< Zechariah 1 >

1 In the eighth month, in the second year of Darius, the LORD’s word came to the prophet Zechariah the son of Berechiah, the son of Iddo, saying,
Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be,
2 “The LORD was very displeased with your fathers.
“Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie,
3 Therefore tell them, the LORD of Armies says: ‘Return to me,’ says the LORD of Armies, ‘and I will return to you,’ says the LORD of Armies.
eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’
4 Do not you be like your fathers, to whom the former prophets proclaimed, saying: The LORD of Armies says, ‘Return now from your evil ways and from your evil doings;’ but they did not hear nor listen to me, says the LORD.
Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o.
5 Your fathers, where are they? And the prophets, do they live forever?
Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea?
6 But my words and my decrees, which I commanded my servants the prophets, did not they overtake your fathers? “Then they repented and said, ‘Just as the LORD of Armies determined to do to us, according to our ways and according to our practices, so he has dealt with us.’”
Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’”
7 On the twenty-fourth day of the eleventh month, which is the month Shebat, in the second year of Darius, the LORD’s word came to the prophet Zechariah the son of Berechiah, the son of Iddo, saying,
Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.
8 “I had a vision in the night, and behold, a man riding on a red horse, and he stood among the myrtle trees that were in a ravine; and behind him there were red, brown, and white horses.
Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.
9 Then I asked, ‘My lord, what are these?’” The angel who talked with me said to me, “I will show you what these are.”
Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.”
10 The man who stood among the myrtle trees answered, “They are the ones the LORD has sent to go back and forth through the earth.”
Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.”
11 They reported to the LORD’s angel who stood among the myrtle trees, and said, “We have walked back and forth through the earth, and behold, all the earth is at rest and in peace.”
Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, “Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi.”
12 Then the LORD’s angel replied, “O LORD of Armies, how long will you not have mercy on Jerusalem and on the cities of Judah, against which you have had indignation these seventy years?”
Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?”
13 The LORD answered the angel who talked with me with kind and comforting words.
Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ.
14 So the angel who talked with me said to me, “Proclaim, saying, ‘The LORD of Armies says: “I am jealous for Jerusalem and for Zion with a great jealousy.
Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ,
15 I am very angry with the nations that are at ease; for I was but a little displeased, but they added to the calamity.”
ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’
16 Therefore the LORD says: “I have returned to Jerusalem with mercy. My house shall be built in it,” says the LORD of Armies, “and a line shall be stretched out over Jerusalem.”’
“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
17 “Proclaim further, saying, ‘The LORD of Armies says: “My cities will again overflow with prosperity, and the LORD will again comfort Zion, and will again choose Jerusalem.”’”
“Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’”
18 I lifted up my eyes and saw, and behold, four horns.
Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume.
19 I asked the angel who talked with me, “What are these?” He answered me, “These are the horns which have scattered Judah, Israel, and Jerusalem.”
Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?” Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.”
20 The LORD showed me four craftsmen.
Yehowa gaɖe gbede ene fiam.
21 Then I asked, “What are these coming to do?” He said, “These are the horns which scattered Judah, so that no man lifted up his head; but these have come to terrify them, to cast down the horns of the nations that lifted up their horn against the land of Judah to scatter it.”
Mebia be, “Nu ka wɔ ge wogbɔna?” Eɖo eŋu nam be, “Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi.”

< Zechariah 1 >