< Psalms 119 >

1 ALEPH Blessed are those whose ways are blameless, who walk according to the LORD’s law.
Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o, ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu.
2 Blessed are those who keep his statutes, who seek him with their whole heart.
Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo.
3 Yes, they do nothing wrong. They walk in his ways.
Womewɔa vɔ̃ aɖeke o; ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi.
4 You have commanded your precepts, that we should fully obey them.
Èwɔ se siwo dzi wòle be woawɔ ɖo blibo la da ɖi.
5 Oh that my ways were steadfast to obey your statutes!
O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ.
6 Then I would not be disappointed, when I consider all of your commandments.
Ekema ŋu makpem ne mebu wò sewo katã ŋu o.
7 I will give thanks to you with uprightness of heart, when I learn your righteous judgments.
Makafu wò le dzi dzɔdzɔe me, ne mele wò se dzɔdzɔeawo srɔ̃m.
8 I will observe your statutes. Do not utterly forsake me.
Mawɔ ɖe wò sededewo dzi, eya ta mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o.
9 BETH How can a young man keep his way pure? By living according to your word.
Aleke ɖekakpui awɔ, be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi? To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.
10 With my whole heart I have sought you. Do not let me wander from your commandments.
Madi wò kple nye dzi blibo, eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o.
11 I have hidden your word in my heart, that I might not sin against you.
Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.
12 Blessed are you, LORD. Teach me your statutes.
O! Yehowa, woakafu wò ɖaa; fia wò sededewom.
13 With my lips, I have declared all the ordinances of your mouth.
Matsɔ nye nu axlẽ se siwo katã do tso wò nu me la afia.
14 I have rejoiced in the way of your testimonies, as much as in all riches.
Melé wò ɖoɖowo me ɖe asi dzidzɔtɔe, abe ale si ame kpɔa dzidzɔ ɖe kesinɔnu gbogbowo ŋu ene.
15 I will meditate on your precepts, and consider your ways.
Mede ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu, eye melé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu.
16 I will delight myself in your statutes. I will not forget your word.
Wò sededewo doa dzidzɔ nam, nyemaŋlɔ wò nya la be o.
17 GIMEL Do good to your servant. I will live and I will obey your word.
Wɔ nyui na wò dɔla, be manɔ agbe. Mawɔ wò nya la dzi.
18 Open my eyes, that I may see wondrous things out of your law.
Ʋu nye ŋkuwo be makpɔ nukunuwo le wò se la me.
19 I am a stranger on the earth. Do not hide your commandments from me.
Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o.
20 My soul is consumed with longing for your ordinances at all times.
Nu te nye luʋɔ ŋu, le wò sewo yometiti ɣe sia ɣi ta.
21 You have rebuked the proud who are cursed, who wander from your commandments.
Èka mo na dadalawo, ame siwo woƒo fi de, eye wotra tso wò sewo gbɔ.
22 Take reproach and contempt away from me, for I have kept your statutes.
Ɖe ŋukpe kple vlododo ɖa le ŋunye, elabena melé wò sewo me ɖe asi.
23 Though princes sit and slander me, your servant will meditate on your statutes.
Togbɔ be dziɖulawo nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye wole ŋunye gblẽm hã la, wò dɔla ade ŋugble le wò sededewo ŋu.
24 Indeed your statutes are my delight, and my counselors.
Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam; wonye nye aɖaŋuɖolawo.
25 DALETH My soul is laid low in the dust. Revive me according to your word!
Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me, kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu.
26 I declared my ways, and you answered me. Teach me your statutes.
Mexlẽ nye mɔwo fia, eye nèɖo tom. Fia wò sededewom.
27 Let me understand the teaching of your precepts! Then I will meditate on your wondrous works.
Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme; ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu.
28 My soul is weary with sorrow; strengthen me according to your word.
Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ; do ŋusẽm le wò nya la nu.
29 Keep me from the way of deceit. Grant me your law graciously!
Ɖem le alakpamɔwo dzi, eye nàve nunye to wò se la dzi.
30 I have chosen the way of truth. I have set your ordinances before me.
Metia nyateƒe ƒe mɔ, eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu.
