< Luke 24 >

1 Then, on the first Sabbath, at very first light, they went to the tomb, carrying the aromatic spices that they had prepared.
Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to,
2 And they found the stone rolled back from the tomb.
gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa.
3 And upon entering, they did not find the body of the Lord Jesus.
Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o.
4 And it happened that, while their minds were still confused about this, behold, two men stood beside them, in shining apparel.
Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome.
5 Then, since they were afraid and were turning their faces toward the ground, these two said to them: “Why do you seek the living with the dead?
Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome?
6 He is not here, for he has risen. Recall how he spoke to you, when he was still in Galilee,
Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be:
7 saying: ‘For the Son of man must be delivered into the hands of sinful men, and be crucified, and on the third day rise again.’”
‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’”
8 And they called to mind his words.
Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi.
9 And returning from the tomb, they reported all these things to the eleven, and to all the others.
Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã.
10 Now it was Mary Magdalene, and Joanna, and Mary of James, and the other women who were with them, who told these things to the Apostles.
Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo.
11 But these words seemed to them a delusion. And so they did not believe them.
Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me.
12 But Peter, rising up, ran to the tomb. And stooping down, he saw the linen cloths positioned alone, and he went away wondering to himself about what had happened.
Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie.
13 And behold, two of them went out, on the same day, to a town named Emmaus, which was the distance of sixty stadia from Jerusalem.
Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene.
14 And they spoke to one another about all of these things that had occurred.
Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti.
15 And it happened that, while they were speculating and questioning within themselves, Jesus himself, drawing near, traveled with them.
Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo.
16 But their eyes were restrained, so that they would not recognize him.
Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi.
17 And he said to them, “What are these words, which you are discussing with one another, as you walk and are sad?”
Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.” Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ.
18 And one of them, whose name was Cleopas, responded by saying to him, “Are you the only one visiting Jerusalem who does not know the things that have happened there in these days?”
Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o.”
19 And he said to them, “What things?” And they said, “About Jesus of Nazareth, who was a noble prophet, powerful in works and in words, before God and all the people.
Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?” Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.
20 And how our high priests and leaders handed him over to be condemned to death. And they crucified him.
Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu.
21 But we were hoping that he would be the Redeemer of Israel. And now, on top of all this, today is the third day since these things have happened.
Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi.
22 Then, too, certain women from among us terrified us. For before daytime, they were at the tomb,
Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia
23 and, having not found his body, they returned, saying that they had even seen a vision of Angels, who said that he is alive.
gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe.
24 And some of us went out to the tomb. And they found it just as the women had said. But truly, they did not find him.”
Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”
25 And he said to them: “How foolish and reluctant in heart you are, to believe everything that has been spoken by the Prophets!
Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase!
26 Was not the Christ required to suffer these things, and so enter into his glory?”
Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?”
27 And beginning from Moses and all the Prophets, he interpreted for them, in all the Scriptures, the things that were about him.
Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.
28 And they drew near to the town where they were going. And he conducted himself so as to go on further.
Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta
29 But they were insistent with him, saying, “Remain with us, because it is toward evening and now daylight is declining.” And so he entered with them.
woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me.
30 And it happened that, while he was at table with them, he took bread, and he blessed and broke it, and he extended it to them.
Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo.
31 And their eyes were opened, and they recognized him. And he vanished from their eyes.
Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ.
32 And they said to one another, “Was not our heart burning within us, while he was speaking on the way, and when he opened the Scriptures to us?”
Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”
33 And rising up at that same hour, they returned to Jerusalem. And they found the eleven gathered together, and those who were with them,
Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo.
34 saying: “In truth, the Lord has risen, and he has appeared to Simon.”
Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!”
35 And they explained the things that were done on the way, and how they had recognized him at the breaking of the bread.
Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.
36 Then, while they were talking about these things, Jesus stood in their midst, And he said to them: “Peace be with you. It is I. Do not be afraid.”
Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
37 Yet truly, they were very disturbed and terrified, supposing that they saw a spirit.
Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole.
38 And he said to them: “Why are you disturbed, and why do these thoughts rise up in your hearts?
Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome?
39 See my hands and feet, that it is I myself. Look and touch. For a spirit does not have flesh and bones, as you see that I have.”
Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.”
40 And when he had said this, he showed them his hands and feet.
Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa.
41 Then, while they were still in disbelief and in wonder out of joy, he said, “Do you have anything here to eat?”
Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?”
42 And they offered him a piece of roasted fish and a honeycomb.
Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ
43 And when he had eaten these in their sight, taking up what was left, he gave it to them.
eɖum la, wonɔ ekpɔm!
44 And he said to them: “These are the words that I spoke to you when I was still with you, because all things must be fulfilled which are written in the law of Moses, and in the Prophets, and in the Psalms about me.”
Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”
45 Then he opened their mind, so that they might understand the Scriptures.
Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme.
46 And he said to them: “For so it is written, and so it was necessary, for the Christ to suffer and to rise up from the dead on the third day,
Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome.
47 and, in his name, for repentance and the remission of sins to be preached, among all the nations, beginning at Jerusalem.
Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.
48 And you are witnesses of these things.
Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã.
49 And I am sending the Promise of my Father upon you. But you must stay in the city, until such time as you are clothed with power from on high.”
Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.”
50 Then he led them out as far as Bethania. And lifting up his hands, he blessed them.
Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo.
51 And it happened that, while he was blessing them, he withdrew from them, and he was carried up into heaven.
Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe.
52 And worshiping, they returned to Jerusalem with great joy.
Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
53 And they were always in the temple, praising and blessing God. Amen.
Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.

< Luke 24 >