands, and within three days I will build another, not made with hands.’”
“Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”
59 And their testimony did not agree.
Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo.
60 And the high priest, rising up in their midst, questioned Jesus, saying, “Do you have nothing to say in answer to the things that are brought against you by these ones?”
Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”
61 But he was silent and gave no answer. Again, the high priest questioned him, and he said to him, “Are you the Christ, the Son of the Blessed God?”
Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?”
62 Then Jesus said to him: “I am. And you shall see the Son of man sitting at the right hand of the power of God and arriving with the clouds of heaven.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.”
63 Then the high priest, rending his garments, said: “Why do we still require witnesses?
Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua?
64 You have heard the blasphemy. How does it seem to you?” And they all condemned him, as guilty unto death.
Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.” Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.”
65 And some began to spit on him, and to cover his face and to strike him with fists, and to say to him, “Prophesy.” And the servants struck him with the palms their hands.
Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ, eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔe na mí. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe.
66 And while Peter was in the court below, one of the maidservants of the high priest arrived.
Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum.
67 And when she had seen Peter warming himself, she stared at him, and she said: “You also were with Jesus of Nazareth.”
Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.”
68 But he denied it, saying, “I neither know nor understand what you saying.” And he went outside, in front of the court; and a rooster crowed.
Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu.
69 Then again, when a maidservant had seen him, she began to say to the bystanders, “For this is one of them.”
Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.”
70 But he denied it again. And after a little while, again those standing near said to Peter: “In truth, you are one of them. For you, too, are a Galilean.”
Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!”
71 Then he began to curse and to swear, saying, “For I do not know this man, about whom you are speaking.”
Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.”
72 And immediately the rooster crowed again. And Peter remembered the word that Jesus had said to him, “Before the rooster crows twice, you will deny me three times.” And he began to weep.
Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.

< Mark 14 >