31 I cling to your statutes, LORD. Do not let me be disappointed.
Meku ɖe wò sewo ŋu vevie, o Yehowa, eya ta mègana ŋu nakpem o.
32 I run in the path of your commandments, for you have set my heart free.
Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me.
33 HE Teach me, LORD, the way of your statutes. I will keep them to the end.
O, Yehowa, fia ale si madze wò sededewo yomee lam, ekema malé wo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu.
34 Give me understanding, and I will keep your law. Yes, I will obey it with my whole heart.
Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi, eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo.
35 Direct me in the path of your commandments, for I delight in them.
Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le.
36 Turn my heart toward your statutes, not toward selfish gain.
Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu, ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o.
37 Turn my eyes away from looking at worthless things. Revive me in your ways.
Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu, eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu.
38 Fulfill your promise to your servant, that you may be feared.
Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla, ale be woavɔ̃ wò.
39 Take away my disgrace that I dread, for your ordinances are good.
Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa, elabena wò sewo nyo.
40 Behold, I long for your precepts! Revive me in your righteousness.
Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ! Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe.
41 VAV Let your loving kindness also come to me, LORD, your salvation, according to your word.
O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la neva gbɔnye; nenema kee nye wò xɔname hã le wò ŋugbedodo la nu,
42 So I will have an answer for him who reproaches me, for I trust in your word.
ekema maɖo eŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye, elabena meka ɖe wò nya dzi.
43 Do not snatch the word of truth out of my mouth, for I put my hope in your ordinances.
Mègaɖe nyateƒe ƒe nya la le nye nu me o, elabena meda nye mɔkpɔkpɔ ɖe wò sewo dzi.
44 So I will obey your law continually, forever and ever.
Mawɔ ɖe wò se la dzi ɣe sia ɣi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
45 I will walk in liberty, for I have sought your precepts.
Mazɔ le ablɔɖe me, elabena medi wò ɖoɖowo yomemɔ.
46 I will also speak of your statutes before kings, and will not be disappointed.
Maƒo nu tso wò sewo ŋu le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o.
47 I will delight myself in your commandments, because I love them.
Wò sededewo doa dzidzɔ nam, elabena melɔ̃a wo.
48 I reach out my hands for your commandments, which I love. I will meditate on your statutes.
Medo nye asiwo ɖe dzi na wò sedede siwo melɔ̃ la, eye mede ŋugble le wò sededewo ŋu.
49 ZAYIN Remember your word to your servant, because you gave me hope.
Ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla la dzi, elabena ètsɔ mɔkpɔkpɔ de menye.
50 This is my comfort in my affliction, for your word has revived me.
Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me, be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe.
51 The arrogant mock me excessively, but I do not swerve from your law.
Dadalawo ɖua fewu le ŋunye faa, gake nyemetrɔ le wò se la yome o.
52 I remember your ordinances of old, LORD, and have comforted myself.
O! Yehowa, meɖo ŋku wò blemasewo dzi, elabena mekpɔa akɔfafa le wo me.
53 Indignation has taken hold on me, because of the wicked who forsake your law.
Ŋɔdzi lém le ame vɔ̃ɖiwo ta, ame siwo gbe nu le wò se la gbɔ.
54 Your statutes have been my songs in the house where I live.
Afi sia afi si medze la, wò sewo nyea nye ha ƒe tanya.
55 I have remembered your name, LORD, in the night, and I obey your law.
O! Yehowa, le zã me la, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi, eye malé wò sewo me ɖe asi.
56 This is my way, that I keep your precepts.
Esia nye tɔnye gome, elabena mewɔa wò ɖoɖowo dzi.
57 HETH The LORD is my portion. I promised to obey your words.
O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi.
58 I sought your favor with my whole heart. Be merciful to me according to your word.
Medi wò ŋkume kple nye dzi blibo, eya ta ve nunye le wò ŋugbedodo la nu.
59 I considered my ways, and turned my steps to your statutes.
Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu.
60 I will hurry, and not delay, to obey your commandments.
Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.
61 The ropes of the wicked bind me, but I will not forget your law.
Togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo blam kple ka hã la, nyemaŋlɔ wò sewo be o.
62 At midnight I will rise to give thanks to you, because of your righteous ordinances.
Mefɔ le zãtitina be mada akpe na wò ɖe wò se dzɔdzɔeawo ta.
