< 2 Samuel 15 >

1 Then, after these things, Absalom obtained for himself chariots, and horsemen, and fifty men who went before him.
Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ.
2 And rising up in the morning, Absalom was standing beside the entrance of the gate. And when there was any man who had a dispute that might go before the king’s judgment, Absalom would call him to him, and would say, “Which city are you from?” And responding, he would say, “I am your servant, from a certain tribe of Israel.”
Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”
3 And Absalom would answer him: “Your words seem good and just to me. But there is no one appointed by the king to hear you.” And Absalom would say:
Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.”
4 “Who may appoint me judge over the land, so that all those who have a dispute might come to me, and I might judge justly.”
Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!”
5 Then too, when a man would draw near to him, so that he might greet him, he would extend his hand, and taking hold of him, he would kiss him.
Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ.
6 And he was doing this to all those of Israel arriving for judgment to be heard by the king. And he solicited the hearts of the men of Israel.
Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ.
7 Then, after forty years, Absalom said to king David: “I should go and pay my vows, which I have vowed to the Lord at Hebron.
Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa.
8 For your servant made a vow, when he was in Geshur of Syria, saying: If the Lord will lead me back to Jerusalem, I will sacrifice to the Lord.”
Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’”
9 And king David said to him, “Go in peace.” And he rose up and went away to Hebron.
Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.” Ale Absalom yi Hebron.
10 Then Absalom sent scouts into all the tribes of Israel, saying: “As soon as you hear the blare of the trumpet, say: ‘Absalom reigns in Hebron.’”
Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.”
11 Now having been called, two hundred men from Jerusalem went forth with Absalom, going in simplicity of heart and being entirely ignorant of the plan.
Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o.
12 Absalom also summoned Ahithophel the Gilonite, a counselor of David, from his city, Giloh. And when he was immolating victims, a very strong oath was sworn, and the people, hurrying together, joined with Absalom.
Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ.
13 Then a messenger went to David, saying, “With their whole heart, all of Israel is following Absalom.”
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe va ɖo Yerusalem eye wògblɔ na Fia David be, “Israelviwo katã de Absalom dzi eye wobla ɖe ŋuwò!”
14 And David said to his servants, who were with him in Jerusalem: “Rise up, let us flee! For otherwise there will be no escape for us from the face of Absalom. Hurry to depart, lest perhaps, upon arriving, he may seize us, and force ruin upon us, and strike the city with the edge of the sword.”
David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.”
15 And the servants of the king said to him, “Everything whatsoever that our lord the king will command, we your servants shall carry out willingly.”
Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.”
16 Therefore, the king departed, with his entire household on foot. And the king left behind ten women of the concubines to care for the house.
Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm.
17 And having gone forth on foot, the king and all of Israel stood at a distance from the house.
Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo.
18 And all his servants were walking beside him. And the legions of the Cerethites and Phelethites, and all the Gittites, powerful fighters, six hundred men who had followed him from Gath on foot, were preceding the king.
Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ.
19 Then the king said to Ittai the Gittite: “Why do you come with us? Return and live with the king. For you are a stranger, and you departed from your own place.
Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de.
20 You arrived yesterday. And today should you be compelled to go away with us? For I should go to the place where I am going. But you should return, and lead your own brothers back with you. And the Lord will show mercy and truth to you, because you have shown grace and faith.”
Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”
21 And Ittai responded to the king, by saying, “As the Lord lives, and as my lord the king lives, in whatever place you will be, my lord the king, whether in death or in life, your servant will be there.”
Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!”
22 And David said to Ittai, “Come, and pass over.” And Ittai the Gittite passed over, and all the men who were with him, and the rest of the multitude.
David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo.
23 And they all wept with a great voice, and all the people passed over. The king also passed over the torrent Kidron. And all the people advanced opposite the way which looks out toward the desert.
Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la.
24 Now Zadok the priest also went, and all the Levites went with him, carrying the ark of the covenant of God. And they set down the ark of God. And Abiathar went up, until all the people who had departed from the city had gone by.
Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ.
25 And the king said to Zadok: “Carry back the ark of God into the city. If I shall find grace in the sight of the Lord, he will lead me back. And he will show it to me in his tabernacle.
Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe.
26 But if he will say to me, ‘You are not pleasing,’ I am ready. Let him do whatever is good in his own sight.”
Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.”
27 And the king said to Zadok the priest: “O seer, return into the city in peace. And let your son Ahimaaz, and Jonathan, the son of Abiathar, your two sons, be with you.
Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan.
28 Behold, I will hide in the plains of the desert, until word from you may arrive to inform me.”
Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.”
29 Therefore, Zadok and Abiathar carried back the ark of God into Jerusalem, and they remained there.
Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma.
30 But David ascended to the Mount of Olives, climbing and weeping, advancing with bare feet and with his head covered. Moreover, all the people who were with him ascended, weeping with their heads covered.
David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam.
31 Then it was reported to David that Ahithophel also had joined in swearing with Absalom. And David said, “O Lord, I beg you, to uncover the foolishness of the counsel of Ahithophel.”
Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!”
32 And when David had ascended to the summit of the mountain, where he was going to adore the Lord, behold Hushai the Archite met him, with his garment torn and his head covered with soil.
Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ.
33 And David said to him: “If you come with me, you will be a burden to me.
David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam.
34 But if you return to the city, and you say to Absalom, ‘I am your servant, O king; just as I have been the servant of your father, so too will I be your servant,’ you will destroy the counsel of Ahithophel
Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me.
35 And you have with you the priests Zadok and Abiathar. And any word whatsoever that you will hear from the house of the king, you shall reveal it to Zadok and Abiathar, the priests.
Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo.
36 Now with them are their two sons Ahimaaz, the son of Zadok, and Jonathan, the son of Abiathar. And you shall send to me by them every word that you will have heard.”
Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.”
37 Therefore, Hushai, the friend of David, went into the city. And Absalom also entered into Jerusalem.
Ale David xɔlɔ̃ Husai trɔ yi dua me eye esi wòɖo teti ko la, Absalom hã va ɖo.

< 2 Samuel 15 >