< Numbers 13 >

1 The LORD spoke to Moses, saying,
Yehowa gblɔ na Mose azɔ be,
2 “Send men, that they may spy out the land of Canaan, which I give to the children of Israel. Of every tribe of their fathers, you shall send a man, every one a prince among them.”
“Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”
3 Moses sent them from the wilderness of Paran according to the commandment of the LORD. All of them were men who were heads of the children of Israel.
Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:
4 These were their names: Of the tribe of Reuben, Shammua the son of Zaccur.
Woƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me;
5 Of the tribe of Simeon, Shaphat the son of Hori.
Safat, Hori ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me;
6 Of the tribe of Judah, Caleb the son of Jephunneh.
Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me;
7 Of the tribe of Issachar, Igal the son of Joseph.
Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me;
8 Of the tribe of Ephraim, Hoshea the son of Nun.
Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me;
9 Of the tribe of Benjamin, Palti the son of Raphu.
Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me;
10 Of the tribe of Zebulun, Gaddiel the son of Sodi.
Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me;
11 Of the tribe of Joseph, of the tribe of Manasseh, Gaddi the son of Susi.
Gadi, Susi ƒe viŋutsu, tso (Yosef ƒomea me) le Manase ƒe to la me.
12 Of the tribe of Dan, Ammiel the son of Gemalli.
Amiel, Gemali ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me;
13 Of the tribe of Asher, Sethur the son of Michael.
Setur, Mikael ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me;
14 Of the tribe of Naphtali, Nahbi the son of Vophsi.
Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me;
15 Of the tribe of Gad, Geuel the son of Machi.
kple Geuel, Maki ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me.
16 These are the names of the men who Moses sent to spy out the land. Moses called Hoshea the son of Nun Joshua.
Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”
17 Moses sent them to spy out the land of Canaan, and said to them, “Go up this way by the South, and go up into the hill country.
Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi,
18 See the land, what it is; and the people who dwell therein, whether they are strong or weak, whether they are few or many;
ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o.
19 and what the land is that they dwell in, whether it is good or bad; and what cities they are that they dwell in, whether in camps, or in strongholds;
Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu,
20 and what the land is, whether it is fertile or poor, whether there is wood therein, or not. Be courageous, and bring some of the fruit of the land.” Now the time was the time of the first-ripe grapes.
ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.)
21 So they went up, and spied out the land from the wilderness of Zin to Rehob, to the entrance of Hamath.
Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ.
22 They went up by the South, and came to Hebron; and Ahiman, Sheshai, and Talmai, the children of Anak, were there. (Now Hebron was built seven years before Zoan in Egypt.)
Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)
23 They came to the valley of Eshcol, and cut down from there a branch with one cluster of grapes, and they bore it on a staff between two. They also brought some of the pomegranates and figs.
Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi.
24 That place was called the valley of Eshcol, because of the cluster which the children of Israel cut down from there.
Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta!
25 They returned from spying out the land at the end of forty days.
Le ŋkeke blaene megbe la, wotrɔ gbɔ.
26 They went and came to Moses, to Aaron, and to all the congregation of the children of Israel, to the wilderness of Paran, to Kadesh; and brought back word to them and to all the congregation. They showed them the fruit of the land.
Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo.
27 They told him, and said, “We came to the land where you sent us. Surely it flows with milk and honey, and this is its fruit.
Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia.
28 However, the people who dwell in the land are strong, and the cities are fortified and very large. Moreover, we saw the children of Anak there.
Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma!
29 Amalek dwells in the land of the South. The Hittite, the Jebusite, and the Amorite dwell in the hill country. The Canaanite dwells by the sea, and along the side of the Jordan.”
Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.”
30 Caleb stilled the people before Moses, and said, “Let’s go up at once, and possess it; for we are well able to overcome it!”
Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.”
31 But the men who went up with him said, “We are not able to go up against the people; for they are stronger than we.”
Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.”
32 They brought up an evil report of the land which they had spied out to the children of Israel, saying, “The land, through which we have gone to spy it out, is a land that eats up its inhabitants; and all the people who we saw in it are men of great stature.
Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo.
33 There we saw the Nephilim, the sons of Anak, who come from the Nephilim. We were in our own sight as grasshoppers, and so we were in their sight.”
Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”

< Numbers 13 >