63 I am a friend of all those who fear you, of those who observe your precepts.
Menye xɔ̃ na ame siwo katã vɔ̃a wò kple ame siwo katã dze wò sewo yome.
64 The earth is full of your loving kindness, LORD. Teach me your statutes.
O! Yehowa, anyigba dzi yɔ fũu kple wò lɔlɔ̃, eya ta fia wò sededewom.
65 TETH You have treated your servant well, according to your word, LORD.
O! Yehowa, wɔ nyui na wò dɔla le wò nya la nu.
66 Teach me good judgment and knowledge, for I believe in your commandments.
Fia nunya kple afia nyui tsotsom, elabena mexɔ wò sededewo dzi se.
67 Before I was afflicted, I went astray; but now I observe your word.
Hafi woava aka hiãm la, metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la.
68 You are good, and do good. Teach me your statutes.
Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo, eya ta fia wò sededewom.
69 The proud have smeared a lie upon me. With my whole heart, I will keep your precepts.
Togbɔ be dadalawo tsɔ alakpa sisi ɖe ŋunye keŋ hã la, melé wò sewo me ɖe asi kple nye dzi blibo.
70 Their heart is as callous as the fat, but I delight in your law.
Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o, ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu.
71 It is good for me that I have been afflicted, that I may learn your statutes.
Enyo be woka hiãm, ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo.
72 The law of your mouth is better to me than thousands of pieces of gold and silver.
Se siwo do tso wò nu me la xɔ asi nam wu sika kple klosalo akpewo.
73 YODH Your hands have made me and formed me. Give me understanding, that I may learn your commandments.
Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso; tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo.
74 Those who fear you will see me and be glad, because I have put my hope in your word.
Na ame siwo vɔ̃a wò la nakpɔ dzidzɔ ne wokpɔm, elabena metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.
75 LORD, I know that your judgments are righteous, that in faithfulness you have afflicted me.
O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe, eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm.
76 Please let your loving kindness be for my comfort, according to your word to your servant.
Na be wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la nanye nye akɔfafa, le ŋugbe si nèdo na wò dɔla la ta.
77 Let your tender mercies come to me, that I may live; for your law is my delight.
Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.
78 Let the proud be disappointed, for they have overthrown me wrongfully. I will meditate on your precepts.
Na ŋu nakpe dadala, le esi wòwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, nye nanekemawɔmawɔe; ke nye la, made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.
79 Let those who fear you turn to me. They will know your statutes.
Na ame siwo vɔ̃a wò la natrɔ ɖe ŋunye, ame siwo se wò nuɖoanyiwo gɔme.
80 Let my heart be blameless toward your decrees, that I may not be disappointed.
Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o, ale be ŋu makpem o.
81 KAPF My soul faints for your salvation. I hope in your word.
Nu ti kɔ na nye luʋɔ le wò ɖeɖedidi vevie ta, gake metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.
82 My eyes fail for your word. I say, “When will you comfort me?”
Nu te nye ŋkuwo ŋu, le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta. Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?”
83 For I have become like a wineskin in the smoke. I do not forget your statutes.
Togbɔ be mele abe waingolo le dzudzɔ me ene hã la, nyemeŋlɔ wò sededewo be o.
84 How many are the days of your servant? When will you execute judgment on those who persecute me?
Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala? Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo?
85 The proud have dug pits for me, contrary to your law.
Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam, nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu.
86 All of your commandments are faithful. They persecute me wrongfully. Help me!
Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo; kpe ɖe ŋunye, elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe.
87 They had almost wiped me from the earth, but I did not forsake your precepts.
Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe, gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.
88 Preserve my life according to your loving kindness, so I will obey the statutes of your mouth.
Le wò lɔlɔ̃ la ta, kpɔ nye agbe ta, eye maɖo to se siwo do tso wò nu me.
89 LAMEDH LORD, your word is settled in heaven forever.
O! Yehowa, wò nya la nye nya mavɔ, eli ke goŋgoŋgoŋ ɖe dziƒo.
90 Your faithfulness is to all generations. You have established the earth, and it remains.
Wò nuteƒewɔwɔ li le dzidzimewo katã; wòe ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòli ke ɖaa.
91 Your laws remain to this day, for all things serve you.
Wò sewo gali va se ɖe egbe, elabena wòe nuwo katã subɔna.
92 Unless your law had been my delight, I would have perished in my affliction.
Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me.
93 I will never forget your precepts, for with them, you have revived me.
Nyemaŋlɔ wò ɖoɖowo be o, elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi.
94 I am yours. Save me, for I have sought your precepts.
Ɖem, elabena tɔwò menye, elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ.
95 The wicked have waited for me, to destroy me. I will consider your statutes.
Ame vɔ̃ɖiwo le lalam be woatsrɔ̃m, ke nye la, madzro wò sewo me.
96 I have seen a limit to all perfection, but your commands are boundless.
Mekpɔ seɖoƒe na nu de blibo ɖe sia ɖe, gake wò sededewo ya la, seɖoƒe meli na wo o.
97 MEM How I love your law! It is my meditation all day.
O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae! Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la.
98 Your commandments make me wiser than my enemies, for your commandments are always with me.
Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã, elabena wole gbɔnye ɖaa.
99 I have more understanding than all my teachers, for your testimonies are my (meditation)
Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã, elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.
100 I understand more than the aged, because I have kept your precepts.
Gɔmesese le asinye wu dumegãwo, elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.
101 I have kept my feet from every evil way, that I might observe your word.
Meɖe nye afɔ ɖa le mɔ vɔ̃ ɖe sia ɖe dzi, ale be mawɔ ɖe wò nya la dzi.
102 I have not turned away from your ordinances, for you have taught me.
Nyemedzo le wò sewo gbɔ o, elabena wò ŋutɔe fia num.
103 How sweet are your promises to my taste, more than honey to my mouth!
Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ, eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ!
104 Through your precepts, I get understanding; therefore I hate every false way.
Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi, eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.
105 NUN Your word is a lamp to my feet, and a light for my path.
Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye mɔ.
106 I have sworn, and have confirmed it, that I will obey your righteous ordinances.
Meka atam, eye meɖo kpe edzi be, wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ.
107 I am afflicted very much. Revive me, LORD, according to your word.
Mekpe fu geɖe, eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta, le wò nya la nu.
108 Accept, I beg you, the willing offerings of my mouth. LORD, teach me your ordinances.
O! Yehowa, xɔ kafukafu si nye nu dzra ɖo ɖi la, eye nàfia wò sewom.
109 My soul is continually in my hand, yet I will not forget your law.
Togbɔ be metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome enuenu hã la, nyemaŋlɔ wò se la be o.
110 The wicked have laid a snare for me, yet I have not gone astray from your precepts.
Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam, gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o.
111 I have taken your testimonies as a heritage forever, for they are the joy of my heart.
Wò ɖoɖowo nye nye domenyinu tegbee, elabena wonye nye dzi ƒe dzidzɔ.
112 I have set my heart to perform your statutes forever, even to the end.
Nye dzi ku ɖe wò sededewo dzi wɔwɔ ŋu va se ɖe nuwuwu.
113 SAMEKH I hate double-minded men, but I love your law.
Melé fu susuevetɔwo, gake melɔ̃ wò se la.
114 You are my hiding place and my shield. I hope in your word.
Wòe nye nye sitsoƒe kple nye akpoxɔnu, metsɔ nye mɔkpɔkpɔ de wò nya la me.
115 Depart from me, you evildoers, that I may keep the commandments of my God.
Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi!
116 Uphold me according to your word, that I may live. Let me not be ashamed of my hope.
Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu, ekema manɔ agbe, eye mègana ŋu nakpem le nye mɔkpɔkpɔ me o.
117 Hold me up, and I will be safe, and will have respect for your statutes continually.
Lém ɖe te, ekema makpɔ ɖeɖe, eye ɣe sia ɣi made bubu wò sededewo ŋu.
118 You reject all those who stray from your statutes, for their deceit is in vain.
Ègbe nu le ame siwo katã tra mɔ tso wò sededewo gbɔ la gbɔ, elabena woƒe alakpadada nye nu dzodzro.
119 You put away all the wicked of the earth like dross. Therefore I love your testimonies.
Ègbe nu le ame vɔ̃ɖi siwo katã le anyigba dzi la gbɔ abe gbeɖuɖɔ ene, eya ta melɔ̃ wò nuɖoanyiwo.
120 My flesh trembles for fear of you. I am afraid of your judgments.
Nye lãme le ƒoƒom le vɔvɔ̃ na wò ta, eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta.
121 AYIN I have done what is just and righteous. Do not leave me to my oppressors.
Mewɔ nu si dzɔ kple nu si le eteƒe, eya ta mègaɖe asi le ŋunye na ame siwo tem ɖe anyi la o.
122 Ensure your servant’s well-being. Do not let the proud oppress me.
Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ, mègana dadalawo natem ɖe to o.
123 My eyes fail looking for your salvation, for your righteous word.
Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta.
124 Deal with your servant according to your loving kindness. Teach me your statutes.
Wɔ nu kple wò dɔla le wò lɔlɔ̃ ta, eye nàfia wò sededewom.
125 I am your servant. Give me understanding, that I may know your testimonies.
Wò dɔlae menye, eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme.
126 It is time to act, LORD, for they break your law.
O! Yehowa, ɣeyiɣi de na wò be nàɖe afɔ, elabena wole wò sewo tum.
127 Therefore I love your commandments more than gold, yes, more than pure gold.
Elabena melɔ̃ wò sewo wu sika kple sika nyuitɔ.
128 Therefore I consider all of your precepts to be right. I hate every false way.
Eye esi mebu wò ɖoɖowo katã be wole dzɔdzɔe ta la, metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.
129 PE Your testimonies are wonderful, therefore my soul keeps them.
Wò sewo nye nuku, eya ta meɖo to wo.
130 The entrance of your words gives light. It gives understanding to the simple.
Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.
131 I opened my mouth wide and panted, for I longed for your commandments.
Meke nu ɖe te hele gbɔgbɔm fuxefuxe, le wò sewo dim vevie.
132 Turn to me, and have mercy on me, as you always do to those who love your name.
Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene.
133 Establish my footsteps in your word. Do not let any iniquity have dominion over me.
Na maɖe afɔ le wò nya la nu, eye mègana nu vɔ̃ aɖeke naɖu dzinye o.
134 Redeem me from the oppression of man, so I will observe your precepts.
Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me, be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.
135 Make your face shine on your servant. Teach me your statutes.
Na wò mo naklẽ na wò dɔla, eye nàfia wò sededewom.
136 Streams of tears run down my eyes, because they do not observe your law.
Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o.
137 TZADHE You are righteous, LORD. Your judgments are upright.
O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye, eye wò sewo hã le dzɔdzɔe.
138 You have commanded your statutes in righteousness. They are fully trustworthy.
Nu siwo nèɖo anyi hã la le dzɔdzɔe, woaka ɖe wo dzi ɖikeke manɔmee.
139 My zeal wears me out, because my enemies ignore your words.
Dzo si metsɔ ɖe ŋuwò la na megbɔdzɔ, elabena nye futɔwo gbe nu le wò nyawo gbɔ.
140 Your promises have been thoroughly tested, and your servant loves them.
Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie, eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ.
141 I am small and despised. I do not forget your precepts.
Togbɔ be wodo vlom, eye nyemele ɖeke me o hã la, nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.
142 Your righteousness is an everlasting righteousness. Your law is truth.
Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wò se la hã nye nyateƒe.
143 Trouble and anguish have taken hold of me. Your commandments are my delight.
Fukpekpe kple xaxa va dzinye, gake wò sededewo doa dzidzɔ nam.
144 Your testimonies are righteous forever. Give me understanding, that I may live.
Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa, eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe.
145 QOPH I have called with my whole heart. Answer me, LORD! I will keep your statutes.
O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo, eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi.
146 I have called to you. Save me! I will obey your statutes.
Wòe meyɔ, xɔ nam, eye malé wò ɖoɖoawo me ɖe asi.
147 I rise before dawn and cry for help. I put my hope in your words.
Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam, ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.
148 My eyes stay open through the night watches, that I might meditate on your word.
Nye ŋkuwo le te le zã blibo la katã me, be made ŋugble le wò ŋugbedodowo ŋu.
149 Hear my voice according to your loving kindness. Revive me, LORD, according to your ordinances.
Se nye gbe, le wò lɔlɔ̃ la ta, O! Yehowa, ɖe nye agbe, le wò sewo ƒe ɖoɖo nu.
150 They draw near who follow after wickedness. They are far from your law.
Ame siwo le nu vɔ̃ɖiwo ɖom la gogo, gake wodidi tso wò se la gbɔ.
151 You are near, LORD. All your commandments are truth.
O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe! Wò sededewo katã hã nye nyateƒe.
152 Of old I have known from your testimonies, that you have founded them forever.
Mesrɔ̃ nu tso wò se la me gbe aɖe gbe ke, be èɖo wo gɔme anyi be woanɔ anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
153 RESH Consider my affliction, and deliver me, for I do not forget your law.
Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.
154 Plead my cause, and redeem me! Revive me according to your promise.
Ʋli tanye, eye nàɖem, kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu.
155 Salvation is far from the wicked, for they do not seek your statutes.
Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o.
156 Great are your tender mercies, LORD. Revive me according to your ordinances.
O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu.
157 Many are my persecutors and my adversaries. I have not swerved from your testimonies.
Futɔ siwo ti yonyeme la sɔ gbɔ ŋutɔ, gake nyemetrɔ le wò ɖoɖowo yome o.
158 I look at the faithless with loathing, because they do not observe your word.
Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo, elabena womewɔa wò nya la dzi o.
159 Consider how I love your precepts. Revive me, LORD, according to your loving kindness.
Kpɔ ale si melɔ̃ wò sewoe ɖa; eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta le wò lɔlɔ̃ la ta.
160 All of your words are truth. Every one of your righteous ordinances endures forever.
Wò nyawo katã nye nyateƒe, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo.
161 SIN AND SHIN Princes have persecuted me without a cause, but my heart stands in awe of your words.
Dziɖulawo tia nye agbe yome susumanɔŋutɔe, gake nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta.
162 I rejoice at your word, as one who finds great plunder.
Mekpɔ dzidzɔ le wò ŋugbedodo la me abe ame si ke ɖe afunyinu gbogbo aɖe ŋu ene.
163 I hate and abhor falsehood. I love your law.
Metsri, eye menyɔ ŋu alakpa, ke melɔ̃ wò se la.
164 Seven times a day, I praise you, because of your righteous ordinances.
Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò se dzɔdzɔeawo ta.
165 Those who love your law have great peace. Nothing causes them to stumble.
Ame siwo lɔ̃a wò se la, kpɔa ŋutifafa gã aɖe, eye naneke mawɔ wo woakli nu o.
166 I have hoped for your salvation, LORD. I have done your commandments.
O! Yehowa, mele wò xɔxɔ lalam, eye manɔ wò sededewo yome.
167 My soul has observed your testimonies. I love them exceedingly.
Mawɔ ɖe wò nuɖoanyiwo dzi, elabena melɔ̃ wo ŋutɔ.
168 I have obeyed your precepts and your testimonies, for all my ways are before you.
Mawɔ ɖe wò sewo kple ɖoɖowo dzi, elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò.
169 TAV Let my cry come before you, LORD. Give me understanding according to your word.
O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò, tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu.
170 Let my supplication come before you. Deliver me according to your word.
Nye gbedodoɖawo nede gbɔwò; ɖem le wò ŋugbedodo la ta.
171 Let my lips utter praise, for you teach me your statutes.
Nye nuyiwo negbã go kple kafukafu, elabena èfia wò sededewom.
172 Let my tongue sing of your word, for all your commandments are righteousness.
Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu, elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe.
173 Let your hand be ready to help me, for I have chosen your precepts.
Wò asi nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye, elabena metia wò sewo.
174 I have longed for your salvation, LORD. Your law is my delight.
O! Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie ŋutɔ, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.
175 Let my soul live, that I may praise you. Let your ordinances help me.
Na manɔ agbe, ne makafu wò, eye na wò sewo nalém ɖe te.
176 I have gone astray like a lost sheep. Seek your servant, for I do not forget your commandments.
Metra mɔ abe alẽ bubu ene. Di wò dɔla la, elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.

< Psalms 119 >